INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • bh axa 3-7
  • Aleae Mawu Ðoe Be Nuwo Nanɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleae Mawu Ðoe Be Nuwo Nanɔa?
  • Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Tanya Suewo
  • NUSI BIBLIA FIA ENYE BE MAWU AHE TƆTRƆ SIAWO AVA ANYIGBA DZI.
  • NA NUFIAFIA SIWO LE BIBLIA ME NAÐE VI NA WÒ
Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
bh axa 3-7

Aleae Mawu Ðoe Be Nuwo Nanɔa?

TSƆ nyadzɔdzɔgbalẽ ɖesiaɖe nàxlẽ kpɔ. Ʋu television, alo ʋu radio. Nusiwo nàkpɔ alo nya siwo nàse la ƒe akpa gãtɔ koe nye hlɔ̃dodo, aʋawɔwɔ, kple ŋɔdzinuwɔwɔ! Azɔ trɔ susu ɖe wò ŋutɔ wò kuxiwo ŋu kpɔ. Ðewohĩ dɔléle alo wò ame vevi aɖe ƒe ku na nèle nu xam. Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me abe alesi ame dzɔdzɔe Hiob see ene, amesi gblɔ be ‘yele hiã teƒe kpɔm ŋutɔ.’—Hiob 10:15.

Bia ɖokuiwò be:

  • Aleae Mawu ɖoe be nuwo nanɔ na mí ameƒomea katã?

  • Afikae makpɔ kpekpeɖeŋu le anɔ te ɖe nye kuxiawo nu?

  • Ðe mɔkpɔkpɔ li be míava nɔ ŋutifafa me le anyigba sia dzi gbaɖegbea?

Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le Biblia me.

NUSI BIBLIA FIA ENYE BE MAWU AHE TƆTRƆ SIAWO AVA ANYIGBA DZI.

  • “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4

  • “Xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene.”—Yesaya 35:6

  • “Ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu.”—Yesaya 35:5

  • “Amesiwo katã le yɔdowo me la, . . . woado go.”—Yohanes 5:28, 29

  • “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24

  • “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16

Anyigba la trɔ abe ale si Mawu do ŋugbe ene: Ame tsitsi zu ɖekakpui, woda gbe le wɔametɔ, ŋkuagbãtɔ kple dɔnɔ aɖe ŋu, wogbɔ agbe kukuawo, nuɖuɖu bɔ

NA NUFIAFIA SIWO LE BIBLIA ME NAÐE VI NA WÒ

Mègatsɔe be nusiwo dze le axa siwo do ŋgɔ me la nye mɔkpɔkpɔ gbɔlo aɖe kura o. Mawue do ŋugbe be yeawɔ nusiawo eye Biblia la ɖe alesi wòana wòava emee la me.

Ŋutsu aɖe le Biblia srɔ̃m kple ame aɖe le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me

Gake menye nya mawo koe le Biblia me o. Biblia la gafia nusi tututu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ agbe si me dzidzeme le fifia kura gɔ̃ hã. Wò ya bu kuxi kple dzimaɖitsitsi siwo me tom nèle ŋu kpɔ. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewoe nye ganyawo, ƒomekuxiwo, dɔléle, alo wò ame vevi aɖe ƒe ku. Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe kuxi siwo me tom nèle egbea nu, eye ate ŋu ana nàkpɔ gbɔdzɔe to biabiawo abe esiwo le afisia ene la ƒe ŋuɖoɖo kpɔkpɔ me:

  • Nukata míekpea fu?

  • Aleke míawɔ anɔ te ɖe agbemedzimaɖitsitsiwo nu?

  • Aleke míawɔ ana dzidzɔ geɖe wu nanɔ míaƒe ƒomea me?

  • Nɔnɔme ka mee amesiwo ku la le?

  • Ðe míagate ŋu akpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la akea?

  • Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Mawu ana eƒe ŋugbedodowo nava eme?

Agbalẽ sia si xlẽm nèle fia be èdi be yeanya nusi tututu Biblia la fia tso nya siawo ŋu. Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nànya nyateƒea. De dzesii be memama siwo le axa ɖesiaɖe la ƒe biabiawo dze le axaa gɔme. Edzɔa dzi na ame miliɔn geɖe siwo dzroa Biblia me kple Yehowa Ðasefowo be yewoawɔe to nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe mɔnu sia dzi. Míeka ɖe edzi be adzɔ dzi na wò hã. Neva eme be Mawu nayra wò geɖe esime nusi tututu Biblia fia la nyanya azɔ na nèle dzidzɔ kple dzidzeme geɖe kpɔm!

NYA WÒ BIBLIA LA NYUIE

AGBALẼ kple lɛta siwo katã le 66 ye ƒo ƒu wɔ Biblia la. Woma esiawo ɖe tawo kple kpukpuiwo me be nyawo didi nanɔ bɔbɔe. Ne woyɔ mawunyakpukpuiwo le agbalẽ sia me la, xexlẽdzesi gbãtɔ si kplɔ ŋkɔa ɖo la fia Biblia ƒe agbalẽ ma ƒe ta, eye esi gakpe ɖe eŋu enye kpukpuia. Le kpɔɖeŋu me, ŋɔŋlɔ si nye “Timoteo II, 3:16” fia Timoteo ƒe agbalẽ evelia, ta 3, kpukpui 16.

Ne èxlẽa mawunyakpukpui siwo woyɔ le agbalẽ sia me la, eteƒe madidi o ànya Biblia la nyuie. Azɔ hã, anyo ŋutɔ ne èwɔ ɖoɖo xlẽ Biblia la gbesiagbe. Ne èxlẽa ta etɔ̃ vaseɖe atɔ̃ gbesiagbe la, àwu Biblia bliboa xexlẽ nu le ƒe ɖeka me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe