INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 5/15 axa 6-7
  • Nu Ka Tae Wòle Be Nàde Bubu Ame Tsitsiwo Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Wòle Be Nàde Bubu Ame Tsitsiwo Ŋu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Léa Be Na Esubɔla Tsitsiwo Lɔlɔ̃tɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Mide Bubu Ame Tsitsi Siwo Le Mia Dome Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Beléle Na Ame Tsitsiwo—Kristotɔwo Ƒe Agbanɔamedzie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Mide Bubu Ame Bubuwo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 5/15 axa 6-7

Nu Ka Tae Wòle Be Nàde Bubu Ame Tsitsiwo Ŋu?

ATI siwo woɖea fotoe wu le xexea me la dometɔ ɖeka le United States, le California ƒe ƒuta. Ati sia ye nye kpomi si wona ŋkɔe be Lone Cypress. Woka nya ta be atia xɔ wu ƒe 250. Esi ati dzeani sia xɔ ŋkɔ le ale si wòdo dzi to nɔnɔme madeamedziwo me hena ƒe geɖe ta la, woléa be nɛ le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔ ka sesẽwo lée ɖe te eye woɖo kpewo ƒo xlã ete godoo va kpe.

Kpomi sia ƒe nɔnɔme ate ŋu ana míaɖo ŋku ame tsitsi siwo le Kristo hamea me, siwo le dzi dom le mɔ ɖedzesiwo nu la, dzi. Nu ɖedzesi aɖe si me woƒe dzidodoa dzena le lae nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia. Nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi be “amegã ɖeɖiwo” agblɔ Biblia me gbedeasia. (Yoel 3:1-5; Dɔw. 2:16-21) Wò ya bu gaƒoƒo gbogbo siwo ame tsitsi siawo tsɔ kpena ɖe amewo ŋu veviedodotɔe be woase “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la ŋu kpɔ ko! (Mat. 24:14) Fiaɖuƒegbeƒãɖela tsitsi siawo dometɔ aɖewo do dzi to yometiti kple nɔnɔme sesẽ bubuwo me hena ƒe geɖe. Ne amewo de dzesi kpomi dzro ko ƒe dzidodo eye woɖo kpewo ƒo xlãe hetsɔ ka sesẽwo lée ɖe te la, ɖe mele be míade dzesi nu siwo ame tsitsi siwo le mía dome la wɔna la geɖe wu ahade bubu kple asixɔxɔ wo ŋu oa?

Yehowa Mawu de se na eƒe dukɔ si nɔ anyi le blema la be: “Amegã ta ɣi ŋku me nànɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la.” (3 Mose 19:32) Nuteƒewɔla siwo ‘le zɔzɔm kple Mawu’ ƒe blananewoe nye esia eye wonye kpɔɖeŋu nyuiwo na mí la dometɔ geɖewo le Yehowa subɔlawo dome egbea. (Mixa 6:8) Esi ame tsitsi siawo yi edzi le agbe nɔm ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo nu ta la, woƒe ta ƒowɔ la nye “atsyɔ̃fiakuku” vavã.—Lod. 16:31.

Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na ɖekakpui Timoteo be: “Mèganyra ɖe ame tsitsi dzi o.” Ðe ema teƒe la, enɔ na Timoteo be ‘wòaxlɔ̃ nui kple kukuɖeɖe vevie abe fofo ene’ eye wòaxlɔ̃ nu “nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene.” (1 Tim. 5:1, 2) Ne míagblɔe la, enɔ na Timoteo be wòawɔ ɖe sedede si nye be ‘woatsi tsitre’ le ta ƒowɔ ŋkume la dzi. Eya ta edze kɔtɛ be, Yehowa kpɔa mɔ be ale si míeƒoa nu na ame tsitsi siawoe la naɖe bubu ma afia.

Romatɔwo 12:10 gblɔ be: “Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.” Kakaɖedzitɔe la, dzikpɔla siwo le hamea me la dea bubu Kristotɔ tsitsiwo ŋu. Gake ele na mí katã be míatre mía nɔewo bubu.

Le nyateƒe me la, agba le ƒometɔwo dzi etɔxɛe be woakpɔ wo dzilawo kpakple wo tɔgbuiwo kple mamawo dzi. Le kpomi sia gome la, amewo wɔ nu geɖewo be yewoatsɔ akpɔ eta, eye woyi edzi le ewɔm. Eya ta, ɖikeke mele eme o be, ele be míadze agbagba awɔ nu siwo ana be bubu si le mía dzila tsitsiwo kpakple tɔgbuiwo kple mamawo ŋu la nakpɔtɔ anɔ wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, toɖoɖo wo nyuie ana be míaƒo asa na nuwɔwɔ ale si míawo ŋutɔwo míedii woƒe seselelãmewo ŋu mabumabui.—Lod. 23:22; 1 Tim. 5:4.

Yehowa dea asixɔxɔ ame tsitsi siwo le mía dome la ŋu ŋutɔ. Megblẽa wo ɖi o. (Ps. 71:18) Le nyateƒe me la, Mawu vavã la doa ŋusẽ wo be woayi edzi anɔ ye subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Mina míawo hã míayi edzi akpe ɖe ame tsitsiwo ŋu ahade bubu wo ŋu.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Abe ale si ko wòhiã be woalé Lone Cypress la ɖe te ene la, ehiã be míade bubu kple asixɔxɔ ame tsitsiwo ŋu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

American Spirit Images/age fotostock

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe