INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 6/1 axa 24-25
  • Ame Siwo Ŋlɔ Yesu Ŋuti Nyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Siwo Ŋlɔ Yesu Ŋuti Nyawo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Siwo Ŋlɔ Nu Tso Yesu Ŋu
    Fia Nu Viwòwo
  • Marko Mena Ta O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Kristo Le Mawu Ƒe Ðusime
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 6/1 axa 24-25

Fia Nu Viwòwo

Ame Siwo Ŋlɔ Yesu Ŋuti Nyawo

ÐE YESU ƒe ŋutinyawo vivia nuwòa?—a Ewɔa nuku na ame aɖewo ne wose be Yesu ŋutɔ meŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖeke o. Ke hã, ame siwo ŋlɔ Biblia la dometɔ enyi gblɔ nya geɖe na mí tso Yesu ŋu. Ame mawo katã nɔ agbe le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi, eye woŋlɔ nu tso nu siwo wòfia ŋu. Ènya ame enyi mawo ƒe ŋkɔwoa?— Wo dometɔ aɖewoe nye Mateo, Marko, Luka, kple Yohanes. Wo dometɔ ene mamlɛawoe nye Petro, Yakobo, Yuda, kple Paulo. Nu kae nènya tso wo ŋu?—

Gbã la, na míaƒo nu tso wo dometɔ etɔ̃ siwo hã nɔ eƒe apostolo wuieveawo dome ŋu. Ènya woƒe ŋkɔwoa?— Petro, Yohanes, kple Mateo. Petro ŋlɔ lɛta eve na ehati Kristotɔwo. Eŋlɔ nu tso Yesu ƒe dɔwɔna kple nyagbɔgblɔ siwo ŋu wònya nu tsoe la ŋu. Tsɔ Biblia nàʋu 2 Petro 1:16-18, ne nàxlẽ nu si Petro ŋlɔ tso ale si wòsee Yehowa Mawu ƒo nu na Yesu tso dziƒo ŋu la kpɔ.—Mateo 17:5.

Apostolo Yohanes ŋlɔ Biblia gbalẽ atɔ̃. Eyae nɔ anyi ɖe Yesu xa esime apostoloawo nɔ nu ɖum kple woƒe Aƒetɔa zi mamlɛtɔ. Yohanes nɔ eteƒe hã hafi wowu Yesu. (Yohanes 13:23-26; 19:26) Yohanes ŋlɔ Biblia gbalẽ ene siwo ƒo nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu koŋ, siwo woyɔna be Nyanyuigbalẽwo la dometɔ ɖeka. Eya kee ŋlɔ Nyaɖeɖefia gbalẽa, si me nyawo Yesu ɖe fiae le ŋutega me, kpakple lɛta etɔ̃ siwo ŋu eƒe ŋkɔ le le Biblia me. (Nyaɖeɖefia 1:1) Biblia ŋlɔlawo dometɔ etɔ̃lia si hã va zu Yesu ƒe apostoloe nye Mateo. Nudzɔlae wònye tsã.

Biblia ŋlɔlaawo dometɔ eve nya Yesu le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Wonye eyometɔwo, eye Yosef ye dadaa Maria dzi woawo ya na. (Mateo 13:55) Gbã la, womenɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dome o. Wosusui gbã gɔ̃ hã be ɖe eƒe tagbɔ le gbegblẽm le dzonɔameme si wòtsɔ nɔ gbeƒã ɖemee ta. (Marko 3:21) Ame kawoe nye Yesu nɔvi siawo?— Wo dometɔ ɖekae nye Yakobo. Eyae ŋlɔ Biblia gbalẽ si nye Yakobo. Eveliae nye Yuda. Eyae ŋlɔ Biblia gbalẽ si nye Yuda.—Yuda 1.

Ame eve bubu siwo hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋue nye Marko kple Luka. Aƒe gã aɖe nɔ Marko dada Maria si le Yerusalem, afi si Kristotɔ gbãtɔawo, siwo dome Petro hã nɔ, wɔa kpekpe le. (Dɔwɔwɔwo 12:11, 12) Ƒe aɖewo do ŋgɔ, le zã si me Yesu ɖu Ŋutitoto mamlɛa kple eƒe apostoloawo la, Marko hã anya nɔ ame siwo kplɔ wo ɖo yi Getsemane bɔa me la dome. Esi wova Yesu lé ge la, eyae anya nye ɖekakpui si asrafoawo lé, gake wòsi dzo awumadomadoe.—Marko 14:51, 52.

Luka nye atikewɔla agbalẽnyala bibi aɖe si anya zu nusrɔ̃la le Yesu ƒe ku megbe. Ewɔ numekuku tso Yesu ƒe agbe ŋu tsitotsito, eye wòŋlɔ ŋutinya si me kɔ nyuie hele eteƒe hã tso eyama ŋu. Emegbe Luka va zu apostolo Paulo ƒe hati mɔzɔla, eye eya kee ŋlɔ Biblia gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo.—Luka 1:1-3; Dɔwɔwɔwo 1:1.

Paulo ye nye Biblia ŋlɔla enyilia si ŋlɔ nu tso Yesu ŋu. Senyala xɔŋkɔ Gamaliel gbɔe wòsrɔ̃ nu le. Esi wònye Farisitɔwo gbɔe Paulo nɔ tsi, eye woawoe fia nui ta la, Paulo, si woyɔna tsã be Saul la lé fu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo vevie, eye wòkpɔ gome le wo dometɔ aɖewo wuwu me. (Dɔwɔwɔwo 7:58–8:3; 22:1-5; 26:4, 5) Ènya ale si Paulo wɔ va srɔ̃ Yesu ŋuti nyateƒea?—

Ɛ̃, gbe ɖeka esi Paulo nɔ mɔ dzi yina Damasko be yeaɖalé Yesu ƒe nusrɔ̃lawo la, kasia kekeli sesẽ aɖe tso dziƒo va gbã ŋku nɛ. Ese gbe aɖe si biae be: “Saul, Saul, nu ka ŋuti nèle yonyeme tim?” Yesu ƒe gbee! Egblɔ na Paulo be wòayi Damasko. Emegbe Yesu ƒo nu kple eƒe nusrɔ̃la Anania hã hedɔe be wòaɖa ƒo nu na Paulo, ale Paulo va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la. (Dɔwɔwɔwo 9:1-18) Biblia gbalẽ 14 ye Paulo ŋlɔ; tso Romatɔwo va se ɖe Hebritɔwo ƒe agbalẽa dzi.

Ðe wò ŋutɔ alo ame aɖe xlẽa Biblia gbalẽ siwo ƒo nu tso Yesu ŋu la na wòa?— Nu nyuitɔ kekeake siwo nàte ŋu awɔ le agbe me la dometɔ ɖekae nye be nàte nu siwo Biblia gblɔ tso Yesu ŋu la sɔsrɔ̃ fifia tso wò ɖevime.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

NYABIASEWO:

▪ Yesu ƒe apostolowo dometɔ kawoe va zu Biblia ŋlɔlawo?

▪ Biblia ŋlɔla eve kawoe nye Yesu dada viwo?

▪ Aleke wòanya dzɔe be Marko nya Yesu, gake nu ka tae Luka ya menya Yesu ŋkume kple ŋkume o?

▪ Aleke wòdzɔe be Paulo va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Yuda

Marko

Petro

Mateo

Paulo

Yakobo

Luka

Yohanes

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe