Te Ðe Mawu Ŋu
“Àwɔ Nuteƒe”
2 SAMUEL 22:26, NW
EVEA mía dometɔ ɖe sia ɖe vevie ŋutɔ ne ame aɖe si dzi míekana ɖo la ɖi gbɔ mí alo zɔ mía gɔme. Nu ɖedzileameƒo mawo tɔgbi bɔ le egbexexe sia si me nuteƒemawɔmawɔ xɔ aƒe ɖo la me ŋutɔ. (2 Timoteo 3:1-5) Ðe ame aɖe li si dzi míate ŋu aka ɖo be awɔ nuteƒe na mí bliboea? Mina míadzro kpeɖodzi si blema Israel fia David na ku ɖe nya sia ŋu la me kpɔ.
David to nɔnɔme sesẽ geɖe me le amewo ƒe nuteƒe mawɔmawɔ nɛ ta. Israel fia gbãtɔ Saul ʋã ŋui, eye wòti eyome kutɔkutɔe henyãe de gbe. David ŋutɔ srɔ̃, Mixal, mewɔ nuteƒe nɛ o, ke boŋ ‘eɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.’ (2 Samuel 6:16) Axitofel, si nye eƒe aɖaŋuɖola si dzi wòkana ɖo hã va zu egɔmezɔla, eye wòwɔ ɖeka kple ame siwo dze aglã ɖe David ŋu. Ame kae nɔ megbe na aglãdzedze ma? Menye ame bubu aɖeke wu David ŋutɔ ƒe vi Absalom o! Ðe ale si ame siawo siwo dzi David kana ɖo tsã va trɔe tome la ɖe dzi le eƒo wòƒo nya ta be ame aɖeke meli si dzi yeate ŋu aka ɖo be awɔ nuteƒe bliboe oa?
Nya sia ƒe ŋuɖoɖo dze le David ƒe nya siwo le 2 Samuel 22:26 (NW) me. David si si xɔse sẽŋu nɔ la gblɔ tso Yehowa Mawu ŋu le hadzidzi vivi aɖe me be: “Àwɔ nuteƒe na ame si wɔa nuteƒe.” David ka ɖe edzi be aleke kee amegbetɔwo atrɔ ye tomee o, Yehowa ya ayi edzi awɔ nuteƒe na ye.
Mina míalé ŋku ɖe David ƒe nyaawo ŋu tsitotsito kpɔ. Wogaɖea Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afi sia be ‘wɔ nuteƒe’ la gɔme be “wɔ nu le lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo me.” Lɔlɔ̃ dzie wotua nuteƒewɔwɔ vavãtɔ ɖo. Yehowa kuna ɖe ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ŋu lɔlɔ̃tɔe.a
De dzesii hã be nuteƒewɔwɔ menye seselelãme dzro aɖe ko o, ke boŋ enye nu si wòɖena fiana to nuwɔna me. David kpɔ ale si Yehowa wɔa nuteƒe la teƒe ŋutɔŋutɔ. Le eƒe agbenɔɣi ƒe ɣeyiɣi sesẽtɔwo kekeake me la, Yehowa ɖe afɔ siwo hĩa tsɔ kpɔ fia nuteƒewɔla sia ta hefia mɔe nuteƒewɔwɔtɔe. David kpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa wɔ nɛ la ŋu, eye wògblɔ be eyae ɖe ye ‘tso yeƒe futɔwo katã si me.’—2 Samuel 22:1.
Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso David ƒe nyaawo me? Yehowa metrɔ alo na eƒe nuteƒewɔwɔ nu tsi o. (Yakobo 1:17) Eƒe dzidzenuwo toa mɔ ɖeka ɖaa, eye wòwɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi. David gblɔ le eƒe psalmo bubu me be: “Yehowa . . . magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o.”—Psalmo 37:28, Agbenya La.
Yehowa dea asixɔxɔ míaƒe nuteƒewɔwɔ ŋu. Ekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe toɖoɖo eyama nuteƒewɔwɔtɔe ŋu, eye wòxlɔ̃ nu mí be míasrɔ̃ ye ahaɖe nuteƒewɔwɔ afia le nuwɔwɔ kple mía haviwo me. (Efesotɔwo 4:24; 5:1) Ne míeɖe nuteƒewɔwɔ fia le go siawo me la, míate ŋu aka ɖe edzi be magblẽ mí ɖi kpɔ gbeɖe o. Aleke kee amegbetɔwo atrɔ mí tomee o, míate ŋu aka ɖe Yehowa ya dzi be awɔ nu ɖe mía ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ahakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si míado goe la nu dzidzedzetɔe. Ðe esia nyanya meʋã wò be nàgate ɖe Yehowa, “Nuteƒewɔla la,” ŋu geɖe wu oa?—Nyaɖeɖefia 16:5, NW.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Samuel evelia 22:26 me nyawo sɔ kple Psalmo 18:25 me tɔwo. Woɖe psalmo ma gɔme le The Psalms for Today Biblia me be: “Àɖe wò lɔlɔ̃ blibo la afia ame si wɔa nuteƒe na wò.”