-
Akpa 1: Kristotɔwo Ƒe DzixɔsewoÐoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
-
-
NUMETOTOBIABIAWO HENA AME SIWO DI BE YEWOAXƆ NYƆNYRƆ
Akpa 1: Kristotɔwo Ƒe Dzixɔsewo
Èva nya nyateƒea le esi Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kpli wò ta. Ðikeke mele eme o be, nu siwo nèsrɔ̃ la na mia kple Mawu dome va le nyuie eye mɔkpɔkpɔ su asiwò be yeava nɔ agbe tegbee le etsɔme ahakpɔ yayra geɖe le paradiso me le anyigba dzi le Mawu Fiaɖuƒea te. Èva xɔ Mawu ƒe Nyaa dzi se geɖe wu, eye yayra geɖe su asiwò xoxo le esi nèle ha dem kple Kristo hamea ta. Eye èva nya ale si Yehowa le eƒe amewo kplɔm egbea.—Zak. 8:23.
Azɔ esi nèle dzadzram ɖo be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, hamemetsitsiwo adzro Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo ŋuti gɔmedzenufiafiawo me kpli wò. (Heb. 6:1-3) Neva eme be Yehowa nayi edzi anɔ yayram ɖe agbagba siwo dzem nèle be yeanya eyama la dzi, eye neva eme be wòana teƒeɖoɖo si ŋugbe wòdo la wò.—Yoh. 17:3.
1. Nu ka tae nèdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ?
2. Ame kae nye Yehowa?
• “Yehowae nye Mawu vavã le dziƒo afi mɛ kple anyigba dzi afii. Ðeke megali o.”—5 Mose 4:39.
• “Wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.”—Ps. 83:18.
3. Nu ka tae wòle vevie be nànɔ Mawu ƒe ŋkɔ la zãm?
• “Eya ta miawo mido gbe ɖa ale: ‘Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.’”—Mat. 6:9.
• “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.”—Rom. 10:13.
4. Dzesideŋkɔ kple ŋkɔnya siwo wozã le Biblia me tsɔ ɖɔ Yehowa la dometɔ aɖewo ɖe?
• “Yehowa, [Wɔla] si wɔ anyigba ƒe mlɔenuwo la, Mawu mavɔtɔ wònye.”—Yes. 40:28.
• “Mía Fofo si le dziƒowo.”—Mat. 6:9.
• “Mawu nye lɔlɔ̃.”—1 Yoh. 4:8.
5. Nu kae nàte ŋu ana Yehowa Mawu?
• “[Ele be] nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.”—Marko 12:30.
• “Yehowa wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.”—Luka 4:8.
6. Nu ka tae nèdi be yeawɔ nuteƒe na Yehowa?
• “Vinye, dze nunya, be nàdo dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na ame si le alɔme ɖem le ŋunye.”—Lod. 27:11.
7. Ame kae nèdoa gbe ɖa na, eye ame ka ƒe ŋkɔ mee nèdoa gbe ɖa le?
• Yesu gblɔ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ne miebia nane Fofo la la, ana mi le nye ŋkɔ me.”—Yoh. 16:23.
8. Nu kawoe nye nu siwo ŋu nàte ŋu ado gbe ɖa le la dometɔ aɖewo?
• “Eya ta miawo mido gbe ɖa ale: ‘Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene. Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí; tsɔ míaƒe fewo ke mí, abe ale si míawo hã míetsɔe ke ame siwo nyi fe le mía ŋu ene. Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.’”—Mat. 6:9-13.
• “Kakaɖedzi sia le mía si le eya amea me be, nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”—1 Yoh. 5:14.
9. Nu kawoe ate ŋu awɔe be Yehowa maɖo to ame aɖe ƒe gbedodoɖa o?
• “Woayɔ Yehowa be wòaxɔ na yewo, gake matɔ na wo o . . . le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta.”—Mika 3:4.
• “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kokoƒoƒo ŋu, ke Yehowa tɔa ŋku nu vɔ̃ɖi wɔlawo.”—1 Pet. 3:12.
10. Ame kae nye Yesu Kristo?
• “Simon Petro ɖo eŋu be: ‘Wòe nye Kristo la, Mawu gbagbe la ƒe Vi.’”—Mat. 16:16.
11. Nu ka tae Yesu va anyigba dzi ɖo?
• “Amegbetɔvi la meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ eye yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.”—Mat. 20:28.
• Yesu gblɔ be: “Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.”—Luka 4:43.
12. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe vɔsaa ŋu?
• “[Eku] ɖe wo katã ta, ale be ame siwo le agbe la naganɔ agbe na wo ɖokuiwo azɔ o, ke woanɔ agbe na ame si ku ɖe wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre la boŋ.”—2 Kor. 5:15.
13. Ŋusẽ kae Mawu na Yesu?
• “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi nam.”—Mat. 28:18.
• “Mawu doe ɖe dzi wòle ɖoƒe si kɔ wu, eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubuwo katã ta la nɛ.”—Flp. 2:9.
14. Ðe nèxɔe se be Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha lae nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si Yesu ɖo la?
• “Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela si eƒe aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?”—Mat. 24:45.
15. Ame ye gbɔgbɔ kɔkɔe la nyea?
• “Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be: ‘Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò. Eya ta woayɔ vi si dzi ge nàla la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.’”—Luka 1:35.
• “Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nu nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?”—Luka 11:13.
16. Mɔ kawo nue Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le?
• “Yehowa ƒe numenya nue wòwɔ dziƒowo, eye eƒe numegbɔgbɔ la nue wòwɔ wo ŋu nuwo katã.”—Ps. 33:6.
• “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔw. 1:8.
• “Ŋɔŋlɔ la me nyagblɔɖi aɖeke metso ame ŋutɔ ƒe susu me o. Elabena nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.”—2 Pet. 1:20, 21.
17. Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la?
• “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Eye fiaɖuƒe sia mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã gudugudu, eye wòahe wo va nuwuwui, ke eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.”—Dan. 2:44.
18. Aleke Mawu Fiaɖuƒea ƒe vava aɖe vi na wòe?
• “Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖ. 21:4.
19. Aleke nèwɔ nya be Fiaɖuƒea ƒe yayrawo ava kpuie?
• “Nusrɔ̃lawo ɖeɖe va egbɔ hebiae be: ‘Gblɔe na mí, ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?’ Yesu ɖo eŋu na wo be: ‘. . . Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave le teƒeteƒewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo. Eye woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.’”—Mat. 24:3, 4, 7, 14.
• “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu, ame siwo ŋu ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme dzena le, gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi o.”—2 Tim. 3:1-5.
20. Aleke nèɖenɛ fiana be Fiaɖuƒea le vevie na wò?
• “Eya ta, miyi edzi mianɔ Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã.”—Mat. 6:33.
• “Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la, eye wòadze yonyeme ɖaa.’”—Mat. 16:24.
21. Ame kawoe nye Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo?
• “Miawo la mietso mia fofo si nye Abosam me . . . Eya la amewulae wònye tso eƒe aglãdzeɣi ke.”—Yoh. 8:44.
• “Wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, ame si le anyigbadzinɔlawo katã blem la, ƒu gbe; wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu.”—Nyaɖ. 12:9.
22. Nya kae Satana tsɔ ɖe Yehowa kple ame siwo subɔa Yehowa la ŋu?
• “Nyɔnu la ɖo eŋu na da la be: ‘Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa. Ke Mawu gblɔ le ati si le abɔa titina la ƒe tsetse ya ŋu be: “Migaɖu eƒe ɖeke o, ao, migaka asi eŋu o; be miagaku o.”’ Ke da la gblɔ na nyɔnu la be: ‘Miele kuku ge akpɔ o. Elabena Mawu nyae be gbe si gbe miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.’”—1 Mose 3:2-5.
• “Satana ɖo eŋu na Yehowa be: ‘Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽ teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nu sia nu si le esi la ana ɖe eƒe agbe ta.’”—Hiob 2:4.
23. Aleke nàte ŋu aɖo kpe edzi be aʋatsoe Satana ƒe nutsotsoawo nye?
• “[Subɔ Mawu] kple dzi blibo.”—1 Kron. 28:9.
• “Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu va se ɖe esime maku o!”—Hiob 27:5.
24. Nu ka tae amegbetɔwo kuna?
• “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.”—Rom. 5:12.
25. Nɔnɔme ka mee ame siwo ku la le?
• “Agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo meganya naneke kura o.”—Nyagb. 9:5.
26. Mɔkpɔkpɔ kae li na ame siwo ku?
• “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔw. 24:15.
27. Ame nenie ayi dziƒo aɖaɖu fia kple Yesu?
• “Mekpɔ Alẽvi la le tsitre ɖe Zion To la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.”—Nyaɖ. 14:1.
-
-
Akpa 2: Kristotɔwo Ƒe AgbenɔnɔÐoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
-
-
NUMEDZODZRO KPLE AME SIWO DI BE YEWOAXƆ NYƆNYRƆ ƑE TAƑOƑO
Akpa 2: Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ
Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋuwò nèva nya nu si Yehowa di tso asiwò kple ale si nàwɔ anɔ agbe ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu. Le nu siwo nèsrɔ̃ ta la, anɔ eme be èwɔ tɔtrɔ geɖe le wò agbenɔnɔ me kple ale si nèbua agbeae ŋu. Fifia esi nèɖoe be yeanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu la, èsu te azɔ be nàzu nya nyuia ƒe subɔla ale be nàtsɔ subɔsubɔ si dzea.
Eŋu la anɛ. Nyabiase siwo gbɔna la me dzodzro akpe ɖe ŋuwò be Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo natsi susu me na wò nyuie eye woagaɖo ŋku nu siwo nàte ŋu awɔ be nànye esubɔla siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo dometɔ ɖeka.
Dzi na wò. Ana nàkpɔ ale si gbegbe wòle vevie be nàwɔ nu sia nu kple dzitsinya nyui eye nu sia nu si nàwɔ nade bubu Yehowa ŋu.—2 Kor. 1:12; 1 Tim. 1:19; 1 Pet. 3:16, 21.
Esi nèyi ŋgɔ le wò nusɔsrɔ̃a me va ɖo afi sia la, ɖikeke mele eme o be, èdi vevie be yeabɔbɔ ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu te eye yeava nɔ eƒe habɔbɔa me. Nyabiabia kple mawunyakpukpui siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò nàdzro ale si wò ŋutɔ nèse ɖokuibɔbɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖoa te le hamea me, le ƒomea me kple nuɖoanyi sia me dunyahedziɖuɖuwo gome gɔme la me. Ðikeke mele eme o be, numedzodzroa ana nàgakpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo si Yehowa wɔ be yeana hehe yeƒe amewo ahatu wo ɖo le gbɔgbɔ me la ŋu geɖe wu. Esia ƒe akpa aɖee nye hamea ƒe kpekpe siwo wòanyo be nànɔ dedem ahanɔ gome kpɔm le wo me le ale si wò nɔnɔmewo aɖe mɔe nu.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, akpa sia adzro ale si wòle vevie be nàkpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi ahakpe ɖe amewo ŋu be woawo hã woava nya Yehowa kple nu si wɔm wòle na ameƒomea la me. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Mlɔeba la, ana nàkpɔ ale si gbegbe wò adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu kple nyɔnyrɔxɔxɔ nye ŋkubiãnyae. Àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ ale si nèxɔ eƒe amenuveve la kple dzi nyui la ŋu.
1. Se kawoe Mawu de ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu, siwo dzi Kristotɔwo wɔna ɖo? Nu ka koe ate ŋu ana ame aɖe nagbe srɔ̃a wòasɔ le Ŋɔŋlɔawo nu?
• “Ðe miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, ŋutsu kple nyɔnue wòwɔ woe, eye wògblɔ be, ‘Esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka’ oa? Ale be womeganye ame eve azɔ o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o. . . . Ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le ahasiwɔwɔ ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.”—Mat. 19:4-6, 9.
2. Nu ka tae wòle be ame siwo li abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ene la nanye ame siwo ɖe wo nɔewo le se nu? Ne srɔ̃tɔe nènye la, èka ɖe edzi be wò srɔ̃ɖeɖea le se nu eye dziɖuɖua da asi ɖe edzia?
• “Yi edzi nànɔ ŋku ɖom edzi na wo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo na dziɖuɖuwo kple ŋusẽtɔwo.”—Tito 3:1.
• “Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome, eye woagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o, elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me kple ahasiwɔlawo.”—Heb. 13:4.
3. Nu kae Yehowa di tso asiwò be nàwɔ le ƒomea me?
• “Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye mègagbe dawò ƒe nufiame o.”—Lod. 1:8.
• “Ŋutsue nye ta na srɔ̃a, abe ale si Kristo la hã nye ta na hame la ene . . . Srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ hame la . . . ene.”—Ef. 5:23, 25.
• “Fofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.”—Ef. 6:4.
• “Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le nu sia nu me, elabena esia dzea Aƒetɔ la ŋu nyuie.”—Kol. 3:20.
• “Mi srɔ̃nyɔnuwo . . . , mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo.”—1 Pet. 3:1.
4. Nu ka tae wòle be míade bubu agbe ŋu?
• “[Mawue] naa agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã ame sia ame. . . . Eyae na míele agbe, eye míeʋãna, eye míeli.”—Dɔw. 17:25, 28.
5. Nu ka tae mele be míawu ame aɖeke o, ne enye vi si le dɔ me gɔ̃ hã?
• “Ne ŋutsuwo le avu wɔm, eye wowɔ nu vevi nyɔnu funɔ aɖe, eye . . . afɔku aɖe dzɔ, si he ku vɛ la, ekema woabia agbe ɖe agbe teƒe.”—2 Mose 21:22, 23.
• “Wò ŋkuwo kpɔm esime menye ʋukɔe; eye woŋlɔ eŋu nuwo katã ɖe wò agbalẽ me, le ŋkeke siwo me wowɔ wo, esime wo dometɔ aɖeke medo haɖe o.”—Ps. 139:16.
• “Yehowa lé [fu] asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi.”—Lod. 6:16, 17.
6. Se kae Mawu de ku ɖe ʋu ŋu?
• “Miatsri . . . ʋu kple lã tsiʋumewo.”—Dɔw. 15:29.
7. Nu ka tae wòle be míalɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo?
• “Mele se yeye nam mi be mialɔ̃ mia nɔewo; ale si melɔ̃ mi la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yoh. 13:34, 35.
8. Be ame si ŋu dɔxɔleameŋu si tea ŋu wua ame le nagana ame bubuwo naxɔ dɔa o la, (a) Nu ka tae mele be wòado ŋgɔ anɔ lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔnawo, abe asikpakpla kɔ na ame kple nugbugbɔgbugbɔ na ame ene wɔm o? (b) Nu ka tae mele be wòaɖe fu nɛ ne ame aɖewo ɖoe be yewomakpee va yewoƒe aƒe me o? (d) Nu ka tae wòle be ame aɖe si nɔ nɔnɔme aɖe si me wòate ŋu axɔ dɔxɔleameŋu le me kpɔ la ŋutɔ nalɔ̃ faa ana be woado eƒe ʋu kpɔ le kɔdzi hafi wòadze zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gɔme? (ɖ) Nu ka tae wòle be ame si ŋu dɔxɔleameŋu le nana hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla nanya do ŋgɔ hafi wòaxɔ nyɔnyrɔ?
• “Miganyi naneke ƒe fe le ame aɖeke ŋu o. . . . ’Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o.”—Rom. 13:8-10.
• [Miganɔ] miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke [midi] ame bubuwo hã ƒe nyonyo.”—Flp. 2:4.
9. Nu ka tae Yehowa di be míatsɔ vo siwo ame bubuwo da ɖe mía ŋu la ake wo?
• “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.”—Kol. 3:13.
10. Ne nɔvi Kristotɔ aɖe gblẽ ŋuwò alo tafa wò la, nu kae wòle be nàwɔ?
• “Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la, yi nàɖe eƒe vodada fiae le wò kplii ɖeɖe ko dome. Ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò. Ke ne meɖo to wò o la, kplɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, ale be le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi nu la, miaɖo kpe nya sia nya dzi. Ne meɖo to woawo hã o la, ekema gblɔe na hamea. Ne meɖo to hamea hã o la, ekema na wòanɔ na wò abe dukɔwo me tɔ kple adzɔxɔla ene.”—Mat. 18:15-17.
11. Aleke Yehowa bua nu vɔ̃ siawo?
▪ Gbɔdɔdɔ manɔsenu
▪ Ati kpakpɛwo zazã le mawusubɔsubɔ me alo legbasubɔsubɔ
▪ Ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ
▪ Fififi
▪ Tsatsadada (alo akɔdada)
▪ Ahamumu
• “Migana woaflu mi o. Ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me, trɔ̃subɔlawo, ahasiwɔlawo, ŋutsu siwo gbɔ ŋutsuwo dɔna, alo ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo, ŋuklẽlawo, ahamulawo, amedzulawo kple adzodalawo la, womanyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.”—1 Kor. 6:9, 10.
12. Le gbɔdɔdɔ manɔsenu, si fia gbɔdɔnu ƒomevi vovovo siwo amewo wɔna srɔ̃maɖemaɖee, ƒe nyaa gome la, nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?
• “Misi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu!”—1 Kor. 6:18.
13. Ne menye ɖe wotsɔ gbe alo atike muame siwo va zua numame na ame alo kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe susu dzi la le dɔ dam na mí o la, nu ka tae wòle be míatsri gbe alo atike mawo?
• “Miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, wòanye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubuŋutete le. Eye midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me, ne miawo ŋutɔwo miate ŋu akpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.”—Rom. 12:1, 2.
14. Nu kawoe nye gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna siwo nu Mawu de se ɖo la dometɔ aɖewo?
• “Woagakpɔ ame aɖeke le dowòme, si [nye] bokɔnɔ, akunyawɔla, nutabiala, dzotɔ, ame si saa gbe dea ame, nukala, afakala alo ŋɔliyɔla . . . o.”—5 Mose 18:10, 11.
15. Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya eye wòdi be Yehowa nagakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu la, nu kae wòle be wòawɔ enumake?
• “Meʋu nye nu vɔ̃ me na wò . . . ; nyemetsyɔ nu nye vodada dzi o. Megblɔ be: ‘Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa.’”—Ps. 32:5.
• “Ðe mia dometɔ aɖe le dɔ léma? Neyɔ hamemetsitsiwo woava egbɔ, eye woado gbe ɖa ɖe eta ahasi ami nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa ana dɔnɔ la ƒe lãme nasẽ, eye Yehowa afɔe ɖe te. Eye ne ewɔ nu vɔ̃ la, woatsɔe akee.”—Yak. 5:14, 15.
16. Ne ènya be nɔviwò Kristotɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya la, nu kae wòle be nàwɔ?
• “Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃, le esi wòsee woɖe gbeƒã le dutoƒo be woava aɖi ɖase le nu vɔ̃ wɔla aɖe ŋu, eye wònye ɖasefo le eŋu, alo wòkpɔ eteƒe alo nya nu tso eŋu, evɔ meva gblɔe o la, ekema woabia eƒe vodada la ŋuti kɔntae.”—3 Mose 5:1.
17. Ne woɖe gbeƒãe le hamea me be ame aɖe meganye Yehowa Ðasefo o la, aleke wòle be míawɔ nu ɖe eŋu?
• “[Midzudzɔ] hadede kple ame si woyɔna be nɔvi, evɔ wòƒoa eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me alo nye ŋuklẽla alo trɔ̃subɔla alo amedzula alo ahamula alo adzodala, eye migaɖu nu gɔ̃ hã kple nenem me sia o.”—1 Kor. 5:11.
• “Ne ame aɖe va mia gbɔ eye metsɔ nufiafia sia vɛ o la, migaxɔe ɖe miaƒe aƒe me alo ado gbe nɛ kura o.”—2 Yoh. 10.
18. Nu ka tae wòle be wò zɔhɛ kplikplikpliwo nanye ame siwo lɔ̃ Yehowa?
• “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya, ke ame si dea ha kple bometsilawo la, eme manyo nɛ o.”—Lod. 13:20.
• “Migana woaflu mi o. Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.”—1 Kor. 15:33.
19. Nu ka tae Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o?
• “Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko [nye Yesu] nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o ene.”—Yoh. 17:16.
20. Nu ka tae wòle be nàwɔ ɖe dziɖuɖua ƒe sededewo dzi?
• “Ame sia ame nebɔbɔ eɖokui ɖe ŋusẽtɔwo te, elabena ŋusẽ aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ la ko; ŋusẽtɔ siwo li la, Mawue ɖe mɔ wole woƒe nɔƒe siwo seɖoƒe li na la.”—Rom. 13:1.
21. Ne amegbetɔwo ƒe sedede aɖe tsi tsitre ɖe Mawu ƒe sedede ŋu la, nu kae nàwɔ?
• “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔw. 5:29.
22. Ne èle dɔwɔɖui si nàwɔ tiam la, mawunyakpukpui kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàganye xexea ƒe akpa aɖeke o?
• “Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.”—Mika 4:3.
• “Nye dukɔ, mido go le [Babilon Gã la me], ne miedi be yewoakpɔ gome kplii le eƒe nu vɔ̃wo me o, eye ne miedi be yewoaxɔ eƒe fuwɔamewo ƒe ɖeke o.”—Nyaɖ. 18:4.
23. Modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenu kawo ƒomevie wòle be nàtia, eye kawoe wòle be nàƒo asa na?
• “Yehowa [lé] fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.”—Ps. 11:5.
• “Minyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi; milé ɖe nu si nyo la ŋu.”—Rom. 12:9.
• “Nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã dze na bubu, nu siwo katã le dzɔdzɔe, nu siwo katã le dzadzɛ, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le, nu siwo katã nye nuwɔna nyui, kple nu siwo katã dze na kafukafu la, minɔ nu siawo ŋu bum.”—Flp. 4:8.
24. Nu ka tae Yehowa Ðasefowo mewɔa ɖeka kple subɔsubɔha bubuwo le woƒe subɔsubɔnuwɔnawo me o?
• “Miate ŋu anɔ nu ɖum le ‘Yehowa ƒe kplɔ̃’ ŋu aganɔ nu ɖum le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋu o.”—1 Kor. 10:21.
• “‘Mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa,’ Yehowa ye gblɔe, ‘eye midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu’; ‘eye maxɔ mi.’”—2 Kor. 6:17.
25. Gɔmeɖose kawoe akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nenye be àkpɔ gome le azãɖuɖu aɖe me loo alo màkpɔ gome le eme o?
• “Wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe nuwɔnawo. Wonɔ woƒe legbawo subɔm, ale wòzu mɔ̃ ɖe wo.”—Ps. 106:35, 36.
• “Kukuawo meganya naneke kura o.”—Nyagb. 9:5.
• “Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o ene.”—Yoh. 17:16.
• “Ɣeyiɣi si va yi la sɔ gbɔ be miewɔ dukɔwo ƒe lɔlɔ̃nu, esi mieƒo mia ɖokui ɖe ŋukpenanuwɔwɔ, dzodzro vɔ̃wo dzi maɖumaɖu, aha tsu nonowo, aglotutu siwo gbɔ eme, hoʋiʋli le ahanono me kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ me.”—1 Pet. 4:3.
26. Aleke Biblia me kpɔɖeŋuwo kpe ɖe ŋuwò nèkpɔe be mele be yeakpɔ gome le dzigbezãɖuɖu me o?
• “Ŋkeke etɔ̃a gbe dze Farao ƒe dzigbe dzi, eye wòɖo kplɔ̃ na eŋumewo katã, eye wòɖe ahakulawo ƒe amegã kple abolomelawo ƒe amegã le gaxɔ me le eŋumewo ŋkume. Eye wògbugbɔ ahakulawo ƒe amegã la ɖo eƒe ahakudɔ la nu . . . Ke ehe abolomelawo ƒe amegã ya ɖe ati ŋu.”—1 Mose 40:20-22.
• “Esi wole Herodes ƒe dzigbezã ɖum la, Herodia vinyɔnu va ɖu ɣe le azãɖuƒea wòdze Herodes ŋu ale gbegbe, eya ta eka atam do ŋugbe na nyɔnuvia be yeana nu sia nu si wòabia lae. Esi dadaa de gbe to me nɛ ta la, egblɔ be: ‘Tsɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta de agba sia me nam.’ Eya ta edɔ woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔa me.”—Mat. 14:6-8, 10.
27. Nu ka tae wònye nu si sɔ be nàwɔ ɖe hamemetsitsiwo ƒe mɔfiafia dzi?
• “Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo, elabena wole mia ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene, ne woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.”—Heb. 13:17.
28. Nu ka tae wòle vevie be wò kple wò ƒomea miaɖo ɣeyiɣi ɖi atsɔ anɔ Biblia xlẽm ahanɔ esrɔ̃m edziedzi?
• “Ekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòxlẽa eƒe se la kple gbe blewu zã kple keli. Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔʋu to ene, ati si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o. Nu sia nu si wòwɔna la adze edzi.”—Ps. 1:2, 3.
29. Nu ka tae nèlɔ̃ kpekpeawo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me?
• “Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo; makafu wò le amehawo dome.”—Ps. 22:22.
• “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, zi ale si miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom la.”—Heb. 10:24, 25.
30. Dɔ kae nye dɔ vevitɔ kekeake si Yesu de asi na mí be míawɔ?
• “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo . . . , miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.”—Mat. 28:19, 20.
31. Ne míele nu dzɔm tsɔ le asi kpem ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu alo ne míele kpekpem ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu la, nɔnɔme si dzea Yehowa ŋu kae wòle be wòanɔ mía si?
• “Tsɔ wò nunɔamesi veviwo . . . de bubu Yehowa ŋu.”—Lod. 3:9.
• “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.”—2 Kor. 9:7.
32. Nɔnɔme sesẽ kawoe Kristotɔwo nya be woate ŋu ava yewo dzi?
• “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ta, elabena wo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la. Dzidzɔtɔwoe mianye ne amewo doa vlo mi, tia mia yome, eye wokaa aʋatso gblɔa nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe mia ŋu le tanye. Mitso aseye, eye migli kple dzidzɔ, elabena miaƒe fetu lolo le dziƒo, elabena nenema kee woti nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi hã yome.”—Mat. 5:10-12.
33. Nu ka tae mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe wònye be nàxɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka?
• “Wò nya la na nye dzi kpɔ dzidzɔ hetso aseye, elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Oo . . . Yehowa.”—Yer. 15:16.
-
-
Numedzodzro Kple Ame Siwo Di Be Yewoaxɔ Nyɔnyrɔ Ƒe TaƒoƒoÐoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
-
-
Numedzodzro Kple Ame Siwo Di Be Yewoaxɔ Nyɔnyrɔ Ƒe Taƒoƒo
Zi geɖe la, Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpewo mee wonyrɔa amewo le. Le nyɔnyrɔxɔxɔ nuƒoa ƒe nuwuwu la, nuƒolaa abia tso ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ si be woatso eye woakɔ gbe dzi aɖo nyabiabia eve siwo gbɔna ŋu:
1. Ðe nètrɔ dzi me tso wò nu vɔ̃wo me eye nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa helɔ̃ ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si wòwɔ to Yesu Kristo dzi la dzia?
2. Ðe nènya be wò nyɔnyrɔxɔxɔ aɖee afia be èva zu Yehowa Ðasefo kple Yehowa ƒe habɔbɔa me tɔa?
Ne ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la ɖo biabia siawo ŋu be ɛ̃ la, enye ‘emeʋuʋu le dutoƒo’ be yewoxɔ tafea dzi se eye yewotsɔ yewo ɖokui ɖe adzɔgbe keŋkeŋ na Yehowa. (Rom. 10:9, 10) Enyo be ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la nabu nyabiabia siawo ŋu nyuie do ŋgɔ ahado gbe ɖa le wo ŋu ale be woƒe nyaŋuɖoɖoa nawɔ ɖeka kple nu si ŋu woawo ŋutɔwo va kpɔ kakaɖedzi le.
Ðe nègblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be yetsɔ ye ɖokui ɖe adzɔgbe nɛ, eye nèdo ŋugbe nɛ be eya ɖeka koe yeasubɔ eye yeana eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na ye le agbe mea?
Èka ɖe edzi bliboe fifia be ele be yeaxɔ nyɔnyrɔ le mɔnukpɔkpɔ gbãtɔ si asu asiwò mea?
Awu kae sɔ na nyɔnyrɔxɔxɔ? (1 Tim. 2:9, 10; Yoh. 15:19; Flp. 1:10)
Ele be míado awu le “ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me” ale be wòaɖee afia be míenye ame “siwo vɔ̃a Mawu.” Eya ta, masɔ be ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la nado tsimeyiwu si nana ametia ƒe nɔnɔme dzena alo awu siwo dzi woŋlɔ boblodonyawo alo nya bubuwo ɖo la o.
Ele be woado awu siwo ŋu kɔ, siwo le dzadzɛ, siwo dze ame ŋu, eye wosɔ na wɔna sia. Aleke wòle be ame nawɔ nui le nyɔnyrɔxɔɣia? (Luka 3:21, 22)
Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nye kpɔɖeŋu si wòle be Kristotɔwo nasrɔ̃ le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ me egbea. Yesu kpɔe dze sii be afɔɖeɖe vevi aɖee nyɔnyrɔxɔxɔ nye, eye esia dze le eƒe nɔnɔme kple nuwɔna me. Eya ta mele be nyɔnyrɔxɔƒea nanye nukokoedonamenyawo gblɔƒe, fefeƒe, tsiƒuƒe, alo nu bubu siwo mesɔ o, siwo aɖe ame ƒe susu ɖa tso wɔnaa ƒe vevienyenye dzi la wɔƒe o; masɔ hã be Kristotɔ yeyea nawɔ nu abe aʋa gã aɖe dzie wòɖu ene o. Togbɔ be dzidzɔnyae nyɔnyrɔxɔxɔ nye hã la, ele be bubu nanɔ ale si woakpɔ dzidzɔae ŋu.
Aleke kpekpeawo dede edziedzi kple hamea ŋu nɔnɔ kplikplikpli akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖe adzɔgbe si nèɖe na Yehowa dzi?
Le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, nu ka tae wòle vevie be nàlé ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui me ɖe asi eye nànɔ gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi?
-