Nu Ka Tae Wole Srɔ̃ Gbem?
“Farisitɔwo va [Yesu gbɔ] kple susu be yewoatee kpɔ, eye wobiae be: ‘Ðe se ɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a le nya sia nya taa?’”—Mateo 19:3.
LE Yesu ŋɔli la, ame aɖewo susui be srɔ̃ɖeɖe mate ŋu anɔ anyi ɖaa o, eye be mehiã be wòanɔ anyi ɖaa hã o. Yesu gblɔ na ame siawo be: “Ðe miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, atsu kple asi wòwɔ woe, eye wògblɔ be, ‘Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka’ oa? Eya ta womeganye eve o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.”a (Mateo 19:4-6) Eya ta edze ƒãa be Mawu ɖoe be srɔ̃tɔwo nanɔ wo nɔewo gbɔ ɖaa.
Le dukɔ geɖe me egbea la, srɔ̃ɖeɖe 40 le alafa me ‘mana,’ alo ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, wogbea wo nɔewo. Ðe aɖaŋu siwo Biblia ɖo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la zu tsigãdzinua? Ðe wòanye be srɔ̃ɖeɖewo medzea edzi o le esi nya ku ɖe srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋutɔ ŋu taa?
Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Atsu kple asi eve aɖewo ƒle ʋu ɖeka tɔgbi. Atsu kple asi gbãtɔ léa be na woƒe ʋua nyuie, eye wokunɛ ŋuɖɔɖotɔe. Eya ta woƒe ʋua megblẽ tsi teƒe ɖeka o. Atsu kple asi evelia ya mekpɔa vovo ɖe beléle na woƒe ʋua ŋu kura o, eye wokunɛ ɖekematsɔlemetɔe. Mlɔeba woƒe ʋua gbã, si wɔe be womagate ŋu azãe o. Nu ka gbɔe wòtso be nuwo va yi nenema na atsu kple asi evelia—ʋua gbɔe wòtso loo alo ʋua zãlawoe? Edze ƒãa be, be ʋua nanɔ anyi eteƒe nadidi la, ekpo ɖe ʋua zãlawo gbɔ.
Le mɔ ma ke nu la, togbɔ be srɔ̃ɖeɖe geɖe medzea edzi o hã la, mefia be nane gblẽ le srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋutɔ ŋu le mɔ aɖe nu o. Srɔ̃ɖeɖe miliɔn geɖe siwo dzea edzi la ɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Srɔ̃ɖeɖe siawo nana ame ɖekaɖekawo, ƒomewo, kple aƒelikawo kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme. Gake abe ale si wòhiã be woanɔ be lém na ʋu ahanɔ asi trɔm le eŋu be wòanɔ anyi eteƒe nadidi ene la, nenema kee wòle le srɔ̃ɖeɖe hã gome.
Eɖanye ŋkeke ʋɛ aɖewoe nye esi nèɖe srɔ̃, alo ƒe geɖewoe o, aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ale si wòle be srɔ̃tɔwo nalé be na wo nɔewo, eye woana srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ la aɖe vi na wò godoo. Àkpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo le axa si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Biblia ɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe nu ne srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka kpɔ gome le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me.—Mateo 19:9.