INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 41
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu?
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • “Misi Le Gbɔdɔdɔ Manɔsenu Nu!”
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • ‘Si Le Gbɔdɔdɔ Ƒe Agbe Gbegblẽ Nɔnɔ Nu’
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe
    Nyɔ!—2013
  • Na Yehowa Nali Ke Wò Srɔ̃ɖeɖea Eye Wòakpɔ Eta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 41
Nusɔsrɔ̃ 41 lia. Ŋutsu aɖe kple nyɔnu aɖe lé wo nɔewo ƒe asi.

NUSƆSRƆ̃ 41

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu?

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Ekpea ŋu na ame geɖe be woaɖo dze tso gbɔdɔnyawo ŋu. Ke hã, ne Biblia le nu ƒom tso gbɔdɔdɔ ŋu la, egblɔa nyawo tẽe, gake le bubu mɔ nu. Nya siwo wògblɔ tso gbɔdɔdɔ ŋu la ɖea vi na mí. Eye aleae míakpɔ mɔ be wòanɔ hã. Elabena, Yehowae nye mía Wɔla, eya ta enya nu si aɖe vi na mí wu. Egblɔa nu si wòle be míawɔ be míadze ye ŋu kple ale si míawɔ akpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee la na mí.

1. Nu kae nye Yehowa ƒe susu le gbɔdɔdɔ ŋu?

Gbɔdɔdɔ nye nunana tso Yehowa gbɔ. Edi be ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo la nase vivi na nunana sia. Menye ɖeko nunana sia wɔnɛ be atsu kple asiwo tea ŋu dzia vi ko evɔ o, ke eganye mɔ si dzi wotona ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo le dzɔdzɔme nu. Esia tae Mawu ƒe Nyaa gblɔ be, ‘Kpɔ dzidzɔ kple wò ɖekakpuimesrɔ̃’ ɖo. (Lododowo 5:18, 19) Yehowa di tso Kristotɔ srɔ̃tɔwo si be woawɔ nuteƒe na wo nɔewo. Ne wowɔe alea la, womawɔ ahasi gbeɖe o.—Xlẽ Hebritɔwo 13:4.

2. Nu kae nye gbɔdɔdɔ manɔsenu?

Biblia gblɔ na mí be ‘ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la manyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.’ (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Biblia ŋlɔla siwo ŋlɔ woƒe nyawo ɖe Helagbe me la zã Helagbe me nya por·neiʹa na gbɔdɔdɔ manɔsenu. Nu siwo nya ma fia ƒe ɖewoe nye (1) ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe gbɔdɔnuwɔnawo,a (2) ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, kple (3) lãwo gbɔ dɔdɔ. Ne ‘míetsri gbɔdɔdɔ manɔsenu’ la, míaƒe nu dzea Yehowa ŋu eye eɖea vi na míawo ŋutɔwo hã.—1 Tesalonikatɔwo 4:3.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si nàte ŋu aƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu kple viɖe siwo nàkpɔ ne ènɔa agbe nyui.

Yosef si dzo le Potifar srɔ̃ gbɔ. Yosef ƒe awu tsi nyɔnua si me.

3. Si le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu

Ŋutsu nuteƒewɔla aɖe si ŋkɔe nye Yosef dze agbagba vevie be yeanɔ agbe nyui ɣesiaɣi. Mixlẽ 1 Mose 39:1-12, eye miadzro biabia siawo me:

  • Nu ka tae Yosef si ɖo?—Kpɔ kpukpui 9 lia.

  • Èsusu be nu nyuitɔe nye ema Yosef wɔa? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

Aleke sɔhɛ siwo li egbea ate ŋu asi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu abe ale si Yosef wɔe ene? Mikpɔ VIDEOA.

VIDEO: Si Le Agbe Gbegblẽ Nɔnɔ Nu (5:06)

Yehowa di be mí katã míatsri gbɔdɔdɔ manɔsenu. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:18, eye miadzro biabia siawo me:

  • Nɔnɔme kawoe ate ŋu awɔe be ame nava ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me?

  • Aleke nàwɔ asi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu?

4. Àte ŋu aɖu tetekpɔwo dzi

Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na ame aɖe be wòaɖu gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe tetekpɔwo dzi? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

VIDEO: Biblia Xexlẽ Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖu Tetekpɔ Dzi (3:02)

  • Esi nɔviŋutsu si le videoa me la kpɔe be yeƒe tamesusuwo kple nuwɔnawo ate ŋu awɔe be yemava wɔ nuteƒe na ye srɔ̃ o la, nu kae wòwɔ?

Ɣeaɖewoɣi la, avu kple kɔe wònyena na Kristotɔ wɔnuteƒewo gɔ̃ hã be woana woƒe tamesusuwo nanɔ dzadzɛ. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màganɔ nu siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ ɖe mewò ŋu bum o? Mixlẽ Filipitɔwo 4:8, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu kawo tɔgbi ŋue wòle be míanɔ bubum?

  • Ne míexlẽa Biblia eye míewɔa geɖe le Yehowa subɔsubɔ me la, aleke nu siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe tetekpɔ dzi?

5. Yehowa ƒe sewo ɖea vi na mí

Yehowa nya nu si aɖe vi na mí wu. Egblɔa nu siwo míawɔ be míanɔ agbe dzadzɛ kple viɖe siwo míakpɔ ne míewɔe nenema la na mí. Mixlẽ Lododowo 7:7-27 alo mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia siwo gbɔna me.

VIDEO: Ame Si Si Nunya Mele O (9:31)

  • Aleke wòdzɔe be ɖekakpuia va ge ɖe nɔnɔme aɖe si akplɔe ade tetekpɔ me la me?—Kpɔ Lododowo 7:8, 9 lia.

  • Le Lododowo 7:23, 26 ƒe nya nu la, gbɔdɔdɔ manɔsenu ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vevie. Ne míenɔa agbe nyui la, kuxi kawoe míate ŋu aƒo asa na?

  • Aleke agbe dzadzɛ nɔnɔ ate ŋu awɔe be míakpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee?

Ame aɖewo susuna be nya si Biblia gblɔ tso ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu la le kpaɖii akpa. Gake Yehowa, lɔlɔ̃ ƒe Mawu la, di be ame sia ame nanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me. Gake hafi míadze na esia la, ele be míawɔ ɖe eƒe sewo dzi. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:9-11, eye miadzro biabia sia me:

  • Ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ koe nye nuwɔna siwo Mawu bua nu gbegblẽwoea?

Ehiã be mí katã míawɔ tɔtrɔwo be míaƒe nu nadze Mawu ŋu. Ðe tɔtrɔ siawo wɔwɔ ɖea via? Mixlẽ Psalmo 19:8, 11, eye miadzro biabia siawo me:

  • Le wò susu nu la, ɖe se siwo Yehowa de ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la dzi wɔwɔ sesẽ akpa? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

Nɔnɔmetata vovovoawo: 1. Ðetugbui aɖe si lé blanui la nɔ anyi ɖe eƒe ahiãvi xa. Eya kple exɔlɔ̃awo le aha nom hele sigarɛt hã nom le zãmodzakaɖeƒe. 2. Ðetugbui ma ke le dze ɖom kple nɔvinyɔnuwo dzidzɔtɔe le Fiaɖuƒe Akpata me.

Yehowa kpe ɖe ame geɖe ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ eye wova le eƒe sewo dzi wɔm. Ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ame eve ɖe sia ɖe ate ŋu adɔ kple wo nɔewo faa, ne wonya lɔ̃ wo nɔewo ko.”

  • Ne ame aɖe gblɔ nya ma la, nya kae nàgblɔ nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yehowa ƒe nunanae gbɔdɔdɔ nye eye ŋutsu kple srɔ̃a koe wòle be woakpɔ gome le eme.

Numetoto

  • Nuwɔna kawo tɔgbie nye gbɔdɔdɔ manɔsenu?

  • Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu?

  • Viɖe kawoe míakpɔ ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la dzi?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Àkpɔ nu si tae Mawu di be ŋutsu kple nyɔnu siwo di be yewoanɔ anyi ɖekae la naɖe wo nɔewo la le nyati sia me.

“Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ŋutsu Kple Nyɔnu Ƒe Anyinɔnɔ Ðekae Srɔ̃maɖemaɖee Ŋu?” (Nyati sia le jw.org)

Esi Biblia gblɔ be ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ nye nu gbegblẽ la, esia mefia be míalé fu ame siwo wɔa nu mawo o.

“Ðe Ŋutsu Kple Ŋutsu Alo Nyɔnu Kple Nyɔnu Ƒe Gbɔdɔdɔ Nye Nu Gbegblẽa?” (Nyati sia le jw.org)

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si Mawu ƒe se siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la kpɔa mía ta.

“Ðe Gbɔdɔdɔ To Nu Me Nye Gbɔdɔdɔ Ŋutɔŋutɔa?” (Nyati sia le jw.org)

Le agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye “Wode Bubu Ŋunye” me la, àkpɔ nu si ʋã ŋutsu aɖe si nye ŋutsugbɔdɔla tsã be wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ be yeadze Mawu ŋu.

“Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, April 1, 2011)

a Gbɔdɔnuwɔna siawo dometɔ aɖewoe nye, gbɔdɔdɔ si nye dzɔdzɔme tɔ, gbɔdɔdɔ to nu me, gbɔdɔdɔ to meƒi me, kple asilili ame bubu ƒe vidzinu ŋu ɖe gbɔdɔdɔ ƒe vivisese ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe