INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • bh axa 219-axa 220
  • Nukae Nye ‘Babilon Gã La’?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Nye ‘Babilon Gã La’?
  • Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Nye Babilon Gã La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Konyifafa Kple Aseyetsotso le Babilon ƒe Nuwuwu Ŋuti
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Wowɔ Dugã la Aƒedoe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Alakpasubɔsubɔ—Wokpɔ Eƒe Nuwuwu Ðedzesi la Do Ŋgɔ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
bh axa 219-axa 220

MEGBENYAWO

Nukae Nye ‘Babilon Gã La’?

NYAGBƆGBLƆ aɖewo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me siwo gɔme mele be míase abe alesi tututu wogblɔ woe ene o. (Nyaɖeɖefia 1:1) Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tso nyɔnu aɖe ŋu be woŋlɔ ŋkɔ “Babilon gã” ɖe eƒe ŋgonu. Wogblɔ be nyɔnu sia nɔ anyi ɖe “amehawo kple xexemedukɔwo” dzi. (Nyaɖeɖefia 17:1, 5, 15) Esi wònye nyɔnu ŋutɔŋutɔ aɖeke mate ŋu awɔ nusia o ta la, ke kpɔɖeŋunyɔnue Babilon Gã la nye. Ke nukae kpɔɖeŋugbolo sia tsi tre ɖi na?

Le Nyaɖeɖefia 17:18 la, woƒo nu tso kpɔɖeŋunyɔnu sia ke ŋu be enye “du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.” Nya “du” fia amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si ŋu ɖoɖo le. Esi wònye “du gã” sia kpɔ ŋusẽ ɖe “anyigba dzi fiawo” dzi ta la, ke nyɔnu si woyɔ be Babilon Gã la anye habɔbɔ aɖe si kpɔ ŋusẽ le xexeame katã. Woate ŋu ayɔe be xexemefiaɖuƒe. Fiaɖuƒe ka ƒomevie? Subɔsubɔha ƒe fiaɖuƒee. De dzesi alesi Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe teƒe aɖewo siwo ku ɖe nya sia ŋu na míeƒo nya ta alea.

Fiaɖuƒe ate ŋu anye dunyahehe, asitsatsa, alo subɔsubɔha me fiaɖuƒe. Menye dunyahefiaɖuƒee nyɔnu si woyɔ be Babilon Gã la nye o, elabena Mawu ƒe Nya la gblɔ be “anyigba dzi fiawo,” alo xexe sia me dunyahenuɖoanyiwo, “wɔ ahasi” kplii. Ahasi si wòwɔe nye nubabla siwo wòwɔ kple xexe sia me dziɖulawo eye esia na míese nusitae woyɔe be “gbolo gã” la gɔme.—Nyaɖeɖefia 17:1, 2; Yakobo 4:4.

Babilon Gã la mate ŋu anye asitsatsa ƒe fiaɖuƒe o elabena “anyigba dzi sitsalawo,” siwo nye asitsanuɖoanyiwo, afa nɛ le etsrɔ̃ɣi. Le nyateƒe me la, wogblɔ tso fiawo kple asitsalawo ŋu be wole Babilon Gã kpɔm tso “adzɔge ke.” (Nyaɖeɖefia 18:3, 9, 10, 15-17) Eyata susu le eme be míaƒo nya ta be menye dunyahehe alo asitsatsa ƒe fiaɖuƒee Babilon Gã la nye o, ke boŋ subɔsubɔha ƒe fiaɖuƒee.

Nya si wogblɔ tso Babilon Gã la ŋu be eto “afakaka” nuwɔnawo dzi ble dukɔwo katã la na míegaka ɖe edzi be subɔsubɔha me nuɖoanyi aɖee wònye. (Nyaɖeɖefia 18:23) Esi wònye gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔe gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖesiaɖe tso eye wònye subɔsubɔnuwɔna ta la, mewɔ nuku o be Biblia yɔ Babilon Gã be “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔƒe.” (Nyaɖeɖefia 18:2; Mose V, 18:10-12) Woƒo nu tso fiaɖuƒe sia ŋu hã be etsi tre ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu vevie, eye be etia “nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo” yome. (Nyaɖeɖefia 18:24) Le nyateƒe me la, Babilon Gã la lé fu subɔsubɔha vavãtɔ ale gbegbe be etia “Yesu ƒe ɖaseɖilawo” yome vevie hewua wo kura gɔ̃ hã. (Nyaɖeɖefia 17:6) Eyata nyɔnu sia si woyɔ be Babilon Gã la tsi tre ɖi na alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe, si me subɔsubɔha siwo katã tsia tre ɖe Yehowa Mawu ŋu la le.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe