INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 11/15 axa 23
  • ‘Eƒe Dɔwɔwɔwo Dze Eyome Enumake’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Eƒe Dɔwɔwɔwo Dze Eyome Enumake’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbeƒãɖeɖe Tɔxɛ Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Dɔwuame Nutsinu Dze Mɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Dziɖuha La me Tɔ Yeyewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Mikpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ŋu eye Mitso Aseye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 11/15 axa 23

‘Eƒe Dɔwɔwɔwo Dze Eyome Enumake’

LE KUÐA June 9, 2010 ƒe ŋdi la, Theodore Jaracz si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔ la wu eƒe anyigba dzi gbenɔnɔ nu. Exɔ ƒe 84, eye egblẽ srɔ̃a Melita, si wòɖe ƒe 53 enye esia la ɖe megbe. Nɔvianyɔnu tsitsitɔ kple nyruiayɔvi etɔ̃, ŋutsu ɖeka kple nyɔnu eve, hã le ame bubu siwo wògblẽ ɖi la dome.

Wodzi Nɔviŋutsu Jaracz le September 28, 1925 dzi, le Pike County, Kentucky, U.S.A.; exɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi le August 10, 1941 dzi, esime wòxɔ ƒe 15. Le ƒe eve megbe, esime wòxɔ ƒe 17 la, edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme; aleae wòdze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ si wòwɔ ƒe 67 kloe la gɔme.

Le ƒe 1946 me, esime Nɔviŋutsu Jaracz xɔ ƒe 20 la, ede Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Suku ƒe klass adrelia. Le sukua nu wuwu megbe la, wode dɔ asi na Nɔviŋutsu Jaracz be wòasubɔ abe dzikpɔla mɔzɔla ene le Cleveland, Ohio, si nye nuto aɖe si le United States. Le ƒe 1951 me la, wode dɔ asi nɛ be wòayi aɖakpɔ dɔ dzi le Australia ƒe alɔdzedɔwɔƒea. Ƒe 1983 Yearbook of Jehovah’s Witnesses (Annuaire des Témoins de Jéhovah 1983) ka nya ta be, Nɔviŋutsu Jaracz “ƒe nuwɔwɔ ɖe teokrasi ƒe ɖoɖo nu dzonɔamemetɔe kple ŋgɔxɔxɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me moveviɖoɖotɔe de dzi ƒo na nɔviawo le dukɔ bliboa me.”

Esi Nɔviŋutsu Jaracz trɔ gbɔ va United States megbe la, eɖe Melita Lasko le December 10, 1956 dzi. Wodze woƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ gɔme le mɔzɔzɔdɔa me; wosubɔ nutome suewo kple gãwo veviedodotɔe eye wokpe United States ƒe akpa gã aɖe ɖo. Le ƒe 1974 ƒe nuwuwu lɔƒo la, womia asi Nɔviŋutsu Jaracz be wòava zu Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ.

Míaɖo ŋku Nɔviŋutsu Jaracz dzi ɖaa abe Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe wɔnuteƒe, si tsɔ eƒe susu katã ɖo teokrasidɔwo ŋu bliboe la ene. Enye srɔ̃ŋutsu si lɔ̃a ame heléa be na ame eye wònye gbɔgbɔmeme si tsɔa ame bubuwo ƒe nyonyo ɖoa ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔ. (1 Kor. 13:4, 5) Eƒe ɖetsɔtsɔ le eme na amewo vevie alea dze le ale si wòdze agbagba be yeawɔ nu ɖe amewo katã ŋu nyuie veveseɖeamenutɔe la me. Gakpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si nu metsina o si le eyama si la dze le eƒe veviedodonu le gbeƒãɖeɖedɔa me me.

Togbɔ be ete ɖe mía dzi ŋutɔ be míebu Betel ƒomea me tɔ kple nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔ veviedonula aɖe si gbɔ míelɔ̃a nu le o hã la, míekpɔ dzidzɔ ɖe ale si Nɔviŋutsu Jaracz subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe hena ƒe gbogbo aɖewo la ŋu ŋutɔ. Kakaɖedzi le mía si be ‘ewɔ nuteƒe va se ɖe keke ku me ke, eye be exɔ agbefiakuku la.’ (Nyaɖ. 2:10) Míeka ɖe edzi hã be ‘eƒe dɔwɔwɔwo dze eyome enumake.’—Nyaɖ. 14:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe