Megbenyawo
Gbedeasi Aɖe Na Dzila Kristotɔwo:
Dzilawo, miaƒe didie wònye be miakpe ɖe mia vi lɔlɔ̃awo ŋu be woava lɔ̃ Yehowa ahatsɔ wo ɖokuiwo aɖe adzɔgbe nɛ. Nu kae miate ŋu awɔ be miakpe ɖe wo ŋu woasu te na nyɔnyrɔxɔxɔ? Ɣekaɣie woanɔ klalo be woaɖe afɔ vevi sia?
Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.” (Mat. 28:19) Nya sia fia be nudidi vevitɔ si gbɔ wòle be ame naɖo hafi axɔ nyɔnyrɔe nye be wòanye nusrɔ̃la—si fia be, menye ɖeko amea se Kristo ƒe nufiafiawo gɔme hexɔ wo dzi se ko evɔ o, ke ewɔna ɖe wo dzi pɛpɛpɛ hã. Ðeviwo ke hã ate ŋu awɔ esia.
Miɖo kpɔɖeŋu na mia viwo, miyi edzi mianɔ Yehowa ƒe nya la kum ɖe to me na wo. (5 Mose 6:6-9) Esia bia be miazã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa atsɔ afia Biblia me nyateƒe veviwo woamawo eye miakpe ɖe wo ŋu be woanya ale si woawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le woƒe agbenɔnɔ me. Mikpe ɖe mia viwo ŋu be woaʋu woƒe dzixɔsewo me le woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo me. (1 Pet. 3:15) Sidzedze kple dzideƒonya siwo woakpɔ tso mia gbɔ, esiwo woakpɔ le woƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ me, le ƒometadedeagu me, le hamea ƒe kpekpewo dede kple hadede tuameɖowo me la akpe ɖe wo ŋu woawɔ ŋgɔyiyi axɔ nyɔnyrɔ, eye aɖe vi na wo le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã. Mina woƒe susu nanɔ gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu.
Lododowo 20:11 gblɔ be: “Ðevi sue gɔ̃ hã ƒe nuwɔnawoe wotsɔna dzea sii be eƒe agbenɔnɔ dza eye wòsɔ.” Nuwɔna siwo aɖee afia le ɖevi aɖe ŋu, eɖanye ŋutsuvi alo nyɔnuvi o, be ezu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la eye wòsu te na nyɔnyrɔxɔxɔ la dometɔ aɖewoe nye kawo?
Ele be wòaɖe dzesi le ɖevi si le ŋgɔyiyi wɔm ɖo ta nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ la ŋu be eɖoa to edzilawo. (Dɔw. 5:29; Kol. 3:20) Esime Yesu xɔ ƒe 12 la, Biblia gblɔ tso eŋu be: ‘Eyi edzi bɔbɔ eɖokui na edzilawo.’ (Luka 2:51) Enye nyateƒe be mia via mede blibo o. Ke hã, ɖevi si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la adze agbagba asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu eye anye ame si wonya be ebɔbɔa eɖokui na edzilawo.
Aɖe dzesi le ɖevia ŋu hã be edina be yeasrɔ̃ Biblia me nyateƒea. (Luka 2:46) Ðe viwòa dina be yeade kpekpeawo ahakpɔ gome le wo mea? (Ps. 122:1) Ðe Biblia xexlẽ edziedzi kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ dzronɛ veviea?—Mat. 4:4.
Ðevi si le ŋgɔ yim be yeaxɔ nyɔnyrɔ la dzea agbagba tsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ. (Mat. 6:33) Enyae be agba le ye dzi be yeaƒo nu tso yeƒe dzixɔsewo ŋu na ame bubuwo. Ekpɔa gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovowo me eye mekpea ŋu nɛ be yeana yeƒe nufialawo kple sukuhatiwo nanya be Yehowa Ðasefoe yenye o. Dɔ siwo wodea asi nɛ le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea me la nɔa vevie nɛ.
Adze agbagba hã be yeanɔ agbe dzadzɛ ahaƒo asa na hadede vɔ̃wo. (Lod. 13:20; 1 Kor. 15:33) Esia aɖe dzesi le tiatia siwo wòwɔna le haƒoƒo, filmwo, televisiondziwɔnawo, videofefewo kple ale si wòzãa Internet la me.
Esi dzilawo ku kutri vevie le hehenana wo viwo me la, ɖevi geɖe lɔ̃ faa xɔ woƒe amehehea, wowɔ nyateƒea wo tɔe, eye wodze na nyɔnyrɔxɔxɔ le woƒe ɖevime. Yehowa neyra wò esime nèle kpekpem ɖe viwòwo ŋu be woaɖo taɖodzinu vevi sia si ana ƒomedodo nyui nanɔ woa kple Yehowa dome la gbɔ.
Gbedeasi Aɖe Na Gbeƒãɖela Maxɔnyɔnyrɔ:
Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee wònye be nànye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ asubɔ kple hamea. Míekafu wò ɖe wò gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ta. Èto Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ me va dze si Mawu eye nèxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se.—Yoh. 17:3; Heb. 11:6.
Ðewohĩ hafi Yehowa Ðasefowo nava nɔ Biblia srɔ̃m kpli wò la, ède ha kple subɔsubɔha bubu aɖe kpɔ alo mènɔ subɔsubɔha aɖeke me o. Ðewohĩ ènɔ nu bubu siwo mesɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu o la wɔm tsã. Gake fifia, èɖee fia be yexɔ Mawu dzi se esi nètrɔ dzi me, si fia be, èxa nu vevie ɖe nu gbegblẽ siwo nèwɔ va yi la ta, eye nètrɔ wò gbenɔnɔ, si fia be, èdzudzɔ agbe si mesɔ o nɔnɔ eye nèɖoe kplikpaa be yeawɔ nu si le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume.—Dɔw. 3:19.
Alo ate ŋu anye be “tso ɖevime kee” nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo. Esia kpɔ tawò be mènɔ agbe si medze Kristotɔ o la o, eye mèwɔ nu gbegblẽ siwo nye ŋkubiãnya o. (2 Tim. 3:15) Èsrɔ̃ ale si nàtsi tsitre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kple nu bubu siwo ate wò kpɔ be nàwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume la ŋu. Esi nètiae be yeanɔ subɔsubɔ vavãtɔa ƒe akpa dzi eye nèƒoa nu tso wò dzixɔsewo ŋu na amewo ta la, esia ɖee fia be xɔse le asiwò. Wona hehe wò le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Eye fifia, ètso nya me le ɖokuiwò si be yeazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ awɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa.
Eɖanye ɖe wofia Yehowa ƒe mɔwo wò tso ɖevime alo ètsi hafi va nya Yehowa o, anɔ eme be esi nèle ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me la, èle afɔɖeɖe eve bubu siwo nye adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu bum fifia. Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa la, efia be èdo gbe ɖa nɛ hegblɔ nɛ be yetso nya me be eya ɖeɖe ko yeasubɔ tegbee. (Mat. 16:24) Emegbe woanyrɔ wò ɖe tsi me wòanye wò adzɔgbeɖeɖea ƒe kpeɖodzi. (Mat. 28:19, 20) Ne èɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ la, ekema èzu subɔla si Yehowa Mawu ɖo. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi!
Gake abe ale si nèkpɔe le wò Biblia sɔsrɔ̃ me ene la, àdo go tsitretsiɖeŋu vovovowo. Ðo ŋku edzi be le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe kpuie la, ‘gbɔgbɔ la kplɔe yi gbedadaƒo be Abosam natee kpɔ.’ (Mat. 4:1) Ne èxɔ nyɔnyrɔ zu Kristo ƒe nusrɔ̃la vɔ megbe la, dodokpɔ bubuwo ate ŋu ava dziwò. (Yoh. 15:20) Woava le nɔnɔme vovovowo me. Ƒometɔwo ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò. (Mat. 10:36) Wò sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo kple ame siwo nèdea ha kplii tsã la ate ŋu aɖu fewu le ŋuwò. Eya ta, na Yesu ƒe nya siwo dze le Marko 10:29, 30 nanɔ susu me na wò ɣesiaɣi. Egblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be, ame sia ame si gblẽ aƒe alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo dada alo fofo alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nya nyuia ta la, akpɔ aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, dadawo, viwo kple agblewo teƒe alafa ɖeka fifia le ɣeyiɣi sia me hekpe ɖe yometitiwo ŋu, eye le nuɖoanyi si gbɔna me la, akpɔ agbe mavɔ.” Eya ta yi edzi nàku kutri vevie be nànɔ Yehowa ŋu kplikplikpli eye nànɔ agbe ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu.
Ne èdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, na hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla nanya. Hamemetsitsiwo adzro biabia siwo kplɔ gbedeasi sia ɖo la me kpli wò ahakpɔe ɖa be èdze na nyɔnyrɔxɔxɔ hã. Àte ŋu adze egɔme anɔ biabia siawo me dzrom le ɖokuiwò si le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ me.
Ne èle dzadzram ɖo ɖe numedzodzro siawo ŋu la, gbɔ dzi ɖi nàxlẽ mawunyakpukpui siwo me nyawo woŋlɔ ɖi la nyuie ahade ŋugble le wo ŋu. Ðewohĩ àdi be yeade dzesi nya aɖewo ɖe agbalẽ sia me alo ɖe teƒe bubu. Àte ŋu azã nuŋlɔɖi mawo eye nàke agbalẽ sia hã anɔ eme kpɔm esime hamemetsitsiwo le biabiawo me dzrom kpli wò. Ne biabia aɖewo gɔme sese sesẽ na wò la, bia ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò alo hamemetsitsiwo faa ne woakpe ɖe ŋuwò.
Ne hamemetsitsiwo le biabiawo me dzrom kpli wò la, megawɔ na wò be ele be yeaɖo nya ŋu legbee alo agblɔ nya geɖe fũu le wò nyaŋuɖoɖoa me o. Nyaŋuɖoɖo bɔbɔe le wò ŋutɔ wò nyagbɔgblɔ me ye nye nyuitɔ. Le biabia geɖe gome la, anyo hã be nàyɔ mawunyakpukpui ɖeka alo eve atsɔ afia Ŋɔŋlɔawo me nya siwo dzi nètu wò ŋuɖoɖoa ɖo.
Ne mèse Biblia me nufiafia veviwo gɔme nyuie haɖe o la, hamemetsitsiwo awɔ ɖoɖo be woakpe ɖe ŋuwò ale be nàsu te be nàte ŋu aɖe Ŋɔŋlɔawo me nyuie ale si dze le wò ŋutɔ wò nyagbɔgblɔ me eye esia awɔe be nàdze na nyɔnyrɔxɔxɔ ɣebubuɣi.
[Hamemetsitsiwo nade dzesii: Ale si woadzro nu me kple ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la ƒe mɔfiamewo dze le axa 208-212.]