INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w08 2/1 axa 2-3
  • Ŋuɖoɖodidi Na Agbemebiabia Veviwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋuɖoɖodidi Na Agbemebiabia Veviwo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Bubu Siwo Akpe Ðe Dzilawo Ŋu
    Nyɔ!—2019
  • Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa?
    Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa?
  • Èbu Nya Siawo Ŋu Kpɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2025
  • Ŋuɖoɖoawo Didi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
w08 2/1 axa 2-3

Ŋuɖoɖodidi Na Agbemebiabia Veviwo

“Ne míekpɔ ta na ‘ale si’ míawɔ akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye kesinɔnu siwo ŋu míebu kpɔ be woasu mía si o, abe xɔmefamɔ̃, CD ƒomɔ̃ nyuitɔ kekeake, kple atikutsetse nyuiwo ɖuɖu le ƒe bliboa me ene, va ƒo xlã mí gɔ̃ hã la, míegadina kokoko be míanya ‘nu si tututu tae’ míele agbe ɖo. Nu ka ta míanɔ hloloe tsom dzodzro alea? Taɖodzinu kae le eŋu?” —David G. Myers, si nye susuŋutinunyafialagã le Hope College, Holland, Michigan, U.S.A.

ALEKE nàɖo biabia siwo nufialagã sia fɔ ɖe te la ŋui? Ame aɖewo abia be ɖe wòhiã be ame nagblẽ ɣeyiɣi ɖe ŋuɖoɖoawo didi ŋu hã. Gake ɖeko aɖabaŋeŋe ƒu biabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo didi dzi le abe aɖabaŋeŋe ƒu kpekui aɖe si ge ɖe afɔkpa me na wò dzi ene—àte ŋu ayi wò azɔlia zɔzɔ dzi ya, gake àse veve geɖe.

Ne èbia ɖokuiwò kpɔ be tameɖoɖo kae le agbea ŋu hã la, ke nyae be menye ye ɖekae tsi dzi ɖe nya sia ŋu o. Le Agbe Nyui Nɔnɔ Ŋuti Numekuku Le Xexea Me, si nye agbenɔnɔ ŋuti dzidzenuwo ƒe numekuku gãtɔ kekeake siwo wowɔ kpɔ la dometɔ ɖeka ƒe nya nu la, ame siwo le “gɔmesese kple tameɖoɖo si le agbea ŋu” dim la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi le dukɔ geɖe me.

Hafi wò susu me nadze akɔ anyi vavã la, ehiã be nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi etɔ̃ siwo gbɔna.

Afi kae míedzɔ tso?

Tameɖoɖo kae le agbea ŋu?

Nu kae adzɔ le etsɔ me?

Afi kae nàkpɔ biabia vevi siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le la le? Nyati etɔ̃ siwo kplɔ esia ɖo ana ŋuɖoɖo siwo tso Mawu ƒe Nya, Biblia la me, ke menye esiwo wotu ɖe nususugblɔ alo xexemenunya dzi o, la wò. Míede dzi ƒo na wò be ne èle nyatiawo xlẽm la, xlẽ mawunyakpukpuiawo le wò Biblia me be wò ŋutɔ nàkpɔ nu si wògblɔ.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

AKPAA DZI: Ƒuta ƒe foto la: © Andoni Canela/age fotostock

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe