INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 6/1 axa 16-17
  • “Nu Ka Tae Ame Aɖe Atɔ Ðe Afi Sia?”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nu Ka Tae Ame Aɖe Atɔ Ðe Afi Sia?”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Aɖeke Mate Ŋu Asubɔ Aƒetɔ Eve O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 6/1 axa 16-17

Lɛta Aɖe Si Tso South Africa

“Nu Ka Tae Ame Aɖe Atɔ Ðe Afi Sia?”

“AFƆKU LE AFI SIA—ADZODALAWO KPLE GBOLOWO NƆƑEE.” Nuxlɔ̃amenya siae woŋlɔ ɖe kɔƒenutomemɔ xaxɛ la to. Míedze ɖa le mɔ ma dzi hedze bubu si dzi ʋuʋudedi xɔ keŋ eye wòɖo ta kesinɔtɔwo ƒe modzakaɖeƒe kple tsatsadaƒe gã aɖe la dzi, heva tɔ ɖe boblodoʋuƒo gã aɖe gbɔ, afi si ʋu bubu aɖewo hã nɔ lalam le. Ʋu xɔasi aɖewo va nɔ du sim to mía ŋu nɔ yiyim, eye míede dzesii be míaƒe nu wɔ nuku na ame siwo nɔ mía kpɔm to ʋuawo ƒe fesre nu, eye nya si nɔ dzedzem le woƒe moe nye: ‘Nu ka tae ame aɖe atɔ ɖe afi sia?’

Esi míaƒe ʋua tɔ la, míeɖi heva wɔ ɖeka kple mía tɔ siwo do awu le nɔnɔme nyuie me hetɔ ɖe boblodoʋuƒoa ƒe vɔvɔli te. Mí ame siwo va kpe le afi ma la míenye gbegbɔgblɔ vovovo dola siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo, si nye nu si mebɔ le South Africa afi sia o. Míezɔ mɔ abe kilometa 100 ene va kɔƒe siwo le Johannesburg ƒe dzieheɣetoɖoƒe afi sia la me be míagblɔ Biblia me nyateƒea na amewo.

Míewɔ kpekpe sue aɖe le mɔa to hedzro mawunyakpukpui aɖe kple ɖoɖo si nu míayi amewo gbɔ tso aƒe me yi aƒe me le la me. Míedo gbe ɖa hege ɖe míaƒe ʋuwo me. Aƒe kple atixɔ gbogbo aɖewo siwo wometu ɖe ɖoɖo nu o lae nye ema le balia me le adzɔge ʋĩ. Esi wònye wokua platinum le nutoa me ta la, platinum gbeɖuɖɔ yibɔ siwo woli kɔ ɖi gleglegle la wɔe be ɖeko aƒeawo le dzedzem le wo xa nyaŋui. Ale si gbegbe amewo da ahe la mena wòdze kura be wokua kesinɔnu gbogbo aɖewo le to me le afi sia o.

Mía kple srɔ̃nye kpakple atsu kple asi aɖe siwo tso Germany míedze tso aƒe me yi aƒe me dɔa gɔme ŋdi ma. Dɔwɔɖui mele ame siwo le afi ma ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me si o, eya ta aƒe tsɛwo mee wole. Xɔawo dometɔ geɖe nye atixɔ siwo wotsɔ ati wubewubewo tu hetsɔ zingli xoxo aɖewo gba, eye ahanutuvi siwo woƒo gbadzɛgbadzɛ mee woƒo gatagbadzɛwo ɖo tsɔ gba woe.

Ne míeɖo aƒe ɖe sia ɖe nu la, míenɔa agboa dzi doa gbe ɖo ɖa, eye zi geɖe la, aƒea nɔ ye míetuna. Ame siwo míeɖoa dze kpli la tsɔa didi vevie ɖoa to míaƒe gbedeasia hedea bubu mía ŋu hã ŋutɔ. Ne ŋdɔ ʋu ɖe zingliawo dzi la, woxɔa dzo gbãgbãgbã, si wɔnɛ be ɖeko aƒeawo me nɔna abe kpodzo me ene, eya ta wodɔa ɖeviwo woɖatsɔa zikpi vaa ati te na mí.

Ƒomea ƒoa ƒu henɔa anyi ɖe dzodoƒezikpui siwo dzi le glidzaglidza alo ahaɖakago siwo wobu tsyɔ anyi la dzi. Woyɔa ɖeviwo gɔ̃ hã be woagblẽ woƒe fefenuwo ɖi ava se nya. Míedzroa mawunyakpukpui aɖewo me kpli wo, eye míenaa Biblia srɔ̃gbalẽ aɖewo ɖevi siwo nya nuxexlẽ hebiana tso wo si be woaxlẽ woƒe akpa aɖewo le numedzroɣia. Ame siwo míedoa goe la katã kloe tsɔa dzidzɔ xɔa míaƒe agbalẽwo, eye wo dometɔ geɖe biana tso mía si be míagatrɔ ava yewo gbɔ.

Esi ga wuieve ƒo la, míekpa vie be míaɖi ɖe eme ahade akpɔnɔ kple nu fafɛ aɖewo nu me hafi agatrɔ ayi aɖasrã ame siwo gbɔ míede tsã la kpɔ. Jimmy, si tso Malawi, eye wòle dɔ wɔm le platinum kuƒeawo dometɔ ɖeka la ƒe aƒe mee míeyi gbã. Ɣleti aɖewoe nye esia si míete Jimmy gbɔ dede. Ekpɔa dzidzɔ ɖe mía ŋu ɣesiaɣi si míeva, eye míedzro Biblia me kplii zi gbɔ zi geɖe. Jimmy ɖe Setswana nyɔnu aɖe, eye vi nyuinyui eve le wo si. Míete ŋu ke ɖe eŋu zi mamlɛtɔ si míeva o, eya ta míedi vevie be míakpɔ eƒe fɔfɔme ɖa.

Esi míeku ʋua va ɖo Jimmy ƒe aƒe tsɛa gbɔ la, míede dzesii enumake be nane dzɔ. Eƒe abɔ si wòléa be na nyuie la me to gbe nyamaa, bliwo yrɔ le agblea dzi, eye koklo siwo nɔa nu kam le afi ma hã megali o. Wotsɔ kɔsɔkɔsɔ gã aɖe do agboa. Aƒelika aɖe va be yeakpɔ ɖa be ame ka dim míele hã. Míebia Jimmy ta. Egblɔ nya sia si wɔ moya na mí ŋutɔ la be: Jimmy ku, eye srɔ̃a kple viawo dzo yi woƒe ƒometɔwo gbɔ.

Togbɔ be wobua nudede ame aɖe ƒe aƒemenya me amemabumabui hã la, míebiae be wòagblɔ nu si dzɔ na mí. Egblɔ be, “Dɔ aɖe ko wòdze, eye wòku. Ame geɖewo le dɔ dzem ŋkeke siawo me ŋutɔ. Eye wo dometɔ geɖe le kukum.” Megblɔ dɔ si Jimmy lé na mí o, elabena amewo melɔ̃a nuƒoƒo tso nya mawo tɔgbi ŋu o, evɔ yɔdowo ƒe dzidziɖedzi le nutoa me ɖo kpe edzi be ame geɖewo le kukum abe ale si wògblɔe ene. Míeƒo nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu nɛ kpuie, eye míetsɔ dzigbagbã dzo le egbɔ heyi míaƒe dɔa dzi.

Míege ɖe kɔƒe bubu me heku ʋua yi aƒe mamlɛ siwo wotu tre ɖe enu le tomenukuƒe aɖe ƒe gbeɖuɖɔkɔɖoƒe si gbeɖuɖɔ li kɔ ɖo gleglegle ŋkume la gbɔ. Míexa kɔna dze mɔdzeɖexɛ si le mɔa ƒe nuwuƒe la dzi. Woŋlɔ lododo aɖe ɖe agakpe aɖe dzi le abɔ aɖe me le afi ma be: “Mele ele ge, mele ele ge, ɖe wòtsia ɖi ame.” David,a ame si ŋlɔ nya mawo la do mo ɖa tso eƒe blema ʋu xoxo si ŋu wòle asi trɔm le la megbe. Emía ŋku zuĩ le ŋdɔa gbe nɔ agbagba dzem be yeakpɔ ɖa be ame kawoe hã, eye esi wòkpɔ mí dzesii la eko alɔgbɔnu ŋɔnyɔe, eye eƒe sikaɖuwo nɔ dzo dam. Etutu eƒe asiwo heva do gbe na mí.

Edo gbe na mí gblɔ be “Xɔ̃nyewo, miawoe zɔ. Nu kae dzɔ míegava gbɔnye kpɔ o?” Dzi dzɔ mí ŋutɔ be míegado go David ake. Gake edo taflatsɛ be yemate ŋu axɔ mí ɣeyiɣi didi o, elabena eteƒe madidi o, ayi dɔme le tomenukuƒe aɖe si wòkpɔ dɔ le tso esime míeva srãe kpɔ zi mamlɛtɔ. Le míaƒe numedzodzro vivia katã me la, nukoko metso le mo na David o. Egblɔ dzidzɔtɔe be: “Míaƒe gododo gbãtɔa trɔ nye agbenɔnɔ ŋutɔ. Le nyateƒe me la, nyemenya afi si manɔ egbea ne ɖe míeva gbɔnye gbe ma gbe o.”

Míedzo le David gbɔ kple dzidzɔ. Esi ɣe te toɖoɖo la, míedze aƒe mɔ. Esi míetrɔ kpɔ teƒea zi mamlɛtɔ hekpɔ ale si ɣea klẽ ɖe ʋuʋudedi si xɔ ya me kɔtɔɔ dzi la, míebia mía ɖokui be aleke nyanyuia awɔ aɖo ame siawo katã gbɔ. Esia na gɔmesese gava le Yesu ƒe nya siawo ŋu na mí geɖe wu be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o.”—Luka 10:2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔa.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 17]

Míexɔ mɔɖeɖe tso South Africa Posudɔwɔƒea gbɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe