INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w09 3/1 axa 32
  • Ŋkeke Vevitɔ Kekeake Le Ŋutinya Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkeke Vevitɔ Kekeake Le Ŋutinya Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
w09 3/1 axa 32

Ŋkeke Vevitɔ Kekeake Le Ŋutinya Me

Eyae nye ŋkeke si dzi Yesu Kristo ku. Nu ka tae Yesu ƒe ku le vevie nenema gbegbe ɖo? Susu geɖewo tae.

Ale si Yesu wɔ nuteƒe ɖa se ɖe ku me la ɖo kpe edzi be amegbetɔwo ate ŋu alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi le Mawu ŋkume.

Kristo ƒe ku la na mɔnukpɔkpɔ ameƒomea me tɔ aɖewo hã be woava zu eƒe hatidziɖulawo le dziƒo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eʋu agbe tegbee nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na ame gbogbo bubu geɖewo.

Le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la, Yesu zã abolo maʋãmaʋã kple wain dzĩ tsɔ wɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe si wòatsɔ asa vɔ lɔlɔ̃tɔe la ƒe kpɔɖeŋu. Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19) Ðe madzɔ dzi na wò be wò hã nàɖo ŋku wɔna vevi sia dzi oa?

Yehowa Ðasefowo le kpewòm lɔlɔ̃tɔe be nava wɔ ɖeka kple yewo le gomekpɔkpɔ le Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodziwɔnawo me me. Le ƒe sia me la, ŋkeke si dzi wɔna sia dzee nye Yawoɖa, April 9 lia, le ɣeɖoto megbe. Àte ŋu akpɔ gome le eme le Fiaɖuƒe Akpata si tsɔ gbɔwò wu me. Taflatsɛ, bia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ne woayɔ gamea kple teƒe si woawɔe le la na wò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe