INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 11/15 axa 24-28
  • Yehowa Ye Nye Míaƒe Aƒetɔ Dziɖulagã!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ye Nye Míaƒe Aƒetɔ Dziɖulagã!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Vevi Siwo Le Drama La Me
  • Ale Si Drama La Dze Egɔme
  • Míenya Ale Si Drama La Awu Enui
  • Míate Ŋu Awɔ Nuteƒe!
  • De Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Kple Mawu Fiaɖuƒe La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ðe Nèle Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Ƒe Akpa Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nyaʋiʋli si Dze Ŋgɔ Mí Katã
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 11/15 axa 24-28

Yehowa Ye Nye Míaƒe Aƒetɔ Dziɖulagã!

“Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowae mesi tso.”—PS. 73:28, NW.

1. Le Paulo ƒe nya si dze le 1 Korintotɔwo 7:31 nu la, nu ka dzie wòanya nɔ susu hem yi?

APOSTOLO Paulo gblɔ be: “Xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.” (1 Kor. 7:31) Le gbegbɔgblɔ gbãtɔa me la, edze abe ɖe wòtsɔ xexea ƒe nɔnɔme nɔ sɔsɔm kple fefewɔwɔ alo drama, si me fefewɔlawo ƒe ɖewo nɔa ame nyuiwo ƒe akpa dzi wɔm eye bubuwo hã nɔa ame vɔ̃ɖiwo tɔ wɔm va se ɖe esime wɔwɔfia ɖeka wu enu eye bubu va ɖe eyome la ene.

2, 3. (a) Alekee míate ŋu awɔ ale si wotsi tsitre ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu la ƒe kpɔɖeŋui? (b) Biabia kawo mee míadzro?

2 Egbea la, fefe alo drama vevitɔ kekeake le edzi yim—wò hã èle drama sia me! Nu vevi si le drama sia ŋue nye be eku ɖe Yehowa Mawu ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli ŋu. Míate ŋu atsɔ dukɔ aɖe ƒe nɔnɔme awɔ drama sia ƒe kpɔɖeŋui. Dziɖuɖu aɖe si woɖo anyi le se nu be wòana ɖoɖo nanɔ dukɔa me la li. Eye nu vlo wɔha aɖe hã to ametafatafa, ŋutasesẽ, kple amewuwu dzi le ɖum. Ha manɔsenu sia zu kplamatsedonu na dziɖuɖu si woɖo anyi le se nu la, eye wòdoa dukɔa me viwo katã ƒe nuteƒewɔwɔ na woƒe dziɖuɖua kpɔna.

3 Nɔnɔme sia tɔgbi le edzi yim fifia le xexea me godoo. “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa” ƒe dziɖuɖu si wòɖo anyi le se nu la li. (Ps. 71:5, NW) Gake nu vlo wɔha aɖe, si nu “vɔ̃ɖitɔ la” le la, le fu ɖem na ameƒomea. (1 Yoh. 5:19) Ezu kplamatsedonu na Mawu ƒe dziɖuɖu si le se nu la, eye wòdoa ame siwo katã le Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe akpa dzi la ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ. Nu ka gbɔe nɔnɔme sia tso? Nu ka tae Mawu ɖe mɔ ɖe eŋu? Akpa kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ le nya sia me?

Nya Vevi Siwo Le Drama La Me

4. Nya vevi eve siwo de nu wo nɔewo me kawoe drama si le edzi yim le xexea me katã la lɔ ɖe eme?

4 Drama sia si lɔ xexea me katã ɖe eme la ku ɖe nya vevi eve aɖewo siwo de nu wo nɔewo me ŋu. Woawoe nye: Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ. Woyɔ Yehowa zi geɖe le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia (yevugbemetɔ) me be “Aƒetɔ Dziɖulagã.” Le kpɔɖeŋu me, kakaɖedzi blibo si nɔ hakpalaa si ɖe eyama me na wòdzi ha be: “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowae mesi tso.” (Ps. 73:28, NW) “Dziɖulagã” fia ame si ƒe ŋusẽ alo dziɖuɖu ƒo ɖe sia ɖe ta. Susu nyui geɖewo li siwo ta wòle be míabu Yehowa Mawu be eyae nye “Nuwokatãtaƒola” ɖo.—Dan. 7:22, NW.

5. Nu ka tae wòle be míadi be míanɔ Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi?

5 Esi wònye be Yehowa Mawu ye nye Wɔla la ta la, eyae nye anyigba la kple xexea me godoo ƒe Dziɖulagã. (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 4:11.) Yehowa kee nye míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la, míaƒe Senala, kple míaƒe Fia, elabena eyae drɔ̃a ʋɔnu xexe bliboa, eyae wɔa sewo, eye eya kee kpɔa egbɔ be wowɔ wo dzi. (Yes. 33:22) Esi wònye be Mawue wɔ mí eye eyae naa míaƒe nuhiahiãwo mí ta la, ele be míabui be eyae nye míaƒe Aƒetɔ Dziɖulagã. Ne enɔa susu me na mí ɣesiaɣi be “Yehowa li eƒe fiazikpui [sesĩe] ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi” la, esia aʋã mí míanɔ eƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi le ɖoƒe kɔkɔ si le esi ta.—Ps. 103:19; Dɔw. 4:24.

6. Nu kae nye fɔmaɖimaɖi?

6 Be míaɖee afia be míele Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi la, ele be míalé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. “Fɔmaɖimaɖi” nye nuteƒewɔwɔ le agbenɔnɔ me alo anukwareɖiɖi le nu sia nu me. Fɔmaɖila nye ame si nye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe. Ame sia ƒomevie blemafofo Hiob nye.—Hiob 1:1.

Ale Si Drama La Dze Egɔme

7, 8. Alekee Satana tɔ gbe Yehowa nenye be edze aɖu eƒe nuwɔwɔwo dzi?

7 Ƒe 6,000 aɖewoe nye esi va yi la, gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe tɔ gbe Yehowa nenye be edze aɖu eƒe nuwɔwɔwo dzi. Ðokuitɔdidi ƒe susu si nye be woade ta agu na ye lae nɔ megbe na aglãdzela ma ƒe nyagbɔgblɔ kple afɔɖeɖewo. Eto ayemenuwɔna dzi ble atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, be woagawɔ nuteƒe na Mawu ƒe dziɖuɖu o, eye wòdze agbagba be yeaƒo ɖi Yehowa ƒe ŋkɔ esi wògblɔ be eka aʋatso. (Mixlẽ 1 Mose 3:1-5.) Aglãdzela la va zu Adikãtɔ gãtɔ, Satana (Tsitretsiɖeŋula), Abosam (Amegɔmezɔla), da la (ameflula), kple ʋɔ driba la (amemila).—Nyaɖ. 12:9.

8 Satana wɔ eɖokui dziɖula aɖe si tsi tsitre ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu. Esi nɔnɔme sia dze ŋgɔ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa la, nu kae wòawɔ? Ðe wòatsrɔ̃ aglãdzela etɔ̃awo—Satana, Adam, kple Xawa—enumakea? Kakaɖedzitɔe la, ŋusẽ le esi be wòaɖe afɔ ma hafi, eye afɔ ma ɖeɖe aɖo kpe nyateƒe si wònye be eyae nye ŋusẽkatãtɔ la dzi. Aɖo kpe edzi hã be Yehowa to nyateƒe le nu si ado tso eƒe se dzi dada me la me. Nu ka tae Mawu meɖe afɔ ma o?

9. Nu kawoe Satana tɔ gbe?

9 Esi Satana to aʋatsokaka dzi trɔ Adam kple Xawa ɖa le Mawu yome la, etɔ gbe gome si le Yehowa si be wòabia tso amegbetɔwo si be woaɖo to ye la. Gakpe ɖe eŋu la, esi Satana ble atsu kple asi gbãtɔa wogbe toɖoɖo Mawu la, etɔ gbe nuwɔwɔ siwo katã si nunya le la ƒe nuteƒewɔwɔ. Abe ale si nu si me Hiob, ame si nɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe, to la ɖee fia ene la, Satana ƒu asi akɔ be yeate ŋu atrɔ amegbetɔwo katã ɖa le Mawu yome.—Hiob 2:1-5.

10. Esi Mawu meɖo kpe eƒe dziɖulanyenye dzi enumake o la, nu kae wòɖe mɔ na?

10 Esi Yehowa meɖe afɔ tsɔ ɖo kpe eƒe dziɖulanyenye dzi enumake o la, eɖe mɔ na Satana hena ɣeyiɣii be wòaɖo kpe eƒe gbetɔameawo dzi. Mawu na mɔnukpɔkpɔ amegbetɔwo hã be woaɖe woƒe nuteƒewɔwɔ na yeƒe dziɖuɖua afia. Nu kae va dzɔ esi ƒeawo va nɔ yiyim? Satana ɖo nu vlo wɔha sesẽ aɖe anyi. Yehowa atsrɔ̃ nu vlo wɔha sia kple Abosam siaa mlɔeba wòanye kpeɖodzi sẽŋu aɖe be Mawu ƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ. Yehowa Mawu ka ɖe edzi bliboe be nyaa ava awu enu nyuie ale gbegbe be wògblɔe ɖi esime aglãdzedzea do mo ɖa le Eden bɔa me.—1 Mose 3:15.

11. Nu kae amegbetɔ geɖewo wɔ le Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la me?

11 Amegbetɔ geɖe xɔ Mawu dzi se eye wolé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi le Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple eƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ ƒe nya la me. Wo dometɔ aɖewoe nye Habel, Henox, Noa, Abraham, Sara, Mose, Rut, David, Yesu, eƒe nusrɔ̃la gbãtɔawo, kple nuteƒewɔla miliɔn geɖe siwo li egbea. Ame siawo siwo de Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi la wɔ akpa aɖe le nya sia me tsɔ ɖee fia be alakpatɔe Satana nye. Eye wowɔ akpa aɖe le vlododo si Abosam li kɔ ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa dzi, esime wòƒo adegbe be yeate ŋu atrɔ amegbetɔwo katã ɖa le Mawu yome, la ɖeɖe ɖa hã me.—Lod. 27:11.

Míenya Ale Si Drama La Awu Enui

12. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu maɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu tegbee o?

12 Míate ŋu aka ɖe edzi be, eteƒe madidi o, Yehowa aɖo kpe eƒe dziɖulanyenye dzi. Maɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu tegbee o, eye míenya hã be ŋkeke mamlɛawo mee míele. Yehowa tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo le Tsiɖɔɖɔa me. Etsrɔ̃ Sodom kple Gomora kple Farao kpakple eƒe aʋakɔwo. Sisera kple eƒe asrafowo kple Sanxerib kple Asiria asrafowo mete ŋu nɔ te ɖe Dziƒoʋĩtɔ la nu o. (1 Mose 7:1, 23; 19:24, 25; 2 Mose 14:30, 31; Ʋɔn. 4:15, 16; 2 Fia. 19:35, 36) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa Mawu maɖe mɔ ɖe bubumademade eƒe ŋkɔa ŋu kpakple fu siwo wɔm wole eƒe Ðasefowo la ŋu tegbee o. Gakpe ɖe eŋu la, míele Yesu ƒe anyinɔnɔ kple nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuɣia ƒe dzesia teƒe kpɔm fifia.—Mat. 24:3.

13. Nu kae míawɔ be woagatsrɔ̃ mí akpe ɖe Yehowa ƒe futɔwo ŋu o?

13 Be woagatsrɔ̃ mí akpe ɖe Mawu ƒe futɔwo ŋu o la, ele be míanɔ Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Míate ŋu awɔ esia ne míeyi edzi ɖe mía ɖokui ɖe vovo tso Satana ƒe ŋutasẽdziɖuɖua gbɔ eye míetɔ afɔ to sesĩe be eƒe dɔlawo ƒe nuwɔnawo nagado ŋɔdzi na mí o. (Yes. 52:11; Yoh. 17:16; Dɔw. 5:29) Esia ko hafi míate ŋu anɔ mía Fofo si le dziƒo la ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi eye mɔkpɔkpɔ anɔ mía si be woakpɔ mía ta le ɣeyiɣi si me Yehowa akɔ eƒe ŋkɔa ŋuti tso vlododo ɖe sia ɖe me eye wòaɖee afia be yee nye Xexea Me Katã Ƒe Dziɖulagã la.

14. Nu kawoe Biblia ƒe akpa vovovowo ɖe fia?

14 Numeɖeɖe geɖe le Biblia me, tso eƒe gɔmedzedze va se ɖe eƒe nuwuwu, ku ɖe ameƒomea kple Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu. Eƒe ta etɔ̃ gbãtɔawo ƒo nu tso Mawu ƒe nuwɔwɔwo kple amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ me dzedze ŋu, eye eƒe ta etɔ̃ mamlɛawo ya ƒo nu tso ale si woagbugbɔ aɖo ameƒomea te ake ŋu. Biblia me nuŋlɔɖi bubuwo ɖe nu me tsitotsito ku ɖe afɔ siwo Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ɖe be yeana yeƒe tameɖoɖo na amegbetɔƒomea, na anyigba la, kple xexe bliboa nava eme la ŋu. Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ɖe ale si Satana wɔ va li kple ale si vɔ̃ɖinyenye wɔ ge ɖe xexea me la me, eye Nyaɖeɖefia gbalẽa ƒe nuwunyawo ɖe ale si woaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa, ale si woava tsrɔ̃ Abosam, eye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene la fia. Vavãe, Biblia ʋu go nu si gbɔ nu vɔ̃ kple ku tso la eye wòɖe ale si woaɖe wo ɖa le anyigba dzi eye dzidzɔ manyagblɔ kple agbe mavɔ asu nuteƒewɔlawo si la fia.

15. Nu kae wòle be míawɔ be, ne drama si ku ɖe dziɖulanyenye ƒe nyaa ŋu wu enu la wòaɖe vi na míawo ŋutɔwo?

15 Eteƒe madidi o, xexea sia ƒe nɔnɔme atrɔ keŋkeŋ. Drama si ku ɖe dziɖulanyenye ƒe nya la ŋu awu enu. Woaɖe Satana ɖa le toa me, woatsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ, eye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu sɔŋ koe axɔ aƒe ɖi. Gake be esia naɖe vi na mí eye míakpɔ gome le yayra geɖe siwo ŋu nya wogblɔ ɖi le Mawu ƒe Nyaa me me la, ele be míanɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi fifia. Míate ŋu anɔ evedomesi le nya sia me o. Hafi míate ŋu agblɔ be, “Yehowa li kplim” la, ele be míakpɔtɔ anɔ eƒe akpa dzi.—Ps. 118:6, 7.

Míate Ŋu Awɔ Nuteƒe!

16. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be ate ŋu anya wɔ be amegbetɔwo nawɔ nuteƒe na Mawu?

16 Míate ŋu anɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi eye míate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, elabena apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Tetekpɔ aɖeke mevaa mia dzi o, negbe esi tɔgbi vaa amegbetɔwo dzi la ko. Gake nyateƒetɔe Mawu nye, eye maɖe mɔ be woate mi kpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o, ke hã, ne tetekpɔa va la, ana mɔ si dzi miato ado le eme la mi, bene miate ŋu ado dzi atsɔe.” (1 Kor. 10:13) Nu kae hea tetekpɔ si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la vanɛ, eye alekee Mawu naa mɔ si dzi míato ado le eme lae?

17-19. (a) Tetekpɔ kawoe Israel viwo ɖe mɔ woɖu wo dzi le gbea dzi? (b) Nu ka tae wòate ŋu anya wɔ be míalé míaƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa?

17 Abe ale si nu si me Israel viwo to ɖee fia ene la, nɔnɔme siwo ate ŋu awɔe be míada Mawu ƒe se dzi la mee ‘tetekpɔwo’ tona vaa mía dzi. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 10:6-10.) Israel viwo ate ŋu aɖu tetekpɔ dzi hafi, gake wodzro ‘nu vɔ̃ɖiwo’ esime Yehowa na tegliwo woamawo nukutɔe ɣleti ɖeka. Togbɔ be dukɔa megaɖu lã kpɔ o ɣeyiɣi aɖee nye ema hã la, Mawu na mana geɖe wo woɖu. Ke hã, woklẽ ŋu le tegliawo fɔfɔ me, woɖe mɔ woƒe nudzodzroa zu tetekpɔ na wo.—4 Mose 11:19, 20, 31-35.

18 Do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia, esime Mose yi Sea xɔ ge le Sinai Toa dzi la, Israel viwo subɔ trɔ̃, woƒo wo ɖokuiwo ɖe nyivisubɔsubɔ kple aglotutu me. Esi woƒe kplɔlaa menɔ anyi o ta la, woɖe mɔ tetekpɔ ma ɖu wo dzi. (2 Mose 32:1, 6) Do ŋgɔ teti hafi Israel viwo nayi Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Moab nyɔnuwo ble wo dometɔ akpe geɖe nu wonɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ kpli wo. Ɣemaɣi la, Israel vi akpe geɖewo ku le woƒe nu vɔ̃a ta. (4 Mose 25:1, 9) Ɣeaɖewoɣi la, Israel viwo ge ɖe liʋiliʋilili aglãdzedzetɔe ƒe tetekpɔ me, ɣebubuɣi la, woƒo nu tsi tsitre ɖe Mose kple Mawu ŋutɔ hã ŋu! (4 Mose 21:5) Israel dukɔa li liʋiliʋi gɔ̃ hã esime wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo nye Korax, Datan, Abiram, kple ame siwo wɔ ɖeka kpli wo la, eye nuŋububu masɔmasɔ si nɔ wo sie nye be mesɔ be wotsrɔ̃ aglãdzelaawo o. Esia wɔe be Mawu na dɔ vɔ̃ aɖe wu Israel vi 14,700 sɔŋ.—4 Mose 17:6, 14.

19 Tetekpɔ siawo dometɔ aɖeke mesesẽ ale gbegbe be Israel viwo mate ŋu aɖu wo dzi o. Esi xɔse meganɔ wo si o, woŋlɔ Yehowa be, eye woŋlɔ ale si wòléa be na wo lɔlɔ̃tɔe kple eƒe mɔ dzɔdzɔeawo be tae woɖe mɔ tetekpɔawo ɖu wo dzi ɖo. Abe ale si wònɔ le Israel viwo gome ene la, tetekpɔ siwo vaa amegbetɔwo dzi koe vaa míawo hã dzi. Ne míedze agbagba ale si dze, eye míeɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be alé mí ɖe te la, míate ŋu alé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. Míate ŋu aka ɖe esia dzi, elabena “nyateƒetɔe Mawu nye” eye meɖea mɔ ‘wotea mí kpɔ wu esi nu míate ŋu anɔ te ɖo o.’ Yehowa megblẽa mí ɖi gbeɖe be míava ɖo nɔnɔme aɖe si me manya wɔ na amegbetɔ be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu o la me o.—Ps. 94:14.

20, 21. Ne míele tetekpɔ me tom la, alekee Mawu naa ‘mɔ si dzi míato ado le eme la mí’?

20 Yehowa naa ‘mɔ si dzi míato ado’ le tetekpɔ me la mí to ŋusẽdodo mí be míaɖu edzi me. Le kpɔɖeŋu me, yometilawo ate ŋu awɔ fu mí vevie kple susu be yewoana míagbe nu le míaƒe xɔse gbɔ. Nuwɔwɔ ɖe mía ŋu alea ate ŋu ana míadi be míana ta ale be míaƒo asa na mía ƒoƒo alo fuwɔwɔ mí geɖe wu, alo ku gɔ̃ hã. Gake le kakaɖedzinya si gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ ɖe 1 Korintotɔwo 10:13 nu la, míenyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe nɔnɔme siwo hea tetekpɔawo vana la anɔ anyi ase ɖo. Yehowa maɖe mɔ enu nasẽ ale gbegbe be míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe nɛ o. Mawu ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse eye ana gbɔgbɔmeŋusẽ si míehiã la mí be míate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi.

21 Yehowa léa mí ɖe te to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. Gbɔgbɔ ma nana hã be míeɖoa ŋku Ŋɔŋlɔawo me nya siwo míehiã be míate ŋu ado dzi le tetekpɔ me la dzi. (Yoh. 14:26) Le susu sia ta la, womeflua mí míeɖea afɔ si mesɔ o. Le kpɔɖeŋu me, míese Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe nya siwo do ƒome kple wo nɔewo la gɔme. Nya sia gɔme sese kple agbenɔnɔ ɖe enu na Mawu lé ame geɖe ɖe te wowɔ nuteƒe yi ɖe ku me. Gake menye ku lae na wodo le eme o; Yehowa ƒe kpekpeɖeŋue na wote ŋu do dzi le tetekpɔa me wɔ nuteƒe tamanamanae va se ɖe nuwuwu. Ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu nenema ke. Le nyateƒe me la, ezãa mawudɔla wɔnuteƒewo, abe dutoƒo subɔsubɔdɔwɔla siwo ‘wodɔ ɖa be woawɔ subɔsubɔdɔ na ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ dome’ la ene, wonaa kpekpeɖeŋu mí. (Heb. 1:14) Abe ale si nyati si kplɔe ɖo aɖee afia ene la, nuteƒewɔlawo koe ate ŋu akpɔ mɔ be dzidzɔmɔnukpɔkpɔ si nye Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi nɔnɔ tegbee la asu yewo si. Ne míeku ɖe míaƒe Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ŋu goŋgoŋ la, míate ŋu anɔ nuteƒewɔla siawo dome.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae wòle be míalɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye míaƒe Aƒetɔ Dziɖulagã?

• Nu kae wòfia be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu?

• Aleke míewɔ nya be eteƒe madidi o Yehowa aɖo kpe eƒe dziɖulanyenye dzi?

• Le 1 Korintotɔwo 10:13 ƒe nya nu la, nu ka tae wòate ŋu anya wɔ be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Satana ble Adam kple Xawa womewɔ nuteƒe na Yehowa o

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ðoe kplikpaa be yeanɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe