NUMETOTOBIABIAWO HENA AME SIWO DI BE YEWOAXƆ NYƆNYRƆ
Akpa 1: Kristotɔwo Ƒe Dzixɔsewo
Èva nya nyateƒea le esi Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kpli wò ta. Ðikeke mele eme o be, nu siwo nèsrɔ̃ la na mia kple Mawu dome va le nyuie eye mɔkpɔkpɔ su asiwò be yeava nɔ agbe tegbee le etsɔme ahakpɔ yayra geɖe le paradiso me le anyigba dzi le Mawu Fiaɖuƒea te. Èva xɔ Mawu ƒe Nyaa dzi se geɖe wu, eye yayra geɖe su asiwò xoxo le esi nèle ha dem kple Kristo hamea ta. Eye èva nya ale si Yehowa le eƒe amewo kplɔm egbea.—Zak. 8:23.
Azɔ esi nèle dzadzram ɖo be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, hamemetsitsiwo adzro Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo ŋuti gɔmedzenufiafiawo me kpli wò. (Heb. 6:1-3) Neva eme be Yehowa nayi edzi anɔ yayram ɖe agbagba siwo dzem nèle be yeanya eyama la dzi, eye neva eme be wòana teƒeɖoɖo si ŋugbe wòdo la wò.—Yoh. 17:3.
1. Nu ka tae nèdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ?
2. Ame kae nye Yehowa?
• “Yehowae nye Mawu vavã le dziƒo afi mɛ kple anyigba dzi afii. Ðeke megali o.”—5 Mose 4:39.
• “Wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.”—Ps. 83:18.
3. Nu ka tae wòle vevie be nànɔ Mawu ƒe ŋkɔ la zãm?
• “Eya ta miawo mido gbe ɖa ale: ‘Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.’”—Mat. 6:9.
• “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.”—Rom. 10:13.
4. Dzesideŋkɔ kple ŋkɔnya siwo wozã le Biblia me tsɔ ɖɔ Yehowa la dometɔ aɖewo ɖe?
• “Yehowa, [Wɔla] si wɔ anyigba ƒe mlɔenuwo la, Mawu mavɔtɔ wònye.”—Yes. 40:28.
• “Mía Fofo si le dziƒowo.”—Mat. 6:9.
• “Mawu nye lɔlɔ̃.”—1 Yoh. 4:8.
5. Nu kae nàte ŋu ana Yehowa Mawu?
• “[Ele be] nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.”—Marko 12:30.
• “Yehowa wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.”—Luka 4:8.
6. Nu ka tae nèdi be yeawɔ nuteƒe na Yehowa?
• “Vinye, dze nunya, be nàdo dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na ame si le alɔme ɖem le ŋunye.”—Lod. 27:11.
7. Ame kae nèdoa gbe ɖa na, eye ame ka ƒe ŋkɔ mee nèdoa gbe ɖa le?
• Yesu gblɔ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ne miebia nane Fofo la la, ana mi le nye ŋkɔ me.”—Yoh. 16:23.
8. Nu kawoe nye nu siwo ŋu nàte ŋu ado gbe ɖa le la dometɔ aɖewo?
• “Eya ta miawo mido gbe ɖa ale: ‘Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene. Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí; tsɔ míaƒe fewo ke mí, abe ale si míawo hã míetsɔe ke ame siwo nyi fe le mía ŋu ene. Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.’”—Mat. 6:9-13.
• “Kakaɖedzi sia le mía si le eya amea me be, nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”—1 Yoh. 5:14.
9. Nu kawoe ate ŋu awɔe be Yehowa maɖo to ame aɖe ƒe gbedodoɖa o?
• “Woayɔ Yehowa be wòaxɔ na yewo, gake matɔ na wo o . . . le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta.”—Mika 3:4.
• “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kokoƒoƒo ŋu, ke Yehowa tɔa ŋku nu vɔ̃ɖi wɔlawo.”—1 Pet. 3:12.
10. Ame kae nye Yesu Kristo?
• “Simon Petro ɖo eŋu be: ‘Wòe nye Kristo la, Mawu gbagbe la ƒe Vi.’”—Mat. 16:16.
11. Nu ka tae Yesu va anyigba dzi ɖo?
• “Amegbetɔvi la meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ eye yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.”—Mat. 20:28.
• Yesu gblɔ be: “Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.”—Luka 4:43.
12. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe vɔsaa ŋu?
• “[Eku] ɖe wo katã ta, ale be ame siwo le agbe la naganɔ agbe na wo ɖokuiwo azɔ o, ke woanɔ agbe na ame si ku ɖe wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre la boŋ.”—2 Kor. 5:15.
13. Ŋusẽ kae Mawu na Yesu?
• “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi nam.”—Mat. 28:18.
• “Mawu doe ɖe dzi wòle ɖoƒe si kɔ wu, eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubuwo katã ta la nɛ.”—Flp. 2:9.
14. Ðe nèxɔe se be Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha lae nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si Yesu ɖo la?
• “Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela si eƒe aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?”—Mat. 24:45.
15. Ame ye gbɔgbɔ kɔkɔe la nyea?
• “Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be: ‘Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò. Eya ta woayɔ vi si dzi ge nàla la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.’”—Luka 1:35.
• “Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nu nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?”—Luka 11:13.
16. Mɔ kawo nue Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le?
• “Yehowa ƒe numenya nue wòwɔ dziƒowo, eye eƒe numegbɔgbɔ la nue wòwɔ wo ŋu nuwo katã.”—Ps. 33:6.
• “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔw. 1:8.
• “Ŋɔŋlɔ la me nyagblɔɖi aɖeke metso ame ŋutɔ ƒe susu me o. Elabena nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.”—2 Pet. 1:20, 21.
17. Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la?
• “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Eye fiaɖuƒe sia mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã gudugudu, eye wòahe wo va nuwuwui, ke eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.”—Dan. 2:44.
18. Aleke Mawu Fiaɖuƒea ƒe vava aɖe vi na wòe?
• “Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖ. 21:4.
19. Aleke nèwɔ nya be Fiaɖuƒea ƒe yayrawo ava kpuie?
• “Nusrɔ̃lawo ɖeɖe va egbɔ hebiae be: ‘Gblɔe na mí, ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?’ Yesu ɖo eŋu na wo be: ‘. . . Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave le teƒeteƒewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo. Eye woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.’”—Mat. 24:3, 4, 7, 14.
• “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu, ame siwo ŋu ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme dzena le, gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi o.”—2 Tim. 3:1-5.
20. Aleke nèɖenɛ fiana be Fiaɖuƒea le vevie na wò?
• “Eya ta, miyi edzi mianɔ Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã.”—Mat. 6:33.
• “Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la, eye wòadze yonyeme ɖaa.’”—Mat. 16:24.
21. Ame kawoe nye Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo?
• “Miawo la mietso mia fofo si nye Abosam me . . . Eya la amewulae wònye tso eƒe aglãdzeɣi ke.”—Yoh. 8:44.
• “Wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, ame si le anyigbadzinɔlawo katã blem la, ƒu gbe; wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu.”—Nyaɖ. 12:9.
22. Nya kae Satana tsɔ ɖe Yehowa kple ame siwo subɔa Yehowa la ŋu?
• “Nyɔnu la ɖo eŋu na da la be: ‘Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa. Ke Mawu gblɔ le ati si le abɔa titina la ƒe tsetse ya ŋu be: “Migaɖu eƒe ɖeke o, ao, migaka asi eŋu o; be miagaku o.”’ Ke da la gblɔ na nyɔnu la be: ‘Miele kuku ge akpɔ o. Elabena Mawu nyae be gbe si gbe miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.’”—1 Mose 3:2-5.
• “Satana ɖo eŋu na Yehowa be: ‘Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽ teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nu sia nu si le esi la ana ɖe eƒe agbe ta.’”—Hiob 2:4.
23. Aleke nàte ŋu aɖo kpe edzi be aʋatsoe Satana ƒe nutsotsoawo nye?
• “[Subɔ Mawu] kple dzi blibo.”—1 Kron. 28:9.
• “Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu va se ɖe esime maku o!”—Hiob 27:5.
24. Nu ka tae amegbetɔwo kuna?
• “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.”—Rom. 5:12.
25. Nɔnɔme ka mee ame siwo ku la le?
• “Agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo meganya naneke kura o.”—Nyagb. 9:5.
26. Mɔkpɔkpɔ kae li na ame siwo ku?
• “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔw. 24:15.
27. Ame nenie ayi dziƒo aɖaɖu fia kple Yesu?
• “Mekpɔ Alẽvi la le tsitre ɖe Zion To la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.”—Nyaɖ. 14:1.