INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 3/1 axa 4-5
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Siwo Aɖu Anyigba Dzi Le Etsɔme
  • Nu Si Ta Fiaɖuƒe Ŋuti Nya La Nye Nya Nyui Ðo
  • Fiaɖuƒe si “Matsrɔ̃ Gbeɖegbeɖe O”
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Mawufiaɖuƒe La Ede Ŋgɔ le Go sia Go Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nyabiase Ene Le Nuwuwua Ŋu Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 3/1 axa 4-5

Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?

“Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia . . .”—MATEO 24:14.

LE Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, efia eƒe nyaselawo kpɔɖeŋugbedodoɖa aɖe si me wòƒo koko na Mawu le be: “Wò fiaɖuƒe nava.” Ame miliɔn geɖe lé gbedodoɖa sia ɖe ta me, eye wogblɔa emenyawo zi gbɔ zi geɖe. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be “eyae nye gbedodoɖa vevitɔ na Kristotɔwo katã le woƒe tadedeagu me.” Ke hã, ame siwo doa gbe sia ɖa la dometɔ geɖe menya nu si Fiaɖuƒea nye, alo nu si wòava wɔ o.—Mateo 6:9, 10.

Esia mewɔ nuku o. Nu si xɔsehawo ƒe ŋgɔnɔlawo fiana ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu la tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu, wotɔtɔa ame, eye wo gɔme sese sesẽ. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be Mawu Fiaɖuƒea “nye nane si gbɔ dzɔdzɔme ŋu, . . . enye kadodo kple Mawu gbagbe la le ememe . . . , enye ƒomedodo me nɔnɔ kple Mawu, si wɔnɛ be ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpɔa ɖeɖe.” Hakplɔla bubu gblɔ be nya nyui si ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu lae nye “mɔfiame siwo dzi sɔlemea azɔ ɖo.” Eye agbalẽ si nye Catechism of the Catholic Church gblɔ be: “Mawu fiaɖuƒea [nye] dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.”

Àkpɔ numeɖeɖe si me kɔ wu le magazine sia ƒe axa 2 lia. Afi ma gblɔ be: “Mawu Fiaɖuƒe, si nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ le dziƒo la, aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa, eye wòatrɔ anyigba la wòazu paradiso.” Na míakpɔ ale si numeɖeɖe sia wɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ ɖa.

Ame Siwo Aɖu Anyigba Dzi Le Etsɔme

Fiaɖuƒe nye dziɖuɖu si nu fia nɔna. Ame si anye Fia le Mawu Fiaɖuƒea me lae nye Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la. Woɖe ale si woɖoe zi dzi le dziƒo la fia nyagblɔɖila Daniel le ŋutega me, eye Daniel ŋlɔ tso eŋu bena: “Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ [Yesu] ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la [Yehowa Mawu] gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.”—Daniel 7:13, 14.

Daniel ƒe agbalẽa ɖee fia hã be Mawu ana Fiaɖuƒe ma nali ke tegbee, aɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa, ke womamu etɔa ya aƒu anyi gbeɖe o. Agbalẽa ƒe ta 2 lia ƒo nu tso ale si Mawu na Babilon fia ku drɔ̃e aɖe si me wòkpɔ legba gã aɖe si le tsitre ɖi na ale si xexemefiaɖuƒewo ava ɖe wo nɔewo yome la ŋu. Nyagblɔɖila Daniel ɖe drɔ̃e ma gɔme. Eŋlɔ bena: ‘Le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi la, dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.’—Daniel 2:28, 44.

Menye Fia la ɖeka koe aɖu dzi le Mawu Fiaɖuƒea me o. Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa me la, eka ɖe edzi na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be woafɔ wo kple ame bubuwo ɖe tsitre woayi dziƒo aɖanɔ fiazikpuiwo dzi. (Luka 22:28-30) Menye fiazikpui ŋutɔŋutɔwoe Yesu wɔnɛ o, elabena ena eme kɔ be dziƒoe Fiaɖuƒea anɔ. Biblia gblɔ be hatidziɖula siawo tso “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple ame ƒomeviwo katã kple dukɔ sia dukɔ me.” Woanye “fiaɖuƒe kple nunɔlawo na mía Mawu la, eye woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.”—Nyaɖeɖefia 5:9, 10.

Nu Si Ta Fiaɖuƒe Ŋuti Nya La Nye Nya Nyui Ðo

De dzesii be wona ŋusẽ Yesu be wòaɖu “dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo” dzi, eye ehati dziɖulawo aɖu “fia ɖe anyigba la dzi.” Ke ame kawoe anye Fiaɖuƒe sia teviwo? Woawoe nye ame siwo ɖoa to nya nyui si wole gbeƒã ɖemee egbea la henɔa agbe ɖe enu. Ame siwo woafɔ ɖe tsitre be woanɔ agbe le anyigba dzi la hã le wo dome, eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woanɔ agbe tegbee.

Biblia ƒo nu tso yayra siwo Fiaɖuƒea teviwo akpɔ la ŋu le mɔ wɔdɔɖeamedzi nu. Eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewoe nye esiawo:

‘Ame si tsia aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!’—Psalmo 46:10.

‘Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o.’—Yesaya 65:21, 22.

“[Mawu atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

“Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.”—Yesaya 35:5, 6.

“Gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go, ame siwo wɔ nu nyuiwo la, hena agbe ƒe tsitretsitsi.”—Yohanes 5:28, 29.

“Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.

Nya nyui ka gbegbee nye esi! Gakpe ɖe eŋu la, Biblia me nyagblɔɖi siwo va eme la ɖee fia be esusɔ vie Mawu naɖo eƒe Fiaɖuƒe, si aɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me le anyigba katã dzi, la anyi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe