INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 6/1 axa 18-21
  • Ðe Ɣletiviwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ɣletiviwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzinuvimenyanya Ƒe Gɔmedzedze Kple Taɖodzinu
  • Dzinuvimenyanya Ƒe Dzɔtsoƒe Ŋutɔŋutɔ La
  • Nu Si Ta Wòle Be Nàtsrii
  • Ðe Wòle Be Ɣletiviwo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?
    Nyɔ!—2000
  • Nusi Mele Nyanya O la Didi to Kunyawɔwɔ Kple Gbɔgbɔyɔyɔ Dzi
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Nya Kae Le Ɣletiviwo Me Na Wò?
    Nyɔ!—1994
  • Ɣletivimefakaka Kple Afakaka Dzie Míato Anya Etsɔmea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 6/1 axa 18-21

Ðe Ɣletiviwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzia?

LE ZÃ si me kɔ nyuie le afi si akaɖi aɖeke mele o me la, dziŋgɔli nyɔna tsiɖitsiɖi abe agovɔ yibɔ aɖe si me lotamekpe wluiwluiwlui akpe nanewo le dzo dam le ene. Ƒe 350 koe nye esia tso esime amegbetɔ te ale si gbegbe ɣletiviwo lolo hele adzɔge ʋĩ tso mía gbɔe la gɔmesese. Va se ɖe fifia la, nu ʋɛ aɖewo koe míenya tso ŋusẽ triakɔ siwo gbegbe le dɔ wɔm le míaƒe yamenuto gbahooa me la ŋu.

Tso gbe aɖe gbe ke la, amegbetɔwo léa ŋku ɖe ale si tututu dziƒoŋunuwo ɖea zɔ le zã me kple ale si woƒe nɔƒe nɔa tɔtrɔm le dziŋgɔlia tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la ŋu. (1 Mose 1:14) Ame geɖe se le wo ɖokuiwo me abe ale si Israel fia David se le eɖokui me anɔ abe ƒe 3,000 aɖewoe nye esia ene, esime wòŋlɔ be: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nu ka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi?”—Psalmo 8:4, 5.

Ke hã, míenya alo míeɖanya o, dziƒoŋunuwo kple woƒe zɔɖeɖe kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi le mɔ geɖe nu. Míaƒe ɣea, si anyigbaa ƒoa xlãe, ye nana amegbetɔwo te ŋu bua ɣeyiɣi—si na míenyaa ŋkeke kple ƒe ƒe didime. Wowɔ ɣleti be “wòade vovo ɣeyiɣi me,” si fia be enana míedea dzesi azãgbewo. (Psalmo 104:19) Eye ɣletiviwo nye mɔfiadzesi nyui siwo ŋu kakaɖedzi le hena mɔzɔzɔ, eye wokpena ɖe yamenutomedelawo kura gɔ̃ hã ŋu le woƒe mɔzɔzɔwo me. Le esia ta, ame aɖewo susu be ɖewohĩ menye ɣeyiɣiwo kple azãgbewo fiafia mí, kpakple ale si míakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu koe nye nu si ɣletiviwo ate ŋu awɔ na mí o. Ðe woate ŋu ana míanya míaƒe etsɔme alo axlɔ̃ nu mí tso afɔkuwo ŋua?

Dzinuvimenyanya Ƒe Gɔmedzedze Kple Taɖodzinu

Blema Mesopotamia ye ŋkuléle ɖe dziƒoŋunuwo ŋu be woatsɔ afia mɔ amewo le anyigba dzi la dze egɔme tsoe, ɖewohĩ tso keke ƒe akpe etɔ̃lia D.M.Ŋ. me ke. Dzinuvimenyala gbãtɔwo nye ame siwo léa ŋku ɖe dziƒoŋunuwo ŋu tsitotsito. Le woƒe agbagbadzedze be yewoanya nu tso dziƒoŋunuwo ƒe zɔɖeɖe ŋu, ade dzesi ɣletivi vovovowo nɔƒe, awɔ ɣletigbalẽwo, ahate ŋu anya ɣeyiɣi si zãdokeli ado me la, wova to ɣletiviŋutinunya vae. Gake dzinuvimenyanya ya lɔ nu geɖe ɖe eme wu ŋkuléle ɖe ŋusẽ si ɣe kple ɣleti kpɔna ɖe míaƒe anyigbaa dzi le dzɔdzɔmenu la ko ŋu. Dzinuvimenyalawo gblɔna be menye anyigbadzinudzɔdzɔ ɖedzesiwo dzi koe ɣe, ɣleti, ɣletinyigbawo, ɣletiviwo, kple ɣletivihatsotsowo ƒe nɔƒe kple ɖoɖo si nu wole la kpɔa ŋusẽ ɖo o, ke boŋ be wokpɔa ŋusẽ ɖe ame ɖekaɖekawo ƒe agbe dzi hã. Le mɔ ka nu?

Dzinuvimenyala aɖewo gblɔna be dziƒoŋunuwo fiaa mɔ ame alo xlɔ̃a nu ame tso etsɔme ŋu, eye be ate ŋu aɖe vi na ame siwo nya nu tso eŋu la le mɔ geɖe nu. Wo dometɔ aɖewo hã susui be dzinuvimenyanya ate ŋu afia nu si woɖo ɖi na mí be míava wɔ le agbea me la mí, alo ana míanya ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòle be míawɔ nane le hafi akpɔ dzidzedze. Wogblɔna be woate ŋu axɔ nyatakaka mawo to ŋkuléle ɖe ɖoɖo si nu dziƒoŋunu vevi aɖewo ɖea zɔ le kple kadodo si le woawo ŋutɔwo kpakple míaƒe anyigbaa dome la ŋuti “akɔntabubu” dzi. Wogblɔna hã be ŋusẽ si dziƒoŋunuawo kpɔna ɖe ame ɖe sia ɖe dzi la nɔ te ɖe ɖoɖo si nu wole le amea dziɣi la dzi.

Dzinuvimenyala gbãtɔwo susui be míaƒe anyigba lae le xexe gbahooa titina, eye be ɣletinyigbawo kple ɣletiviwo nɔa xlã ƒom anyigbaa vivivi le yamenutoa me. Wogasusui hã be ɣea ɖea zɔ le dziŋgɔlia hetoa ɣletiviwo kple ɣletiviwo ƒe hatsotsowo dome le ɖoɖo ɖeka aɖe koŋ nu ƒe sia ƒe. Woma afi si wosusui be ɣea tona la ɖe nɔƒe alo teƒe 12 me. Wona ŋkɔ teƒe siawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe ɣletiviwo ƒe hatsotso si dome wogblɔ be ɣea tona la nu. Alea wodzɔe be wova to zodiak ɣletivimedzesi wuieveawo ƒe nyaa vae. Wobua teƒe siawo siwo wogayɔna be “aƒe siwo le dziƒo” la be wonye mawu wuieve aɖewo nɔƒe. Ke hã, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nya emegbe be ɣea meƒoa xlã míaƒe anyigba o, ke boŋ anyigbae ƒoa xlã ɣea. Esia na wòva dze ƒãa be menye dzɔdzɔmeŋutinunyae dzinuvimenyanya nye o.

Tso esime woto dzinuvimenyanya vae le Mesopotamia la, eva kaka ɖe xexea ƒe akpa sia akpa kloe, eye wòva zu nu si me dukɔ geɖe me tɔwo kpɔa gome le le mɔ vovovo nu. Le Persiatɔwo ƒe Babilon dzi ɖuɖu megbe la, dzinuvimenyanya kaka va ɖo Egipte, Hela, kple India. Buddhatɔwo ƒe mawunyadɔgbedelawo tsɔe yi Titina Asia, China, Tibet, Japan, kple Asia ƒe Anyieheɣedzeƒe nutowo me. Togbɔ be míenya ale si tututu dzinuvimenyanya wɔ ɖo Mayawo gbɔ o hã la, woawo hã wozãe le mɔ si sɔ kple Babilontɔwo tɔ nu. Edze ƒãa be Egiptetɔ siwo lé Helatɔwo ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi lae to egbegbe dzinuvimenyanya vae, eye wòkpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Yuda Subɔsubɔha, Islam Subɔsubɔha, kple Kristodukɔa siaa me tɔwo ƒe nuŋububu dzi.

Dzinuvimenyanya va ɖo Israel dukɔa hã me, eye esia dzɔ do ŋgɔ na woƒe aboyomeyiyi le Babilon le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me gɔ̃ hã. Biblia ƒo nu tso agbagba siwo Fia wɔnuteƒe Yosiya dze be yeaɖe ame siwo saa vɔ na “ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo katã” ɖa le dukɔa me la ŋuti.—2 Fiawo 23:5.

Dzinuvimenyanya Ƒe Dzɔtsoƒe Ŋutɔŋutɔ La

Ðoɖo si nu dzɔdzɔmenuwo le le xexe gbahooa me kple ale si wowɔa dɔe gɔme sese ɖe mɔ gbegblẽ nu dzie wotu dzinuvimenyanya ɖo. Eya ta eme kɔ ƒãa be mate ŋu anye nu si tso Mawu gbɔ o. Esi wònye nu siwo dzi wotui ɖo la menye nyateƒe o ta la, mate ŋu ana nyatakaka siwo ŋu kakaɖedzi le la mí tso etsɔme ŋu o. Eƒe kpododonu le go sia me dze ƒãa le ŋutinyamenudzɔdzɔ eve aɖewo me.

Le Babilon fia Nebukadnezar ƒe dziɖuɣi la, eƒe nunɔlawo kple dzinuvimenyalawo mete ŋu ɖe drɔ̃e aɖe si Fiaa ku la me nɛ o. Daniel, si nye Mawu vavã, Yehowa, ƒe nyagblɔɖila la ɖe nu si gbɔ woƒe kpododonua tso la me esime wògblɔ be: “Nya ɣaɣla, si dim fia le la, nunyalawo, bokɔnɔwo, dzotɔwo kple dzinuvimenyalawo mate ŋu aɖe egɔme na fia la o. Ke Mawu aɖe le dzi me, ame si ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go, eye eyae ɖe nu si gbɔna dzɔdzɔ ge gba aɖe gbe la fia fia Nebukadnezar.” (Daniel 2:27, 28) Ɛ̃, menye ɣe, dzinu, alo ɣletiviwo ŋue Daniel lé ŋku ɖo tsɔ ɖe drɔ̃ea gɔmeɖeɖe o, ke boŋ Yehowa Mawu, “Ame si ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go” la ŋue wòtrɔ ɖo, eye wòɖe egɔme na fia la pɛpɛpɛ.—Daniel 2:36-45.

Dzinuvimenyanya ŋuti kɔnta si Mayawo bu tsitotsito le ƒe alafa asiekelia M.Ŋ. me mete ŋu kpɔ wo ta tso woƒe anyidzedze me ɣemaɣi o. Ðaseɖiɖi siawo ɖo kpe edzi be dzinuvimenyanya nye ame beble si dzi womate ŋu ato agblɔ nu si ava dzɔ le etsɔme ɖi pɛpɛpɛ o, eye taɖodzinu si le eŋu hã dze ƒãa: si nye be wòana amewo nagatrɔ ɖe Mawu ŋu hena etsɔme ŋuti nyatakakawo o.

Nyateƒe si wònye be alakpa dzie wotu dzinuvimenyanya ɖo hã kpe ɖe mía ŋu be míade dzesi ame si gbɔ wòdzɔ tso. Yesu gblɔ le Abosam ŋu be: “Meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.” (Yohanes 8:44) Satana trɔa eɖokui “kekeli ƒe dɔla,” eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã trɔa wo ɖokuiwo “dzɔdzɔenyenye ƒe subɔlawo.” Le nyateƒe me la, wonye ameblela siwo ƒe taɖodzinue nye be yewoatre mɔ na amewo ahalé wo. (2 Korintotɔwo 11:14, 15) Mawu ƒe Nya klo nu le “ŋusẽdɔwɔwɔ kple amebeble ƒe dzesiwo kple nukunuwo” dzi be wonye “Satana ƒe dɔwɔwɔ.”—2 Tesalonikatɔwo 2:9.

Nu Si Ta Wòle Be Nàtsrii

Alakpa dzie wotu dzinuvimenyanya ɖo, eya ta enye ŋunyɔ na Yehowa, Mawu vavã la. (Psalmo 31:6) Susu ma tae Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe eŋu hexlɔ̃ nu mí be míaƒo asa nɛ ɖo. Mawu gblɔe eme kɔ ƒãa le 5 Mose 18:10-12 be: “Adzetɔ, nukala, kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Ame sia ame, si le nu sia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.”

Esi wònye Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃woe le megbe na dzinuvimenyanya ta la, gomekpɔkpɔ le eme anye mɔɖeɖe le ame ɖokui ŋu na gbɔgbɔ vɔ̃wo. Abe ale si ko atikemuame zazã ate ŋu ana ame nanɔ atikemuame dzralawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te ene la, nenema kee gomekpɔkpɔ le dzinuvimenyanya me ate ŋu akplɔ ame ade Satana, ameblela gãtɔ la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Eya ta ele be ame siwo lɔ̃a Mawu kple nyateƒea la natsri nuwɔna siwo do ƒome kple dzinuvimenyanya keŋkeŋ ahawɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui.”—Amos 5:15.

Dzinuvimenyanya nuwɔnawo va bɔ le esi amewo dina be yewoanya etsɔme ta. Ðe wòanya wɔ be míanya etsɔmea? Ne anya wɔ la, ke alekee? Biblia gblɔ na mí be mía dometɔ aɖeke mate ŋu anya nu si ava dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi etsɔ, le ɣleti si gbɔna, alo ƒe si gbɔna me o. (Yakobo 4:14) Ke hã, Biblia ƒo nu tso nu si ava dzɔ ɖe ameƒome bliboa dzi le etsɔ si gbɔna kpuie me la ŋu na mí. Ena míenya be eteƒe madidi o, Fiaɖuƒe si ŋu míedoa gbe ɖa le le Aƒetɔ ƒe gbedodoɖaa me la ava. (Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10) Egblɔ na mí hã be eteƒe madidi o, ameƒomea ƒe fukpekpewo nu ayi, eye naneke magaɖe fu na mí azɔ o. (Yesaya 65:17; Nyaɖeɖefia 21:4) Mawu meɖo nu si ava dzɔ ɖe ame sia ame dzi ɖi o, ke boŋ ele ame sia ame kpem be wòava srɔ̃ nu tso ye ŋutɔ kple nu siwo yeava wɔ le míaƒe viɖe ta la ŋu. Aleke míewɔ nya? Biblia na eme kɔ ƒãa be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.”—1 Timoteo 2:4.

Menye ɖe Mawu da dziƒoŋunuwo kple wo me nuwo ɖe yamenutoa me be woafia mɔ mí le agbe me o. Ke boŋ woɖea Yehowa ƒe ŋusẽ kple Mawunyenye fiana. (Romatɔwo 1:20) Esia nyanya aʋã mí míaƒo asa na ameflunyawo ahatrɔ ɖe Mawu kple eƒe Nya Biblia ŋu hena aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame siwo ana míakpɔ dzidzedze le agbe me. “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Mayawo ƒo wo ɖokuiwo ɖe dzinuvimenyanya nuwɔnawo me ŋutɔ

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

Dzinuvimenyanya ŋuti kɔnta si Mayawo bu tsitotsito mete ŋu kpɔ wo ta tso woƒe anyidzedze me o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

“Mawu aɖe le dzi me, ame si ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go, eye eyae ɖe nu si gbɔna dzɔdzɔ ge gba aɖe gbe la fia”

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Yamenutomekpɔxɔ si le El Caracol, Chichén Itzá, Yucatán, Mexico, 750-900 M.Ŋ.

[Picture Credit Lines on page 19]

Axa 18 kple 19, tso miame yi ɖusime: Ɣletiviawo: NASA, ESA, kple A. Nota (STScI); Mayawo ƒe ɣletigbalẽ: © Lynx/Iconotec com/age fotostock; Mayawo ƒe dzinuvimenyala: © Albert J. Copley/age fotostock; Mayawo ƒe yamenutomekpɔxɔ: El Caracol (The Great Conch) (photo), Mayan/Chichen Itza, Yucatan, Mexico/Giraudon/The Bridgeman Art Library

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe