Taflatsɛdodowo—Alekee Yehowa Bua Woe?
ADAM gblɔ be: “Nyɔnu, si nètsɔ nam [be wòanɔ gbɔnye] la, eyae na atia ɖem meɖu.” Xawa gblɔ be: “Da lae blem, eye meɖui.” Nya mawo siwo mía dzila gbãtɔawo gblɔ na Mawu lae nye amegbetɔƒomea ƒe taflatsɛdodowo ƒe gɔmedzedze.—1 Mose 3:12, 13.
Esi Yehowa drɔ̃ ʋɔnu Adam kple Xawa le ale si woɖoe koŋ gbe toɖoɖo ta la, esia na wòdze ƒãa be meda asi ɖe woƒe taflatsɛdodoawo dzi o. (1 Mose 3:16-19) Ekema, ɖe wòle be míaƒo nya ta be Yehowa medaa asi ɖe taflatsɛdodowo katã dzi oa? Alo ɖe wòbua ɖewo be wosɔa? Ne nenemae la, aleke míawɔ anya esi sɔ kple esi mesɔ o? Be míaɖo nya siawo ŋu la, na míakpɔ nu si taflatsɛdodo fia la gbã.
Taflatsɛdodo nye nya si wogblɔ tsɔ ɖe susu si ta wowɔ nane ɖo, susu tae womewɔ nane o, alo susu si tae womele nane wɔ ge o, la me. Taflatsɛdodo ate ŋu anye numeɖeɖe si sɔ ku ɖe nu si tae wowɔ vodada aɖe ɖo la ŋu, eye ate ŋu anye kukuɖeɖe tso dzi me si tae woate ŋu akpɔ nublanui na agɔdzelaa alo atsɔ eƒe vodadawo akee. Ke hã, abe ale si wònye nyateƒe le Adam kple Xawa gome ene la, ate ŋu anye aɖabaŋeŋe ƒu nu si wòle be ame nawɔ dzi ahanɔ gbɔgblɔm be susu si kple susu kemɛ tae yedo kpo nu ɖo, alo ate ŋu anye alakpadada atsɔ aɖe ame ɖokui nu atsɔ atsyɔ nu nyateƒea dzi. Esi wònye be zi geɖe la, alea tɔgbie taflatsɛdodowo nɔna ta la, ame geɖe megakana ɖe woƒe nyateƒenyenye dzi o.
Ne míele taflatsɛ dom—vevietɔ ku ɖe nu siwo do ƒome kple subɔsubɔdɔ si míewɔna na Mawu ŋu—la, ele be míakpɔ nyuie be míagatsɔ ‘tamebubu totro anɔ mía ɖokuiwo blem o.’ (Yak. 1:22) Eya ta na míadzro Biblia me kpɔɖeŋu kple gɔmeɖose aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu ‘míayi edzi anɔ nuwo dom kpɔ, be wodze Aƒetɔ la ŋu hã’ la me.—Ef. 5:10.
Nu Si Mawu Di Be Míawɔ
Sedede siwo le tẽe la le Mawu ƒe Nya la me, siwo dzi wòle be mí Yehowa ƒe amewo míawɔ ɖo. Le kpɔɖeŋu me, se si Kristo de be “miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo” la gakpɔtɔ nye se si dzi wòle be Kristo yomedzela vavãwo nawɔ ɖo. (Mat. 28:19, 20) Le nyateƒe me la, se ma dzi wɔwɔ le vevie ale gbegbe be apostolo Paulo gblɔ be: “Ne nyemegblɔ nya nyui la o la, baba nam!”—1 Kor. 9:16.
Ke hã, ame aɖewo siwo míele Biblia srɔ̃m kpli ɣeyiɣi didi aɖewoe nye esia la ganɔa hehem ɖe megbe kokoko le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu. (Mat. 24:14) Ame bubu aɖewo siwo kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me tsã la dzudzɔ esia wɔwɔ. Nya kawoe ame siwo mekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me o la gblɔna tsɔ doa taflatsɛ? Alekee Yehowa wɔ nu ɖe ame siwo he ɖe megbe le eƒe se siwo le tẽe la dzi wɔwɔ ŋu le blema la ŋui?
Taflatsɛdodo Siwo Medzea Mawu Ŋu O
“Esesẽ akpa.” Vevietɔ, le ame siwo ŋu kpena le dzɔdzɔme nu gome la, awɔ na wo be gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me sesẽ na yewo akpa. Gake kpɔe ɖa be nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yona ƒe kpɔɖeŋua me hã. Wode dɔ aɖe esi, si wòsusu be esesẽ na ye akpa—Yehowa gblɔ nɛ be wòaɖe gbeƒã tsɔtsrɔ̃ si gbɔna Niniwe dzi va ge la na dua me tɔwo. Mesesẽ be míase nu si tae Yona nɔ vɔvɔ̃m na dɔ sia wɔwɔ la gɔme o. Asiria ƒe fiadue Niniwe nye, eye wonya Asiriatɔwo nyuie be wonye ŋutasẽla vɔ̃ɖiwo. Ðewohĩ Yona anya bia eɖokui be: ‘Alekee ame siawo awɔ nu ɖe ŋunye? Nu kae woatu kplim?’ Kaka woakpɔ la, Yona si dzo. Ke hã, Yehowa meda asi ɖe Yona ƒe taflatsɛdodoa dzi o. Ke boŋ Yehowa gaɖoe ɖa ake be wòayi aɖaɖe gbeƒã na Niniwetɔwo. Azɔ la, Yona wɔ dɔ si wode asi nɛ la dzideƒotɔe, eye Yehowa yra ɖe edzi.—Yona 1:1-3; 3:3, 4, 10.
Ne ewɔ na wò be dɔdeasi si nye be míaɖe gbeƒã nya nyuia la sesẽ na wò akpa la, ɖo ŋku edzi be “le Mawu ya gbɔ la, woate ŋu awɔ nu sia nu.” (Mar. 10:27) Àte ŋu aka ɖe edzi be, ne èyi edzi le Yehowa biam be wòakpe ɖe ŋuwò la, ado ŋusẽ wò eye wòayra wò nenye be èʋli vevie lé dzi ɖe ƒo be yeakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me.—Luka 11:9-13.
“Nyemedi be mawɔe o.” Nu kae nàte ŋu awɔ nenye be didi aɖeke mele mewò be yeakpɔ gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me o? Nenɔ susu me na wò be Yehowa ate ŋu awɔ dɔ le mewò eye wòade didia mewò. Paulo gblɔ be: “Mawue nye ame si le dɔ wɔm le mia me, bene didi kple nuwɔwɔ siaa nanɔ mia me le nu si dze eŋu la nu.” (Flp. 2:13) Eya ta àte ŋu abia Yehowa be wòana nàdi be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Nu ma tututue Fia David wɔ. Eƒo koko na Yehowa be: “Na mazɔ le wò nyateƒe me.” (Ps. 25:4, 5) Wò hã àte ŋu ado gbe ɖa na Yehowa tso dzi blibo me nenema ke, be wòaʋã wò nàdi be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
Mí katã míalɔ̃ ɖe edzi be, ne ɖeɖi te mía ŋu alo dzi ɖe le mía ƒo la, ehiãna ɣeaɖewoɣi be míazi mía ɖokuiwo dzi hafi ate ŋu ade kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me alo akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ne edzɔ alea la, ɖe wòle be míaƒo nya ta be míelɔ̃ Yehowa vavã oa? Kura o. Enɔ na Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema hã be woaʋli sesĩe hafi awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ be ‘yeƒoa yeƒe ŋutilã kple kɔ vevie,’ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, ale be yeate ŋu awɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi. (1 Kor. 9:26, 27) Eya ta nenye be ava hiã be míazi mía ɖokuiwo dzi hafi akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra mí. Nu ka tae? Elabena susu nyui tae míezi mía ɖokui dzi wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɖo—lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa tae. Ne míele ewɔm alea la, míenaa wokpɔa ŋuɖoɖo na Satana ƒe gbetɔame si nye be Mawu subɔlawo agbe nu le Mawu gbɔ ne tetekpɔ va wo dzi.—Hiob 2:4.
“Vovo mele ŋunye kura o.” Ne mèkpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me o le esi nèsusui be vovo mele ye ŋu o ta la, ele vevie ŋutɔ be nàgbugbɔ alé ŋku ɖe nu siwo nètsɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ la ŋu. Yesu gblɔ be: ‘Eya ta miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la dim gbã.’ (Mat. 6:33) Be nàwɔ ɖe gɔmeɖose sia si fiaa mɔ ame dzi la, ɖewohĩ ahiã be nàtrɔ asi le ale si nèle agbe nɔmee la ŋu wòanɔ tsɛe wu alo nàɖe ɣeyiɣi si nètsɔ ɖea modzakae la dzi akpɔtɔ eye nàzãe le subɔsubɔdɔa me. Enye nyateƒe be ehiã be míaɖe modzaka eye míawɔ míawo ŋutɔwo míaƒe dɔ aɖewo ya, gake womenye taflatsɛdonu siwo sɔ, siwo tae míagbe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me o. Mawu subɔlawo tsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me.
“Nyemedze o.” Àte ŋu anɔ sesem le ɖokuiwò me be yemedze anye nya nyuia ƒe gbeƒãɖela o. Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖewo siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la se le wo ɖokuiwo me be yewomedze awɔ dɔ siwo Yehowa de yewo si la o. Bu Mose ŋu kpɔ. Esi Yehowa de dɔ aɖe koŋ asi na Mose la, egblɔ be: “Taflatse, Aƒetɔ, nyemenya nuƒoƒo o, eye esia metso etsɔ kple nyitsɔ alo tso esime nède asi nuƒoƒo me kple wò dɔla o, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o.” Togbɔ be Yehowa na kakaɖedzi Mose hã la, egblɔ be: “Taflatse, Aƒetɔ, di ame aɖe dɔ boŋ.” (2 Mose 4:10-13) Aleke Yehowa wɔ nui?
Yehowa megblɔ na Mose be wòanɔ anyi ne yeadɔ ame bubu o. Ke hã, Yehowa tia Aron be wòakpe ɖe Mose ŋu le dɔa wɔwɔ me. (2 Mose 4:14-17) Gakpe ɖe eŋu la, le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, Yehowa nɔ Mose ŋu eye wòna kpekpeɖeŋu siwo katã wòhiã be wòate ŋu akpɔ dzidzedze le dɔ si Mawu ɖo nɛ la wɔwɔ me la eyama. Egbea àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aʋã nɔvi haxɔsetɔ kpɔnuteƒewo be woakpe ɖe wò hã ŋuwò be nàwɔ wò subɔsubɔdɔ la ade goe. Ƒo wo katã ta la, Mawu ƒe Nyaa ka ɖe edzi na mí be, Yehowa ana míadze na dɔ si wòde se na mí be míawɔ la.—2 Kor. 3:5; kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye, “Ƒe Siwo Me Mekpɔ Dzidzɔ Le Wu Le Nye Agbe Me.”
“Ame aɖe wɔ nu wòvem.” Ame aɖewo dzudzɔ gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me alo dzudzɔ kpekpewo dede, elabena ame aɖe de abi woƒe seselelãme ŋu, eye wosusuna be Yehowa ase egɔme be esia nye taflatsɛdodo si sɔ si tae yewogbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ɖo. Togbɔ be woate ŋu ase egɔme na mí be ame aɖe de abi míaƒe seselelãme ŋu hã la, ɖe esia nye taflatsɛdodo si sɔ si tae wòle be míadzudzɔ gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me ɖoa? Paulo kple nɔvia haxɔsetɔ Barnaba wɔ nu wòve wo nɔewo le masɔmasɔ aɖe si ɖo wo dome, si wɔe be “woʋli nya kpli wo nɔewo dzikutɔe” la ta. (Dɔw. 15:39) Gake ɖe esia wɔe be wo dometɔ aɖe dzudzɔ gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa mea? Gbeɖe!
Nenema kee ne nɔviwò haxɔsetɔ aɖe wɔ nu wòve wò la, nenɔ susu me na wò be wò futɔ lae nye Satana, ame si le didim be yeavuvu wò, ke menye nɔviwò Kristotɔ madeblibo lae o. Gake ne ètsi “tsitre sesĩe ɖe [Abosam] ŋuti le xɔse me” la, mate ŋu akpɔ dzidzedze o. (1 Pet. 5:8, 9; Gal. 5:15) Ne xɔse sia ƒomevi le asiwò la, mava eme gbeɖe be ‘nàɖu ŋukpe o.’
Nu Kae Wòle Be Míawɔ Ne Míagate Ŋu Awɔ Geɖe O
Le taflatsɛdodo ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ siawo me dzodzro megbe la, eme kɔ ƒãa be taflatsɛdodo aɖeke meli si sɔ le Ŋɔŋlɔawo nu si tae míagbe Yehowa ƒe sedede si le tẽe, si me dɔ si wode mía si be míaɖe gbeƒã nya nyuia hã le, la dzi wɔwɔ o. Ke hã, susu nyuiwo ate ŋu anɔ anyi siwo tae míate ŋu awɔ geɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa me o. Ŋɔŋlɔawo me agbanɔamedzi bubuwo gbɔ kpɔkpɔ ate ŋu aɖe ɣeyiɣi si míeɖo ɖi na gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ la dzi akpɔtɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be ɖeɖi nate mía ŋu belibeli alo míadze dɔ vevie ale gbegbe be míate ŋu awɔ dɔ si Yehowa de mía si la abe ale si míedii ene o. Ke hã, Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be, Yehowa nya míaƒe dzi me didiwo eye wòɖoa ŋku afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo.—Ps. 103:14; 2 Kor. 8:12.
Eya ta ele be míakpɔ nyuie be míaganɔ ʋɔnu drɔ̃m mía ɖokuiwo alo ame bubuwo nuŋumabumabui le nya siawo me o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ame kae nènye, be nàdrɔ̃ ʋɔnu ame bubu ƒe aƒemesubɔvi? Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔe wòle tsitre alo dze anyi na.” (Rom. 14:4) Le esi míatsɔ mía ɖokuiwo nɔ sɔsɔm kple ame bubuwo teƒe la, ele be míaɖo ŋku edzi be “mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Rom. 14:12; Gal. 6:4, 5) Ne ahiã be míate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me eye míaɖe nu siwo gbɔ wòtso be míete ŋu le geɖe wɔm o la agblɔ nɛ la, mía dometɔ ɖe sia ɖe awɔ esia kple “dzitsinya anukwaretɔ.”—Heb. 13:18.
Nu Si Tae Yehowa Subɔsubɔ Naa Míekpɔa Dzidzɔ
Mí katã míate ŋu atsɔ dzi kpɔdzidzɔ asubɔ Yehowa, elabena aleke kee nɔnɔmeawo ɖale na mí le agbe me o, eƒe nudidiwo dana sɔna ɣesiaɣi eye míate ŋu aɖo wo gbɔ. Nu ka tae míate ŋu agblɔe alea?
Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Mègate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.” (Lod. 3:27) Nu kae nède dzesi le lododo sia me ku ɖe Mawu ƒe nudidiwo ŋu? Yehowa mede se na wò be nàʋli sesĩe be wò ŋutete nasɔ kple ŋutete si le nɔviwò haxɔsetɔwo si o, ke boŋ edi be nàsubɔ ye ‘ le ŋutete si le ŋuwò la nu.’ Ɛ̃, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu asubɔ Yehowa tso dzi blibo me, metsɔ le eme ne míaƒe ŋutetewo de ŋgɔ alo le ʋɛ o.—Luka 10:27; Kol. 3:23.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 14]
“Ƒe Siwo Me Mekpɔ Dzidzɔ Wu Le Nye Agbe Me”
Ne míedze afɔku vevie alo seselelãmekuxi sesẽ aɖewo le fu ɖem na mí la, mele be míatsi dzi aƒo nya ta be esiawo awɔe be míate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me bliboe o. Be míawɔ esia ƒe kpɔɖeŋu la, bu Ernest, nɔviŋutsu Krsitotɔ aɖe si le Canada la ŋu kpɔ.
Nu menya ƒona na Ernest o eye ŋu hã kpenɛ vevie. Esi wòva dze afɔku vevie eye esia wɔe be wòxɔ dzimedɔ sesẽ aɖe megbe la, eɖe asi le dɔ si wòwɔna abe xɔtudɔwɔla ene la ŋu. Togbɔ be eva zu nuwɔametɔ hã la, eƒe nɔnɔmeawo ɖe mɔ nɛ wòtea ŋu zãa ɣeyiɣi geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Esi wonɔ dzi dem ƒo na hamea le kpekpewo me be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa la, esia ʋã eƒe dzi vevie. Ke hã, ese le eɖokui me be ŋutete mele ye ŋu be yeawɔ subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia o.
Esi wòdi be yeakpɔe ɖa be nyateƒee wònye be yemate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o la, ede asi agbalẽ te be yeatee kpɔ hena ɣleti ɖeka. Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ esi wòkpɔe be yete ŋu ɖo gaƒoƒonudidia gbɔ dzidzedzetɔe. Emegbe la, esusu le eɖokui me be, ‘Menya be nyemagate ŋu awɔe gbeɖe o.’ Be wòakpɔe ɖa be magate ŋu awɔe o hã la, egade asi agbalẽ te ake—eye le esia hã me la, egaɖo nudidia gbɔ ake.
Ernest subɔ abe kpekpeɖeŋu mɔɖela ene hena ƒe ɖeka, gake egblɔ na eɖokui be, “Meka ɖe edzi be nyemate ŋu azu gbesiagbe mɔɖela gbeɖe o.” Le go sia hã me la, be wòakpɔe ɖa be mate ŋu anye gbesiagbe mɔɖela o nyateƒe hã la, ede asi agbalẽ te be yeatee kpɔ. Ewɔ nuku nɛ ale gbegbe esi wòkpɔe be yeɖo gaƒoƒonudidia gbɔ le ƒe gbãtɔa me. Etso nya me be yeayi gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi eye wòkpɔ dzidzɔ le esia wɔwɔ me ƒe eve sɔŋ va se ɖe esime eƒe dɔlélea va nyra ɖe edzi eye wòdɔ alɔ̃ le ku me. Ke hã, hafi wòaku la, ne amewo va srãe kpɔ la, zi geɖe la, aɖatsi lólona ɖe ŋku dzi nɛ wògblɔna be: “Ƒe siawo siwo me mesubɔ Yehowa le abe mɔɖela ene lae nye ƒe siwo me mekpɔ dzidzɔ le wu le nye agbe me.”
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Míate ŋu aɖu nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si ate ŋu axe mɔ na míaƒe subɔsubɔdɔa dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Edzɔa dzi na Yehowa, ne míesubɔnɛ kple luʋɔ blibo to nu sia nu si míaƒe nɔnɔmeawo ɖe mɔ na mí be míawɔ la wɔwɔ me