INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 11/15 axa 12-16
  • Sɔhɛwo—Nu Kae Miawɔ Le Agbe Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔhɛwo—Nu Kae Miawɔ Le Agbe Me?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Taɖodzinu Kawoe Nàte Ŋu Aɖo Na Ðokuiwò?
  • Ale Si Nàwɔ Aɖo Nyɔnyrɔxɔxɔ Ƒe Taɖodzinua Gbɔ
  • Aleke Nàwɔ Aɖo Wò Taɖodzinuwo Gbɔ?
  • Alesi Nàwɔ Aɖo Wò Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • 12 Taɖodzinuwo
    Nyɔ!—2018
  • Sɔhɛwo—Gbɔgbɔmetaɖodzinu Kawoe Le Mia Si?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 11/15 axa 12-16

Sɔhɛwo—Nu Kae Miawɔ Le Agbe Me?

“Ale si mele nye kɔwo dam lae nye esi: be wòaganye be mele dadagbo dam o.”—1 KOR. 9:26.

1, 2. Esi nèɖo ta tsitsi me la, nu kawoe wòle be woanɔ asiwò hafi agbe nadze adzi na wò?

NE ÈLE mɔ zɔ ge ato gbememɔ si mènya o la, ɖewohĩ àdi be yeatsɔ anyigba ƒe nɔnɔmetata kple taɖoƒefianu ɖe asi.a Anyigba ƒe nɔnɔmetataa akpe ɖe ŋuwò nànya afi si nèle, eye wòakpe ɖe ŋuwò nànya afi si wòle be nàto. Taɖoƒefianua akpe ɖe ŋuwò be màbu o. Gake ne mènya afi si yim nèle o la, anyigba ƒe nɔnɔmetataa kple taɖoƒefianua siaa maɖe vi boo aɖeke na wò o. Be nàganɔ tsaglãla tsam dzodzro o la, ehiã be afi si yim nèle la nanɔ susu me na wò nyuie.

2 Wò hã èle nɔnɔme ma tɔgbi me esi nèɖo ta tsitsi me. Anyigba ƒe nɔnɔmetata kple taɖoƒefianu si ŋu kakaɖedzi le la le asiwò. Bibliae nye anyigba ƒe nɔnɔmetata si akpe ɖe ŋuwò nànya mɔ si nàto le agbe me. (Lod. 3:5, 6) Ne èna hehe wò dzitsinya nyuie la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò geɖe be nàyi edzi azɔ le mɔ nyuitɔa dzi. (Rom. 2:15) Wò dzitsinya ate ŋu awɔ dɔ abe taɖoƒefianu ene. Gake hafi agbea nadze edzi na wò la, ele be nànya nu si nèdi be yeawɔ le agbe me. Ele be nàɖo taɖodzinu aɖewo koŋ na ɖokuiwò.

3. Le 1 Korintotɔwo 9:26 la, nu nyui kawoe Paulo gblɔ be ado tso taɖodzinuwo ɖoɖo na mía ɖokuiwo me?

3 Apostolo Paulo gblɔ nu nyui siwo dona tso taɖodzinuwo ɖoɖo na mía ɖokuiwo kple kutrikuku be míaɖo wo gbɔ me kpuie ale: “Ale si mele dua ƒum lae nye esi: nyemele eƒum ɖewoɖewoe o; ale si mele nye kɔwo dam lae nye esi: be wòaganye be mele dadagbo dam o.” (1 Kor. 9:26) Ne èɖo taɖodzinu aɖewo koŋ na ɖokuiwò la, mànɔ agbedua ƒum ɖewoɖewoe o. Eteƒe madidi o, ava hiã be nàwɔ nyametsotso veviwo ku ɖe nanewo abe, subɔsubɔ, dɔwɔɖui, srɔ̃ɖeɖe, kple ƒome ene, ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, àse le ɖokuiwò me be nu siwo ŋu wòhiã be nàtso nya me le la sɔ gbɔ ale gbegbe be ètɔtɔ. Ke hã, ne èwɔ ɖoɖo ɖe nu siwo wòle be nàwɔ ŋu do ŋgɔ, eye nèzã nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nya la me kple gɔmeɖose siwo le eme la le wò nyametsotso wɔwɔ me la, màbu mɔ o.—2 Tim. 4:4, 5.

4, 5. (a) Ne mèɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò o la, nu kae ate ŋu adzɔ? (b) Nu ka tae wòle be nàna didi be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nafia mɔ wò le tiatia siwo nèwɔna la me?

4 Ne mèɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò o la, ate ŋu adzɔ be hatiwòwo kple wò nufialawo aƒoe ɖe nuwò be nàwɔ nu siwo wosusu be wonyo na wò. Gake ne èɖo taɖodzinu aɖewo koŋ na ɖokuiwò gɔ̃ hã la, wo dometɔ aɖewo agate ŋu atsɔ bubu ɖewo aɖo ŋkuwòme kokoko. Ne èle to ɖom woƒe nukpɔsusuawo la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe taɖodzinu siwo wotsɔ le ŋkunyeme ɖom la akpe ɖe ŋunye be maɖo ŋku Wɔnyela dzi le nye sɔhɛmenɔɣi loo alo woaxe mɔ nam?’—Mixlẽ Nyagblɔla 12:1.

5 Nu ka tae wòle be nàna didi be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nafia mɔ wò le tiatia siwo nèwɔna me? Susu ɖekae nye be, Yehowa ye na nu nyui siwo katã le mía si la mí. (Yak. 1:17) Le nyateƒe me la, agba le ame sia ame dzi be wòada akpe na Yehowa. (Nyaɖ. 4:11) Ðe mɔ nyui bubu aɖe gali si dzi nàto ada akpe na Yehowa wu be nàɖo ŋku eyama dzi ne èle taɖodzinuwo ɖom le agbe mea? Na míabu taɖodzinu siwo wòanyo be nàɖo na ɖokuiwò kple nu siwo wòle be nàwɔ aɖo wo gbɔ la ŋu.

Taɖodzinu Kawoe Nàte Ŋu Aɖo Na Ðokuiwò?

6. Taɖodzinu vevi gbãtɔ kae nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò, eye nu ka tae?

6 Abe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, taɖodzinu vevi gbãtɔ si nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò lae nye be nàku nu me ahakpɔe ɖa be nya siwo le Biblia me la nye nyateƒe vavã hã. (Rom. 12:2; 2 Kor. 13:5) Ðewohĩ hatiwòwo xɔ amedzɔtsolãme alo subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafia vovovowo dzi se le esi wogblɔ na wo be nu mawo dzie wòle be woaxɔ ase ta. Ke wò la, mele be nàxɔ nane dzi ase le esi wogblɔ na wò be eya dzie wòle be nàxɔ ase ko ta o. Ðo ŋku edzi be Yehowa di be nàsubɔ ye kple wò tamesusu blibo. (Mixlẽ Mateo 22:36, 37.) Mía Fofo si le dziƒo la di be nàtu wò xɔse ɖe kpeɖodzi sẽŋuwo dzi.—Heb. 11:1.

7, 8. (a) Taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo kaba kawoe nàɖo na ɖokuiwò, be woakpe ɖe ŋuwò nàdo ŋusẽ wò xɔse? (b) Nu nyui kawoe ado tso eme na wò ne èɖo taɖodzinu siawo dometɔ aɖewo gbɔ?

7 Be nàdo ŋusẽ wò xɔse la, ɖe manyo be nàɖo taɖodzinu aɖewo siwo gbɔ nàte ŋu aɖo kaba la na ɖokuiwò oa? Ðeka ate ŋu anye be nàɖoe be yeanɔ gbe dom ɖa gbe sia gbe. Nu si akpe ɖe ŋuwò be wò gbedodoɖa manye nya ɖeka tɔgbi gbɔgblɔ o, eye wòaku ɖe nanewo koŋ ŋu lae nye be nàlé nu ɖedzesi siwo dzɔ le ŋkekea me, siwo nàdi be yeade yeƒe gbedodoɖa me la ɖe susu me alo nàŋlɔ wo ɖi. Kpɔ egbɔ be manye nɔnɔme sesẽ siwo me nèto le ŋkekea me la koe nàde wò gbedodoɖa me o, ke nàƒo nu tso nu siwo do dzidzɔ na wò hã ŋu. (Flp. 4:6) Taɖodzinu bubue nye be nàxlẽ Biblia gbe sia gbe. Ènya be ne èxlẽ Biblia ƒe axa ene gbe sia gbe la, àte ŋu axlẽ Biblia bliboa le ƒe ɖeka ko mea?b Psalmo 1:1, 2 gblɔ be: ‘Woayra ame si kpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli.’

8 Taɖodzinu etɔ̃lia si gbɔ nàte ŋu aɖo kaba lae nye be nàɖoe be yeadzra ɖo aɖo nya ŋu le hame ƒe kpekpe ɖe sia ɖe me. Le gɔmedzedzea la, àte ŋu aɖoe be yeaxlẽ ŋuɖoɖoa tso agbalẽa me tẽe alo yeaxlẽ mawunyakpukpui aɖe. Emegbe la, àte ŋu aɖoe be yeaɖo nya ŋu le ye ŋutɔ yeƒe nyagbewo me. Le nyateƒe me la, ɣesiaɣi si nèɖo nya ŋu la, èle vɔ sam na Yehowa. (Heb. 13:15) Ne èɖo taɖodzinu siawo dometɔ aɖewo gbɔ ko la, dzideƒo geɖe asu asiwò, eye wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu hã adzi ɖe edzi, eye àsu te be nàɖo taɖodzinu siwo gbɔ ɖoɖo axɔ ɣeyiɣi didi aɖe la na ɖokuiwò.

9. Ne mèzu Fiaɖuƒegbeƒãɖela haɖe o la, taɖodzinu siwo gbɔ ɖoɖo axɔ ɣeyiɣi didi, siwo nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò la dometɔ aɖewo ɖe?

9 Taɖodzinu siwo gbɔ ɖoɖo axɔ ɣeyiɣi didi kawoe nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò? Ne mèdze gbeƒãɖeɖe le dutoƒo gɔme haɖe o la, ke taɖodzinu si gbɔ ɖoɖo axɔ ɣeyiɣi didi si nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò ye nye be nàva zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela. Ne ète ŋu ɖo taɖodzinu sia gbɔ ko la, ɖoe be nàzu gbeƒãɖela bibi si dea gbeadzi edziedzi, eye be ɣleti ɖeka nagato tawò ava yi esi màde gbeadzi o. Taɖodzinu bubue nye be nàsrɔ̃ ale si nàbi ɖe Biblia zazã me le gbeadzi. Ne èwɔ esia la, àkpɔe be gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ avivi nuwò ŋutɔ. Ema megbe la, àte ŋu anɔ ɣeyiɣi geɖe wu zãm le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me alo adze agbagba awɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ gɔ̃ hã. Esi nènye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ azɔ la, taɖodzinu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò ye nye be nàdze axɔ nyɔnyrɔ eye nàzu Yehowa Mawu ƒe Ðasefo ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ.

10, 11. Taɖodzinu siwo gbɔ ɖoɖo axɔ ɣeyiɣi didi kawoe sɔhɛ siwo xɔ nyɔnyrɔ ate ŋu aɖo na wo ɖokuiwo?

10 Ne Yehowa subɔla si xɔ nyɔnyrɔ xoxo ye nènye la, taɖodzinu siwo gbɔ ɖoɖo axɔ ɣeyiɣi didi, siwo nàte ŋu aminya la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna. Ðewohĩ àdi be tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, yeakpe asi ɖe hame aɖewo ŋu be woaɖe gbeƒã le anyigbamama siwo me womewɔa dɔ le edziedzi o la me. Ne èle lãmesẽ me la, àte ŋu atiae hã be yeazã yeƒe ŋusẽ atsɔ awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Mɔɖela akpe geɖe siwo le dzidzɔ kpɔm la agblɔ na wò be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa nye mɔ si dzi nàto aɖo ŋku Wɔwòla dzi le wò sɔhɛmenɔɣi, si ŋu viɖe le. Esiawo nye taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo esi nègakpɔtɔ le dziwòlawo gbɔ. Ne èɖo taɖodzinu siawo gbɔ la, aɖe vi na miaƒe hamea hã.

11 Taɖodzinu siwo gbɔ ɖoɖo axɔ ɣeyiɣi didi la dometɔ aɖewo ate ŋu ana wò dɔwɔwɔ naɖe vi na hame bubuwo hã. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ayi afi si gbeƒãɖelawo hiã le geɖe wu le miaƒe dukɔa me alo le dukɔ bubu me. Ðewohĩ anye wò didi be nàkpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo alo alɔdzedɔwɔƒewo tutu ŋu le dukɔ bubuwo me. Àte ŋu azu Betel dɔwɔla alo dutanyanyuigblɔla gɔ̃ hã. Ke hã, taɖodzinu vevi aɖe si gbɔ wòle be nàɖo gbã hafi ate ŋu aɖo taɖodzinu siawo siwo ŋu nya míegblɔ la dometɔ geɖe gbɔ ye nye nyɔnyrɔxɔxɔ. Ne mèxɔ nyɔnyrɔ haɖe o la, bu nu siwo wòahiã be nàwɔ be nàte ŋu aɖo taɖodzinu sia, si hiã vevie le wò agbe me, gbɔ la ŋu kpɔ.

Ale Si Nàwɔ Aɖo Nyɔnyrɔxɔxɔ Ƒe Taɖodzinua Gbɔ

12. Susu kawo tae ame aɖewo xɔa nyɔnyrɔ ɖo, gake nu ka tae emawo ɖeɖe mesɔ gbɔ o?

12 Le wò susu nu la, nu ka tae wòle be ame naxɔ nyɔnyrɔ? Ame aɖewo asusui be, ne yewoxɔ nyɔnyrɔ la, akpɔ yewo ta be yewomawɔ nu vɔ̃ o. Ame bubuwo hã ate ŋu asusui be esi wònye be yewo hatiwo xɔ nyɔnyrɔ ta la, ele be yewo hã yewoaxɔ nyɔnyrɔ. Ðewohĩ sɔhɛ bubuwo hã adi be yewoadze yewo dzilawo ŋu. Ke hã, nyɔnyrɔxɔxɔ menye nu si axe mɔ na wò be màwɔ nu siwo dzroa wò, siwo nèdina be yeawɔ le adzame la o; nenema kee mele be nàxɔ nyɔnyrɔ le esi ame bubuwo ƒoe ɖe nuwò ko ta o. Gake ne ènya nu si wòbia be ame nanye Yehowa Ðasefo la nyuie eye nèle klalo helɔ̃ faa be yeaxɔ agbanɔamedzi ma ade eme ko hafi wòle be nàxɔ nyɔnyrɔ.—Nyagb. 5:4, 5.

13. Nu ka tae wòle be nàxɔ nyɔnyrɔ?

13 Susu ɖeka aɖe si tae wòle be nàxɔ nyɔnyrɔ ye nye be, Yesu de se na eyomedzelawo be ‘woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo, eye woanyrɔ wo.’ Eya ŋutɔ hã xɔ nyɔnyrɔ heto esia dzi ɖo kpɔɖeŋu ɖi. (Mixlẽ Mateo 28:19, 20; Marko 1:9.) Gawu la, nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔ vevi aɖe si wòle be ame siwo di be yewoakpɔ ɖeɖe la naɖe. Esi apostolo Petro gblɔ aɖaka si Noa kpa si dzi woto ɖe eya kple eƒe ƒomea le Tsiɖɔɖɔa me la ŋu nya vɔ la, egblɔ be: “Nu si sɔ kple esia la le miawo hã mia ɖem fifia; nu siae nye nyɔnyrɔxɔxɔ . . . to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi dzi.” (1 Pet. 3:20, 21) Gake esia mefia be nyɔnyrɔxɔxɔ le abe nugblẽfexeɖoɖo aɖe, si nàwɔ kple susu be nàxɔ kpekpeɖeŋu ne afɔku aɖe dzɔ, ene o. Ke boŋ ele be nàxɔ nyɔnyrɔ le esi nèlɔ̃ Yehowa eye nèdi be nàtsɔ wò dzi, luʋɔ, susu, kple ŋusẽ katã asubɔe ta.—Mar. 12:29, 30.

14. Anye nu ka tae ame aɖewo hena ɖe megbe le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu, gake kakaɖedzi kae le asiwò?

14 Ame aɖewo ahe ɖe megbe le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu le esi wole vɔvɔ̃m be le yewoƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, woate ŋu ava ɖe yewo le ha me ta. Ðe vɔvɔ̃ ma le wò hã mewòa? Ne ele alea la, vɔvɔ̃ ma ŋutɔ menye nu gbegblẽ le eɖokui si o. Ate ŋu afia be ènya ŋkubiãnya si wònye be ame nanye Yehowa Ðasefo. Ðe wòanye be susu bubu aɖe hã tae? Ðewohĩ mèkpɔ ka ɖe edzi be agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu ye nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake o. Ne nenemae la, ŋugbledede le nu siwo dzɔna ɖe ame siwo ŋea aɖaba ƒua Biblia me gɔmeɖosewo dzi ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso. Alo ate ŋu anye be èkpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu gake kakaɖedzi mele asiwò be àte ŋu anɔ agbe ɖe wo nu o. Le nyateƒe me la, esia ate ŋu anye dzesi nyui aɖe, elabena eɖee fia be èbɔbɔa ɖokuiwò. Nya lae nye be, Biblia gblɔ be amegbetɔ madeblibowo katã ƒe dzi nye alakpatɔ. (Yer. 17:9) Ke hã, ne ‘èlé ŋku ɖe ɖokuiwò ŋu ɖe Mawu ƒe nya la nu’ ɣesiaɣi la, àkpɔ dzidzedze. (Mixlẽ Psalmo 119:9.) Nu ka kee na nèle nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe o, ele be nàkpɔ nu mawo kpakple kplamatsedonu ɖe sia ɖe gbɔ.c

15, 16. Aleke nàwɔ anya be èsu te axɔ nyɔnyrɔ?

15 Ke aleke nàwɔ anya be èsu te axɔ nyɔnyrɔ? Mɔ ɖekae nye be nàbia nya siwo gbɔna la tɔgbiwo ɖokuiwò: ‘Ðe mate ŋu aɖe Biblia me gɔmedzenufiafiawo me na ame bubuwoa? Ðe meyia gbeadzi ne dzinyelawo meyi o gɔ̃ hã? Ðe medzea agbagba dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã? Ðe mate ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi aɖewo siwo me metsi tsitre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo ŋu la dzia? Ne dzinyelawo kple xɔ̃nyewo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ hã la, ɖe mayi edzi asubɔea? Ðe medo gbe ɖa tso mía kple Mawu dome ƒomedodoa ŋua? Eye ɖe metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa bliboe le gbedodoɖa mea?’

16 Nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔɖeɖe aɖe si trɔa ame ƒe agbenɔnɔ si mele be woabu fefenya o. Ðe nètsi nyuie ate ŋu abu nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu moveviɖoɖotɔea? Ne ame aɖe tea ŋu wɔa dɔdeasiwo nyuie le kplɔ̃ ta alo ɖoa nya ŋu nyuie le kpekpewo me la, menye ema ɖeɖe koe fia be etsi o. Tsitsinyenye bia be amea nate ŋu anɔ te ɖe Biblia me gɔmeɖose siwo gɔme wòse dzi awɔ nyametsotso nyuiwo. (Mixlẽ Hebritɔwo 5:14.) Ne nɔnɔmeawo ɖee fia be àte ŋu awɔ afɔɖeɖe sia fifia la, ke mɔnukpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kplii o la le ŋkuwòme—eyae nye be nàsubɔ Yehowa tso wò dzi blibo me, eye nànɔ agbe le mɔ si aɖee afia be èɖe adzɔgbe nɛ vavã la nu.

17. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe dodokpɔ siwo nàdo goe le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la nu?

17 Le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe teti la, ɖewohĩ wò dzonɔameme le Mawu subɔsubɔ me adzi ɖe edzi. Ke hã, eteƒe madidi o, àte ŋu ado go tetekpɔ siwo ado wò xɔse kple tenɔnɔ kpɔ. (2 Tim. 3:12) Megawɔ na wò be ahiã be nàkpe akɔ kple dodokpɔ siawo le ɖokuiwò si o. Bia aɖaŋuɖoɖo tso dziwòlawo gbɔ. Di kpekpeɖeŋu tso hamea me tɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me la gbɔ. Dze xɔlɔ̃ kple ame siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Mègaŋlɔ be gbeɖe be Yehowa tsɔa ɖe le eme na wò, eye be ado ŋusẽ wò be nàte ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si nàdo goe la nu o.—1 Pet. 5:6, 7.

Aleke Nàwɔ Aɖo Wò Taɖodzinuwo Gbɔ?

18, 19. Aleke ŋkuléle ɖe nu siwo nètsɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ ŋu aɖe vi na wòe?

18 Togbɔ be susu nyuiwo le asiwò hã la, ɖe wòwɔ abe mèkpɔa ɣeyiɣi geɖe tsɔ wɔa nu siwo nèɖo be yeawɔ kple nu siwo wòhiã be nàwɔ la gbeɖe oa? Ne ele alea la, ke ele be nàlé ŋku ɖe nu siwo nètsɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ la ŋu. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: Tsɔ aŋetɔkpo aɖe eye nàlɔ kpe gãgãwo akɔ ɖe eme. Azɔ lɔ ke kɔ ɖe kpeawo dzi le tɔkpoa me va se ɖe esime wòayɔ. Trɔ kpea kple kea kɔ ɖe nane me. Eye fifia la, kɔ ke ma ke ɖe tɔkpoa me gbã, eye nàdze agbagba be yeakɔ kpeawo katã hã ɖe kea dzi le tɔkpoa me. Aleke nèkpɔe? Kpeawo katã mete ŋu le tɔkpoa me yim o, alo? Esi nèkɔ kea ɖe tɔkpoa me gbã tae.

19 Ne èle nya me tsom le ale si nàzã wò ɣeyiɣi ŋu la, kuxi ma tɔgbi adze ŋgɔ wò. Ne ètsɔ nanewo, abe modzakaɖeɖe ene, ɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me la, àse le ɖokuiwò me be ɣeyiɣi geɖe mele ye si yeatsɔ awɔ nu siwo le vevie wu—siwo do ƒome kple Mawu subɔsubɔ—la o. Gake ne ètsɔ aɖaŋu si Biblia ɖo be ‘míakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii nyuie’ la de dɔwɔwɔ me la, àkpɔ ɣeyiɣi atsɔ awɔ Fiaɖuƒea ƒe dɔwo eye àkpɔ ɖe atsɔ aɖe modzaka ale si sɔ.—Flp. 1:10.

20. Ne wòdzɔ be wò susu le wɔwɔm eveve, alo ètsi dzimaɖi esi nèle agbagba dzem be nàɖo wò taɖodzinuwo gbɔ la, nu kae wòle be nàwɔ?

20 Esi nèle agbagba dzem be nàɖo wò taɖodzinuwo, siwo dome nyɔnyrɔxɔxɔ hã le, gbɔ la, wò susu ate ŋu anɔ wɔwɔm eveve, alo àtsi dzimaɖi. Ne edzɔ alea la, ‘tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eye eya ŋutɔ akpɔ tawò.’ (Ps. 55:23) Mɔnukpɔkpɔ le ʋuʋu ɖi na wò fifia be nàkpɔ gome le dɔ si me dzidzɔ le wu, si le vevie wu ɖe sia ɖe le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me, si nye gbeƒãɖeɖedɔ kple nufiafiadɔ si wɔm wole le xexea me katã, la me. (Dɔw. 1:8) Àte ŋu atiae be yeanɔ adzɔge anɔ nu kpɔm esi ame bubuwo le dɔ sia wɔm. Alo àte ŋu atiae be yeakpɔ gome le eme. Mègahe ɖe megbe o, zã dzɔdzɔmeŋutete siwo le asiwò la nàtsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu. Mave wò akpɔ gbeɖe be nèsubɔ “Wɔwòla” la “le wò ɖekakpuiŋkekewo me” o.—Nyagb. 12:1.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Taɖoƒefianu (compass alo la boussole) nye mɔfianu aɖe si kpena ɖe ame ŋu wònyana akpa si wòle be wòaɖo tae. Enana wònyana ne ɣedzeƒe alo ɣetoɖoƒe gome loo, dziehe alo anyiehe gomee wòle be wòaɖo ta.

b Kpɔ August 1, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ axa 15-18.

c Kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Babla 2 lia, ta 34, be nàkpɔ aɖaŋuɖoɖo bubuwo ku ɖe nya sia ŋu.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae wòle nàɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò?

• Taɖodzinu siwo ŋu viɖe le kawoe nàte ŋu aminya?

• Nu kawoe nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe taɖodzinua gbɔ ɖoɖo bia?

• Aleke ŋkuléle ɖe nu siwo nètsɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinuwo gbɔ?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Èɖoe wò taɖodzinu be yeaxlẽ Biblia gbe sia gbea?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàɖo nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe taɖodzinua gbɔ?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Nu kae nèsrɔ̃ tso kpɔɖeŋu sia me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe