INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 3/1 axa 6
  • Nu Kae Nye Nya Nyuia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nye Nya Nyuia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • ‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • “Nya Nyui”!
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Kristotɔ Vavãwo Katã Nye Nyanyuigblɔlawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 3/1 axa 6

Nu Kae Nye Nya Nyuia?

“Nya nyui sia . . .”—MATEO 24:14.

WOBIA tso Kristotɔwo si be woaɖe gbeƒã ‘fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia.’ Esia fia be ele be woaƒo nu tso eŋu na amewo, aɖe eme na wo be Fiaɖuƒeae nye xexemedziɖuɖu si ava ɖu anyigba dzi le dzɔdzɔnyenye me. Ke hã, wogayɔa “nya nyui” tɔna ɖe nu bubuwo ŋu le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso “xɔname ŋuti nya nyui” (Psalmo 96:2, NW); “Mawu ƒe nya nyui” (Romatɔwo 15:16); kple “Nya nyui si ku ɖe Yesu Kristo ŋu.”—Marko 1:1.

Kpuie ko la, nya nyuia ku ɖe nyateƒenya siwo katã Yesu gblɔ, si eƒe nusrɔ̃lawo ŋlɔ ɖi, la ŋu. Hafi Yesu nayi dziƒo la, egblɔ na eyomedzelawo be: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, miafia nu wo be, woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la.” (Mateo 28:19, 20) Eya ta menye nuƒoƒo tso Fiaɖuƒea ŋu koe dɔ si wode asi na Kristotɔ vavãwo la lɔ ɖe eme o; ele be woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo hã.

Ðe sɔlemehawo le dɔ sia wɔma? Ame geɖe menya nu si Fiaɖuƒea nye o, eya ta womate ŋu aɖe nu si tututu wònye me na amewo o. Nu si wowɔna boŋue nye be wogblɔa mawunya si avivi to me na amewo ku ɖe nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke kple Yesu dzi xɔxɔ se ŋu. Wodzea agbagba hã be yewoana amewo nage ɖe haa me to kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ alo kɔdziwo, sukuwo, kple aƒewo tutu na ame dahewo me. Togbɔ be nu siawo ate ŋu ana hameviwo nade ha hã la, womenana amewo zua Kristotɔ vavã siwo dina tso dzi me be yewoanɔ agbe ɖe nu siwo Yesu fia nu o.

Mawunya ŋuti nunyala aɖe ŋlɔ bena: “Xɔsehawo ƒe mawunyaŋununyalawo alo kplɔla akpa gãtɔ nyae be ele be yewoawɔ amewo woanye Yesu yome dzelawo alo nusrɔ̃lawo ahafia wo be woawɔ nu siwo katã Yesu gblɔ be woawɔ la. . . . Ðikeke mele eme o be, se si Yesu de ku ɖe nya sia ŋu la me kɔ ƒãa. Nya lae nye be míele nu si wògblɔ la dzi wɔm o. Míeɖoa tame kplikpaa be míawɔe o. Eye edze abe míenya ale si míawɔe hã o ene.”

Nenema kee esi wowɔ numekuku aɖe si me wobia gbe Katolikotɔ siwo le Amerika la, ame 95 le alafa me lɔ̃ ɖe edzi be le haa ƒe dzixɔsewo nu la, ele be yewoaɖe gbeƒã nya nyuia. Ke hã, wo katã kloe susui be menye nuƒoƒo tso eŋue nye mɔ nyuitɔ si dzi yewoato awɔ esia o, ke boŋ ele be yewoanɔ agbe nyui be wòanye kpɔɖeŋu na amewo. Ame siwo wobia gbee la dometɔ ɖeka gblɔ be: “Gbeƒãɖeɖe nya nyuia le vovo na nuƒoƒo tso eŋuti. Ele be mía ŋutɔwo míanye Nya Nyuia.” Agbalẽ si nye U.S. Catholic talawo, siwo nye ame siwo wɔ numekukua, gblɔ be ame geɖe medina be yewoaƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu o, le ale si “woklo nu le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nuwɔna siwo yi edzi le haa me la dzi nyitsɔ laa kpakple hamenufiafia siwo ŋu nya ku ɖo la ta.”

Metodist bisiɔp aɖe hã fa konyi be ha siwo le ye te la ma, wotɔtɔ, eye dzi mele wo ƒo be woatsɔ dɔ si wode wo si la o, eye wonɔa agbe abe ale si ko ame sia ame nɔa agbee ene. Ale si nyaa te ɖe edzi la na wòbia be: “Ame kawoe le dɔ si wode mía si be míagblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia wɔm?”

Bisiɔp sia meɖo eƒe nyabiasea ŋu o. Gake ŋuɖoɖoa li. Àkpɔe le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Nya nyuia ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea kple ɖeɖekpɔkpɔ to Yesu Kristo dzi xɔxɔ se dzi ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe