INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 9/1 axa 16-17
  • Wɔna vevi Aɖe Le Ƒu Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔna vevi Aɖe Le Ƒu Ta
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Fia Eƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Kristotɔzuzu Bia Be Ame Naxɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Gɔmesese si le Wò Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ Ŋu
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Ðe Nèsu Te Na Nyɔnyrɔxɔxɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 9/1 axa 16-17

Lɛta Si Tso Grenada

Wɔna vevi Aɖe Le Ƒu Ta

NE WODE dɔ asi na wò be nàyi ava ɖe gbeƒã Mawu ƒe Nya na amewo le duta la, nu geɖe ava susu me na wò. Abe ɖevi si nane wɔ nuku na ŋutɔ wòke ŋku ɖi le nu kpɔm gãa hele nya vovovowo biam ene la, àbia be aleke ameawo le, aleke nutoa me le, eye nu kawo me to ge yele le dɔ sia wɔwɔ me hã.

Esi woɖo mía kple srɔ̃nye ɖe Grenada, afi si ƒu ta dzeani si modzakaɖeƒe siwo ade 45 le la, míenɔ bubum be aleke teƒe mawo anɔ hã. Eteƒe medidi o, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míayi modzakaɖeƒe mawo dometɔ ɖeka, gake ame siwo va afi ma lae na míekpɔ dzidzɔ gbe ma gbe wu, ke menye ale si ŋdɔ nɔ ʋuʋum nyuie kple ale si ƒutsotsoewo nɔa ŋeŋem va kɔna ɖe ƒua ta lae o.

Míaƒe aƒe me le Grenada medidi boo tso afi ma, si nye Grand Anse Beach o, gake míekpɔ nu dzeani geɖewo le mɔa dzi! Mɔa le gɔdɔ̃gɔdɔ̃, eye míekpɔ nu geɖe siwo mate ŋu abú le ŋku dzi na mí bɔbɔe o. Togbɛawo da ama henya kpɔ ale gbegbe. Míekpɔa towo, ave dodowo, tsitsetsewo kple atsiaƒua le afi sia afi kloe le mɔa dzi. Eya tae mewɔ nuku o be amewo tsoa xexea ƒe teƒe vovovowo vana ɖia tsa le afi ma! Nutoa me nya kpɔ ale gbegbe be, ne èle ʋu kum to mɔ ma la, ele be nànɔ ŋudzɔ be nukpɔkpɔ nagahe wò susu o. Mɔawo va xaxa le afi aɖewo ale gbegbe be, bebli hafi ʋu eve ate ŋu ato wo nɔewo ŋu bɔbɔe.

Mlɔeba míeva ɖo Nutoa Me Takpekpewɔƒe, si le mɔ si to Grand Anse Beach la to. Eteƒe medidi o, Yehowa Ðasefo siwo de 600 kloe va ƒo ƒu be woade ha kple wo nɔewo, eye woasrɔ̃ Biblia. Ŋkeke vevi aɖee wònye na Lesley kple Daphne, siwo nye srɔ̃tɔ siwo le woƒe ƒe 70-awo me. Wole Lesley nyrɔ ge le takpekpe sia me. Srɔ̃anyɔnua, Daphne, le mɔ kpɔm na ŋkeke sia vevie tso gbe aɖe gbe ke, elabena wonyrɔ eya xoxoxo wòzu Yehowa Ðasefo le ƒe 1958 me ke.

Amewo nyɔnyrɔ ɖe tsi me nye wɔna vevi aɖe na Yehowa Ðasefowo. Ne ame srɔ̃ nu si tututu Biblia fia, eye wònɔa agbe ɖe enu ko hafi wonyrɔnɛ. Enye nu si wowɔna le dutoƒo si nana amewo nyana be amea tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu.

Wobia tso asinye be maɖe nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu la me na nyaselawo. Esi nuƒoa wu enu la, Lesley kple ame eve bubu siwo nyrɔ ge wole la tso. Edo awu ɣi aɖe si dzi wòɖo nyuie hebla kɔla ɖe edzi, eye wòɖo nukomo. Mebia be: “Ðe mietrɔ dzi me tso miaƒe nu vɔ̃wo me, eye mietsɔ mia ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nua?” Àde dzesii le gbe si eya kple ame bubuawo tsɔ ɖo eŋu be: “Ɛ̃!” la me be wogblɔe tso dzi me, eye wotsɔ wo ɖokui na Mawu nyateƒe.

Esi medze si Lesley ta la, nu bliboa wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Egbe be yemasrɔ̃ Biblia o ƒe geɖe. Emegbe woa kple srɔ̃a woɖi tsa yi ƒukpo aɖe dzi. Le afi ma la, woɖoe be ame sia ame nayi eya ŋutɔ ƒe sɔleme. Lesley gblɔ na Daphne be: “Yi wò sɔleme, nye hã mayi tɔnye.”

Lesley kɔ Daphne va ɖi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me, afi si Yehowa Ðasefowo kpena le, emegbe eya ŋutɔ yi Anglikan sɔleme si le nuto ma ke me. Esi wòkpã le sɔlemea la, etrɔ va be yeakɔ ye srɔ̃. Esi wòva ɖo la, amewo do vivi ɖe eŋu hedo dzaa nɛ xɔlɔ̃tɔe, eye wowɔ nu ɖe eŋu nyuie togbɔ be womekpɔe kpɔ o hã. Esia wɔ dɔ ɖe Lesley dzi vevie. Gake ame aɖeke mede nu eŋu le woƒe sɔlemea o. Lesley gblɔ na Daphne be: “Nyemagade sɔleme ma akpɔ. Ame aɖeke mekpe kpe dem teti o, osɔfoa gɔ̃ hã. Ame aɖeke medo gbe nam teti hã o. Ðeko mege ɖe eme kpoo gado dzo nublanuitɔe.” Esi eƒe afɔ nya do le sɔlemea gbe ma gbe ko la, etɔɖoƒee ma.

Ema megbee wòva do vevie Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃. Eye ele klalo azɔ be woanyrɔ ye. Ame siwo wole nyɔnyrɔ ge la dze mɔ ɖo ta ƒua ta, eye míawo hã míele wo yome. Esi atsiaƒua koe nye ma le dzedzem ta la, mehiã be woadi nu si me woanyrɔ ameawo ɖo, abe ale si Yehowa Ðasefowo wɔnɛ le woƒe takpekpewo me zi geɖe ene o. Ðeko míatso mɔ ko ayi.

Grand Anse Beach nye ƒu ta dzeani si didi kilometa etɔ̃ sɔŋ, si ƒe kewo fu tititi, eye tsiawo hã me kɔna nyuie le ƒe bliboa me. Tsaɖila siwo le afi ma la ƒe nu ku esi wokpɔ be ŋutsuwo do awu bla kɔla ɖe edzi, eye nyɔnuwo do awu kple skɛt. Lesley ɖɔ li awu hedo T-shirt kple atakpui. Wò ya bu ale si Daphne anya se le eɖokui me ŋu kpɔ, be ƒe 50 sɔŋ le ye nyɔnyrɔ megbe la, ye srɔ̃ hã va lɔ̃ wonyrɔe mlɔeba! Ɣea nɔ keklẽm nyuie ŋdɔ ma, eye Daphne hã nɔ nu kom ŋɔnyɔe. Tsaɖilawo gɔ̃ hã kpɔ dzidzɔ. Ne wonyrɔ mía nɔvi yeyeawo dometɔ ɖe sia ɖe la, woawo hã woƒoa asikpe.

Ƒu ta dzeani sia si ƒe kewo fu tititi, eye eƒe ƒutsotsoewo ŋena blewu la nye ŋutikɔkɔe na Ewɔla xoxo. Gake ŋutikɔkɔe ma gadze wu esi ame yeye etɔ̃ siwo wonyrɔ la do tso tsia me. Wo kpɔkpɔ na dzo ɖo lã me na mí wu ale si ɣea de dzo lã me na mí. Ŋkeke tɔxɛ aɖee wònye vavã. Ɛ̃, esiae nye ŋkeke vevitɔ na Lesley kple Daphne.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe