-
Nyakpakpa 1: Luʋɔ Nye Nu MakumakuGbetakpɔxɔ—2009 | November 1
-
-
Nyakpakpa 1: Luʋɔ Nye Nu Makumaku
Afi kae nyakpakpa sia dzɔ tso? “Kristotɔ xexemenunyala gbãtɔawo va xɔ Helatɔwo ƒe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la de eme hesusui be luʋɔ nye nane si Mawu tsɔ de amegbetɔ me le ewɔɣi.”—The New Encyclopædia Britannica (1988), Babla 11, axa 25.
Nu kae Biblia fia? ‘Luʋɔ, si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.’—Xezekiel 18:4.
Biblia gblɔ tso amegbetɔ gbãtɔ, si nye luʋɔ, la wɔwɔ ŋu be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.”—1 Mose 2:7.
Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “luʋɔ” lae nye neʹphesh, eye gɔmesese si ŋutɔŋutɔ le esie nye ‘nuwɔwɔ si gbɔna.’ Esi Mawu wɔ ame gbãtɔ Adam la, metsɔ luʋɔ makumaku aɖeke de eme o, ke boŋ agbeŋusẽ si ya gbɔgbɔ léna ɖe te lae wòde eme. Eya ta gɔmesese si nu wozã nya “luʋɔ” ɖo le Biblia mee nye nu gbagbe bliboa. Ne agbeŋusẽ si Mawu de ŋutilãa me le gɔmedzedzea me nu tso la, ŋutilãa zua luʋɔ kuku.—1 Mose 3:19; Xezekiel 18:20.
Luʋɔ makumaku ŋuti nufiafia la fɔ biabiawo ɖe te: Ne luʋɔa mekuna o la, afi kae wòyina le ame ƒe ku megbe? Nu kae dzɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe luʋɔ dzi? Esi ame siwo blea wo ɖokuiwo be yewonye Kristotɔwo va xɔ luʋɔ makumaku ƒe nyakpakpaa de eme la, ena wogato nyakpakpa bubu vɛ—dzo mavɔ ŋuti nufiafia la.
Dzro mawunyakpukpui siawo hã me: Nyagblɔla 3:19; Mateo 10:28; Dɔwɔwɔwo 3:23
NYATEƑE LAE NYE:
Ne ame ku ko la, eƒe akpa aɖeke megayia edzi nɔa agbe o
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
-
-
Nyakpakpa 2: Ame Vɔ̃ɖiwo Kpea Fu Le Dzo Mavɔ MeGbetakpɔxɔ—2009 | November 1
-
-
Nyakpakpa 2: Ame Vɔ̃ɖiwo Kpea Fu Le Dzo Mavɔ Me
Afi kae nyakpakpa sia dzɔ tso? “Le blema Hela xexemenunyalagãwo katã dome la, Plato ye do dzo mavɔ ŋuti nufiafia la ɖe ŋgɔ wu.”—Histoire des enfers (Hell Ƒe Ŋutinya La), si Georges Minois ŋlɔ, axa 50.
“Tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe domedome la, Kristotɔ siwo xɔ hehe le Helatɔwo ƒe xexemenunya me la va kpɔe be ehiã be yewoazã nu siwo yewosrɔ̃ atsɔ aɖe yewoƒe xɔse mee . . . Xexemenunya si sɔ na wo wue nye Plato ƒe nufiafia.”—The New Encyclopædia Britannica (1988), Babla 25, axa 890.
“Sɔlemeha la ƒe nufiafia ɖo kpe dzo mavɔ kple eƒe anyinɔnɔ tegbee dzi. Ne ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo nya ku teti ko la, woƒe luʋɔwo ɖoa ta dzo mavɔ me, afi si wokpea ‘dzo mavɔ’ ƒe fu le. Dzo mavɔ ƒe tohehea koŋ ye nye kaklãɖa tso Mawu gbɔ tegbee.”—Catechism of the Catholic Church, 1994 tɔa, axa 270.
Nu kae Biblia fia? ‘Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsiẽƒe [Sheol], afi si yi ge nala o.’—Nyagblɔla 9:5, 10.
Woɖe Hebrigbe me nya Sheol si nye “nɔnɔme si me ame kukuwo le” la gɔme le Biblia aɖewo me be “dzo mavɔ.” Nu kae mawunyakpukpui sia ɖe fia tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu? Ðe wole fu kpem le Sheol, le nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi la ta? Ao, elabena “kukuawo menya naneke o.” Esia tae esime dɔléle vɔ̃ɖi aɖe nɔ fu wɔm blemafofo Hiob vevie la, eɖe kuku na Mawu be: “Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe [Sheol, le Hebrigbe me].” (Hiob 14:13) Gɔmesese kae anɔ eƒe nya siawo ŋu ne dzo mavɔe Sheol nye? Le Biblia ƒe nya nu la, Sheol ye nye tsiẽƒe, alo yɔdo, si nye afi si kukuawo megawɔa naneke le o.
Ðe susu mele Sheol gɔme ɖeɖe alea me, eye wòwɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo wu oa? Nu vɔ̃ ka gbegbee ame awɔ, aleke kee wòɖavloe o, si ana lɔlɔ̃ Mawu la nanɔ fu wɔmee tegbetegbe le dzo mavɔ me? (1 Yohanes 4:8) Gake ne nyakpakpae dzo mavɔ nye la, ke dziƒoyiyi ŋuti nufiafia ya ɖe?
Dzro mawunyakpukpui siawo hã me: Psalmo 146:3, 4; Dɔwɔwɔwo 2:25-27; Romatɔwo 6:7, 23
NYATEƑE LAE NYE:
Mawu mewɔa fu amewo le dzo mavɔ me o
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]
Barrators—Giampolo/The Doré Illustrations For Dante’s Divine Comedy/Dover Publications Inc.
-
-
Nyakpakpa 3: Ame Nyuiwo Katã Ayi DziƒoGbetakpɔxɔ—2009 | November 1
-
-
Nyakpakpa 3: Ame Nyuiwo Katã Ayi Dziƒo
Afi kae nyakpakpa sia dzɔ tso? Le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ku megbe la, Sɔlemeha Fofowo va xɔ ŋkɔ le nufiafia tso Kristotɔnyenye ŋuti me, tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze lɔƒo. New Catholic Encyclopedia (2003), Babla 6, axa 687, ƒo nu tso woƒe nufiafia ŋu be: “Nufiafia si xɔ aƒe ɖi lae nye be luʋɔ si do le ametia me la, yina ɖe dziƒo ƒe dzidzɔ la me enumake, le eŋukɔkɔ wɔna ɖe sia ɖe si hiã le ku megbe la wɔwɔ vɔ megbe.”
Nu kae Biblia fia? “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.”—Mateo 5:5.
Togbɔ be Yesu do ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo be yeyina ‘teƒe dzra ge ɖo ɖi’ na wo le dziƒo hã la, eɖee fia be menye ame dzɔdzɔewo katãe ayi dziƒo o. (Yohanes 3:13; 14:2, 3) Ðe eya ŋutɔ medo gbe ɖa be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme “le dziƒo, kple anyigba dzi hã” oa? (Mateo 6:9, 10) Le nyateƒe me la, mɔkpɔkpɔ evee li na ame dzɔdzɔewo. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo aɖu fia kple Kristo le dziƒo, gake wo dometɔ akpa gãtɔ anɔ agbe tegbee le anyigba dzi.—Nyaɖeɖefia 5:10.
Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nukpɔsusu si nɔ sɔlemeha gbãtɔa si ku ɖe ɖoƒe si wòle le anyigba dzi ŋu la va trɔ. Nu kae do tso eme? The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Vivivi la, wona sɔlemehaa va zu nuɖoanyi si va xɔ ɖe Mawu Fiaɖuƒe si amewo nɔ mɔ kpɔm na la teƒe.” Esi sɔlemeha la di be ŋusẽ naɖo yeƒe ɖoƒe sia ŋu ta la, ete eɖokui ƒoƒo ɖe dunyahehe me, heŋe aɖaba ƒu Yesu ƒe nya si wògblɔ eme kɔ nyuie be ye yomedzelawo manye “xexea ƒe akpa aɖeke o” la dzi. (Yohanes 15:19; 17:14-16; 18:36) Le Roma Fiagã Konstantino ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la, sɔlemeha la tɔ tsi eƒe dzixɔse aɖewo, siwo dometɔ ɖeka ku ɖe ame si tututu Mawu nye la ŋu.
Dzro mawunyakpukpui siawo hã me: Psalmo 37:10, 11, 29; Yohanes 17:3; 2 Timoteo 2:11, 12
NYATEƑE LAE NYE:
Ame nyuiwo dometɔ akpa gãtɔ anɔ agbe tegbee le anyigba dzi—menye le dziƒo o
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 6]
Art Resource, NY
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
-
-
Nyakpakpa 4: Mawuɖekaetɔ̃e Mawu NyeGbetakpɔxɔ—2009 | November 1
-
-
Nyakpakpa 4: Mawuɖekaetɔ̃e Mawu Nye
Afi kae nyakpakpa sia dzɔ tso? “Numekukuwo na wòdze kɔtɛ be ƒe alafa enelia ƒe nuwuwu lɔƒoe woto Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la vɛ. Esia nye nyateƒe le mɔ aɖe nu . . . Do ŋgɔ na ƒe alafa enelia ƒe nuwuwu la, nufiafia si nye ‘Ame etɔ̃ le Mawu ɖeka me’ la meli ke tututu o, le nyateƒe me la, womexɔe de Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple dzixɔsewo me keŋkeŋ o.”—New Catholic Encyclopedia (1967), Babla 14, axa 299.
Le May 20, 325 [M.Ŋ.] dzi la, Nicaea Aɖaŋudetakpekpe me nɔlawo kpe ta. Konstantino ŋutɔe nɔ zi me eye wòxɔ ŋgɔ le numedzodzroawo me vevie, eye eya ŋutɔ do . . . mɔnu vevi aɖe si woatsɔ akpɔ nyaa gbɔe ɖa, si me wògblɔ ƒomedodo si le Kristo kple Mawu dome le, le xɔsemeʋunya si aɖaŋuɖotakpekpea na me be, ‘woa kple Fofo la le ɖeka.’ . . . Le bubu si bisiɔpawo tsɔ na fiagã la ta la, wo katã de asi xɔsemeʋuʋua te, negbe wo dometɔ eve koe mele eme o, evɔ wònye mesɔ na wo dometɔ geɖe hafi o.”—Encyclopædia Britannica (1970), Babla 6, axa 386.
Nu kae Biblia fia? “Esi gbɔgbɔ kɔkɔe [yɔ Stefano] fũu la, ekpɔ dziƒo gãa, eye eƒe ŋku kli Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple Yesu wònɔ tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wògblɔ be: ‘Kpɔ ɖa! Mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.’”—Dɔwɔwɔwo 7:55, 56.
Nu kae ŋutega sia ɖe fia? Esi Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la yɔ Stefano fũu la, ekpɔ Yesu wònɔ “tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.” Eya ta eme kɔ ƒãa be Yesu metrɔ zu Mawu le eƒe tsitretsitsi yi dziƒo vɔ megbe o, ke boŋ enye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si to vovo na Mawu. Womegblɔ be ame etɔ̃lia bubu aɖeke nɔ Mawu gbɔ le nudzɔdzɔ sia me o. Togbɔ be amewo dzea agbagba be yewoadi mawunyakpukpuiwo atsɔ aɖo kpe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa dzi hã la, Dominiktɔwo ƒe nunɔla Marie-Émile Boismard ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye À l’aube du christianisme—La naissance des dogmes (Kristotɔnyenye Ƒe Gɔmedzedze—Nufiafia Yeyewo Te Mo Dodo Ða) me be: “Míate ŋu akpɔ Ame etɔ̃ le Mawu ɖeka me ƒe nya la . . . axlẽ le Nubabla Yeye La ƒe afi aɖeke o.”
Taɖodzinu si nɔ nufiafia sia si Konstantino do ɖe ŋgɔ ŋue nye be woatsɔe atsi masɔmasɔ siwo do mo ɖa le ƒe alafa enelia me Sɔlemehaa me la nu. Ke hã, le nyateƒe me la, ɖe wògafɔ biabia bubu ɖe te: Ðe Maria, nyɔnu si dzi Yesu la, nye “Mawu Dada”?
Dzro mawunyakpukpui siawo hã me: Mateo 26:39; Yohanes 14:28; 1 Korintotɔwo 15:27, 28; Kolosetɔwo 1:15, 16
NYATEƑE LAE NYE:
Ƒe alafa enelia ƒe nuwuwu lɔƒoe woto Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la vɛ
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 7]
Museo Bardini, Florence
-