Nyagblɔɖi Si Le Vevie Ale Gbegbe
“Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—MATEO 24:14.
BIBLIA ŋuti nunyalawo lɔ̃ ɖe edzi be mawunyakpukpui sia le vevie ŋutɔ. Nu si ta wòle vevie ɖoe nye be, dɔ si ŋu wòƒo nu tsoe la nye esi woawɔ le xexea me godoo. Azɔ hã, eku ɖe dɔ aɖe si wòle be Kristotɔwo nanɔ wɔwɔm, si nye gbeƒãɖeɖedɔ si woawɔ do ŋgɔ na nudzɔdzɔ gã ɖedzesi aɖe si Yesu yɔ be “nuwuwu la” ŋu, eye wòanye dzesi na eƒe vava.
Nyagblɔɖi ma le eme vam egbea. Eka wò, elabena amekpekpe kple nuxlɔ̃amenya siaae nya nyui sia nye. Ena nyametsotsowɔwɔ aɖe dze ŋgɔ wò, si nye be nànɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi loo alo nàtsi tre ɖe eŋu. Tiatia si nàwɔ la akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi hena nyui alo vɔ̃.
Bu nɔnɔme si me Yesu gblɔ nya sia ɖi le ŋu kpɔ. Esi wòsusɔ vie woaklãe ɖe ati ŋu la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ hebia nyae ku ɖe etsɔme ŋu. Wodi be yewoanya nu tso Mawu Fiaɖuƒe, si ŋu Yesu ƒo nu tsoe zi geɖe, la ɖoɖo anyi ŋu. Eye wodi be yewoanya nu tso “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi,” alo abe ale si gɔmeɖeɖe bubuwo gblɔe ene la, “xexeame ƒe nuwuwu” la ŋu.—Mateo 24:3, Eʋegbe Biblia.
Le nyaa ŋu ɖoɖo na wo me la, Yesu gblɔ ɖi be aʋawɔwɔ, dɔwuame, dɔ vɔ̃wo, kple anyigbaʋuʋu gãwo ava teƒeteƒewo. Egblɔ hã be sedzimawɔmawɔ adzi ɖe edzi, aʋatsonyagblɔɖilawo able ame geɖe, eye woalé fu Kristotɔwo ahati wo yome. Esiawo katã nye nya vɔ̃.—Mateo 24:4-13; Luka 21:11.
Gake nya nyui aɖe hã li. Eyome Yesu gblɔ nya siwo dze le etame. Ame geɖe de ŋugble le nya sia ŋu vevie ƒe alafa geɖee nye esia, eye wòna mɔkpɔkpɔ su wo si. Togbɔ be amewo lɔ̃ ɖe edzi be Yesu ƒe nyawo le vevie hã la, woƒe susu mewɔ ɖeka le nu si nya mawo fia ŋu o. Nu ka tututue nya nyui sia nye? Nu kae Fiaɖuƒea nye? Ɣekaɣie nyagblɔɖia ava eme, eye to ame ka dzi? Eye nu kae nye ‘nuwuwua’? Na míakpɔe ɖa?
[Nɔnɔmetata si le axa 2]
Nya nyui gbalẽ eneawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ ƒe kɔpi, washington tɔ. Mateo 24:14 dze le nuŋlɔtsi si tò me
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Tso agbalẽ si nye Facsimile of the Washington Manuscript of the Four Gospels in the Freer Collection 1912 me