Agbalẽtala Aɖe Na Biblia Va Bɔ
AGBALẼWO ŋɔŋlɔ kple asi kpakple agbalẽ xatsaxatsawo zazã zu blemanyawo, ƒe akpe geɖewoe nye esia. Gake agbalẽtata ya teƒe medidi nenema gbegbe o. China ye wota agbalẽ le zi gbãtɔ le ƒe 868 M.Ŋ. me, eye ati kpakpɛ dzie woɖe nuŋɔŋlɔawo ɖo tsɔ tae. Le ƒe 1455 me la, Johannes Gutenberg to mɔnu bubu vae le Germany, si nye be woaɖe nuŋɔŋlɔawo ɖe ga gbadzɛgbadzɛ dzi, eye wòzãe tsɔ ta Biblia zi gbãtɔ ɖe Latin me.
Gake ƒe geɖe megbe, esi agbalẽtata va zu dɔwɔna koŋ, hafi Biblia kple agbalẽ bubuwo tata va bɔ. Nuremberg va zu du si me koŋ agbalẽtaƒewo le le Germany, eye anye Anton Koberger, si nye du ma me vi dzidzie nye agbalẽtala gbãtɔ si ta Biblia wòde duta.
Ne menye Biblia tala gbãtɔwo, siwo dometɔ ɖekae nye Anton Koberger ye o la, anye ne Biblia makaka ɖe xexea ƒe akpa sia akpa o. Eya ta mina míaƒo nu tso Koberger kple dɔ siwo wòwɔ la ŋu vie.
‘Biblia Tata Koŋ Ŋue Wòlé Fɔ Ðo Wu’
Ƒe 1470 mee Koberger ɖo agbalẽtaƒe gbãtɔ ɖe Nuremberg. Esi eƒe dɔa va li ke la, eɖo agbalẽtaƒe 24, eye agbalẽtala 100 kple aɖaŋudɔwɔlawo kpakple dɔwɔla bubuwo nɔ dɔ wɔm nɛ le Basel, Strasbourg, Lyon, kple Europa dukɔ bubuwo me. Koberger ta agbalẽ siwo woŋlɔ ɖe Latin me kple agbalẽ siwo woŋlɔ tso dzɔdzɔmenuwo ŋu ɣemaɣi. Eta agbalẽ vovovo 236 sɔŋ. Ðewo ƒe axawo ade alafa geɖe, eye agbalẽtamɔ siwo wotrona kple asi la koe wotsɔ ta axa gbogbo mawo ɖekaɖekae.
Ale si Koberger ƒe agbalẽwo ƒe nuŋɔŋlɔawo me kɔ, ale be wonya kpɔ henya xlẽna la, wɔe be amewo lɔ̃a eƒe agbalẽwo xexlẽ. Ŋutinyaŋlɔla Alfred Börckel gblɔ be: “Koberger kpɔa egbɔ ɣesiaɣi be dɔwɔnu siwo yeazã la nana nuŋɔŋlɔawo nadze nyuie eme nakɔ. Ne ŋɔŋlɔdzesi aɖe madze nyuie ne wota agbalẽ o la, meɖea mɔ be woazãe o.” Nɔnɔmetatawo hã nɔa agbalẽ kple Biblia siwo Koberger ta la me, eye ati dzie woɖea nɔnɔmeawo ɖo hafi tana ɖe agbalẽawo me.
Oscar Hase, si ŋlɔ Koberger ƒe agbemeŋutinya la gblɔ be, le Koberger ƒe agbalẽtatadɔa wɔɣi katã la, “agbalẽ ɖeka, si nye Biblia, tata koŋ ŋue wòlé fɔ ɖo wu.” Koberger kple eƒe dɔwɔhatiwo dze agbagba ke ɖe Biblia siwo me nyawo de pɛpɛpɛ wu la ŋu heta wo. Dɔ ma wɔwɔ manya nɔ bɔbɔe o, elabena sɔlemehawo ƒe saɖeagaxɔwo mee woɣlaa asinuŋɔŋlɔgbalẽ geɖe siwo nɔ anyi ɣemaɣi, eye womelɔ̃a nu le wo gbɔ o la ɖo, eye ne woalɔ̃ aɣe wo na ame aɖe be wòagbugbɔ aŋlɔ eƒe akpa aɖe hã la, ke ɣeyiɣi vi aɖe koe woɖea asi le eŋu nɛ.
Latin Kple Germanygbe Me Bibliawo
Koberger ta Biblia Latina (Biblia si le Latin me) zi gbɔ zi 15 sɔŋ, eye ƒe 1475 mee wòtae zi gbãtɔ. Noa ƒe aɖakaa, Se Ewoawo, kple Salomo ƒe gbedoxɔa ƒe nɔnɔmetatawo dze le tatawo dometɔ aɖewo me. Koberger ta Biblia Germanica (Germanygbe me Biblia) le ƒe 1483 me; ɖekaɖeka 1,500 sɔŋ ye wòta, eye agbɔsɔsɔ gbogbo aɖee ma ɣemaɣi. Nɔnɔmetata 100 kple edzivɔ ye le eme, ale be exexlẽ nadzro amewo, woase eme nyuie, eye ame siwo menya nuxexlẽ o la nate ŋu aɖo ŋku Biblia me ŋutinya nyanyɛwo dzi. Nɔnɔmetata siwo le eme lae ame bubuwo kpɔ emegbe ta nu ɖe Biblia bubuwo me, vevietɔ Germanygbe me tɔwo.
Germanygbe me Biblia si Koberger ta le ƒe 1483 me la va xɔ ŋkɔ ŋutɔ, gake ema koe nye gbe ma me Biblia ɖeka kolia si wòta. Togbɔ be ame siwo to Bibliaa me hafi wòtae la trɔ nanewo le eme be wòasɔ kple Vulgate Biblia si le Latin me, si dzi sɔlemehaa da asi ɖo hã la, Biblia si gɔme Waldotɔwo ɖe le ƒe alafa 14 lia me, gake wode se ɖe enu la, dzie wòkpɔ trɔ asi le eŋu.a Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Papa Innocent VIII na wobu mo na Waldotɔwo katã. Gake sɔlemeha la yi edzi xe mɔ be woagaɖe Biblia gɔme ɖe gbe bubuwo me o. Le March 22, 1485 la, Germany du si nye Mainz ƒe Bisiɔpgã Berthold de se be ame aɖeke megakpɔ mɔ aɖe Biblia gɔme ɖe Germanygbe me o. Berthold gagbugbɔ se ma de le ƒe si kplɔe ɖo ƒe January 4 lia dzi. Ale si gbegbe adã ɖo ta me na sɔlemehaa ɖe Germanygbe me Bibliawo ŋu aleae wɔe be Koberger megatee kpɔ be yeata ɖeke o.
Gake Anton Koberger mewɔ dɔ vlo o. Esi wonya to agbalẽtamɔ vae ko la, eyae nye ame gbãtɔ si wɔ eŋu dɔ tsɔ na agbalẽ hamehame siwo mexɔ asi o la ka ame geɖewo si bɔbɔe le Europa ɣemaɣi. Ale Koberger na Biblia ka ame tsɛwo kura gɔ̃ hã si.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ nyati si nye “Waldotɔwo—Tso Tsitretsiɖeŋu me Va Protestanttɔnyenye Me,” si dze le March 15, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Tso miame yi ɖusime: Daniel le dzatawo ƒe do me; Ŋɔŋlɔdzesi si wodo atsyã na; Ale si nuŋɔŋlɔawo dze nyuie
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Koberger
[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Latin kple Germanygbe me Biblia siwo Koberger ta ƒe akpa aɖewo, siwo dzi numeɖeɖe kple nɔnɔmetata dzeani siwo ku ɖe 1 Mose 1:1 ŋu la dze le
[Picture Credit Lines on page 26]
Biblia Ƒe Fotoawo katã: Courtesy American Bible Society Library; Koberger: Mit freundlicher Genehmigung der Linotype GmbH