INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 3/15 axa 3-5
  • Mègatsɔ Nuŋububu Totro Ble Ðokuiwò O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mègatsɔ Nuŋububu Totro Ble Ðokuiwò O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusɔsrɔ̃ Tso Ame Aɖewo Siwo Ble Wo Ðokuiwo La Ƒe Nuwɔnawo Me
  • Tsɔ Nuŋububu Nyuiwo Ðɔ Li Nukpɔsusu Totrowo
  • Milé Ŋku Ðe Miaƒe Zɔzɔme Ŋu
  • Lala Ƒe Ɣeyiɣi Si Ŋu Nya Biblia Gblɔ Ði
  • Nukpɔsusu Totrowo Hoho Ða
  • “Meli Kpli Mi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Yi Edzi Nàka Ðe Yehowa Dzi Le Nɔnɔme Madeamedziwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Agbe Neɖo Miaƒe Asiwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Amesiame Nekafu Yehowa!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 3/15 axa 3-5

Mègatsɔ Nuŋububu Totro Ble Ðokuiwò O

‘NU KAE nye esi nèwɔ?’ Nya siae Mawu bia Xawa esi wòɖu atikutsetse si nu Mawu de se ɖo. Xawa ɖo eŋu bena: ‘Da lae blem, eye meɖui.’ (1 Mose 3:12, 13) Wovayɔ Satana, si nye da si tsɔ aɖaŋu vɔ̃ ble Xawa wògbe toɖoɖo Mawu la emegbe be, “da xoxo, . . . si le anyigbadzinɔlawo katã blem.”—Nyaɖ. 12:9.

Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nuŋlɔɖi sia ɖee fia be, Satana nye ameflula, ame si daa alakpa kple susu be yeable ame siwo mele ŋudzɔ o. Xawa ɖe mɔ Satana flui vavã! Ke hã, mele be míasusui be Satana ɖeɖe koe ate ŋu able mí o. Biblia xlɔ̃ nu mí ku ɖe afɔku si le ‘tamebubu totro tsɔtsɔ nɔ mia ɖokuiwo blem’ me la hã ŋu.—Yak. 1:22.

Míate ŋu asusui be asesẽ ŋutɔ be míable mía ɖokui alo asusui gɔ̃ hã be mate ŋu adzɔ gbeɖe be míable mía ɖokui o. Gake edze ƒãa be tameɖoɖo aɖe tae nuxlɔ̃ame sia si tso Mawu gbɔ la li ɖo. Eya ta anyo be míade ŋugble le ale si wòate ŋu adzɔe be míava nɔ mía ɖokuiwo blem kple tamebubu totro si ate ŋu akplɔ mí atrae la ŋu. Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu aɖe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia.

Nusɔsrɔ̃ Tso Ame Aɖewo Siwo Ble Wo Ðokuiwo La Ƒe Nuwɔnawo Me

Anɔ abe ƒe 537 D.M.Ŋ. me ene lɔƒoe Persia fia Kores Gãtɔ de se be Yudatɔwo siwo nɔ aboyo me le Babilon la natrɔ ayi Yerusalem eye woagbugbɔ gbedoxɔ la atu. (Ezra 1:1, 2) Le ƒe si kplɔe ɖo me la, dukɔa ɖo gbedoxɔ yeye la gɔme anyi le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe tameɖoɖo. Ame siwo trɔ gbɔ la kpɔ dzidzɔ, eye wokafu Yehowa le ale si wòyra ɖe dɔ vevi sia ƒe gɔmedzedze dzi ta. (Ezra 3:8, 10, 11) Gake eteƒe medidi o, amewo tsi tsitre ɖe woƒe xɔtudɔa ŋu, eye dzi ɖe le wo ƒo. (Ezra 4:4) Anɔ abe ƒe 15 sɔŋ ene le woƒe tɔtrɔgbɔ megbe la, Persia dziɖuɖumegãwo xe mɔ ɖe xɔtudɔwo katã nu le Yerusalem. Be woazi wo dzi woadzudzɔ xɔtutua la, dziɖuɖumegãwo va Yerusalem eye ‘wotsɔ sesẽ xe mɔ na [Yudatɔwo].’—Ezra 4:21-24.

Le mɔxenu gã sia ta la, Yudatɔwo tsɔ nukpɔsusu totrowo ble wo ɖokuiwo. Wogblɔ na wo ɖokuiwo be: ‘Azã meɖo edzi, be woatu Yehowa ƒe xɔ haɖe o.’ (Xag. 1:2) Woƒo nya ta be Mawu medi be yewoatu gbedoxɔa ɣemaɣi o. Le esi woadze agbagba ato mɔ aɖe dzi awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu teƒe la, wogblẽ woƒe dɔdeasi kɔkɔea ɖi eye wova ƒo wo ɖokui ɖe woawo ŋutɔwo ƒe aƒewo dzadzraɖo me boŋ. Mawu ƒe nyagblɔɖila Xagai bia wo tẽe be: ‘Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia [Yehowa ƒe gbedoxɔ] ya nanye glikpo anɔ anyia?’—Xag. 1:4.

Èsrɔ̃ nane tso kpɔɖeŋu sia mea? Ne nukpɔsusu si mesɔ o le mía si ku ɖe ɣeyiɣi si Mawu ɖo ɖi ɖe eƒe tameɖoɖo me vava ŋu ŋuti la, ate ŋu ana be míava gblẽ míaƒe gbɔgbɔmedɔwo ɖi eye míava nɔ míawo ŋutɔwo ƒe nudidiwo yome tim. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èle mɔ kpɔm na amedzro aɖewo. Le woƒe vava ta la, wò ŋku abiã ɖe dɔ geɖe siwo wòahiã be nàwɔ atsɔ adzra teƒe si woava dze ɖo la ŋu. Gake èse ɣemaɣi be amedzroawo atsi megbe. Ðe nàdzudzɔ dzadzraɖoa wɔwɔa?

Ðo ŋku edzi be Xagai kple Zaxariya kpe ɖe Yudatɔawo ŋu wose egɔme be Yehowa di kokoko be woatu gbedoxɔa kaba. Xagai de dzi ƒo na wo be: ‘Mi dukɔ hahoo la katã milé dzi ɖe ƒo, . . . eye miwɔ dɔ.’ (Xag. 2:4) Ehiã be woayi dɔ si dze ŋgɔ wo la dzi kple kakaɖedzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ la akpe ɖe yewo ŋu. (Zax. 4:6, 7) Ðe kpɔɖeŋu sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na nyataƒoƒo siwo mesɔ o ku ɖe Yehowa ƒe ŋkekea ŋua?—1 Kor. 10:11.

Tsɔ Nuŋububu Nyuiwo Ðɔ Li Nukpɔsusu Totrowo

Apostolo Petro ƒo nu tso ɣeyiɣiɖoɖowɔɖi si le Yehowa si ku ɖe “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ɖoɖo anyi ŋu le eƒe agbalẽ evelia me. (2 Pet. 3:13) Egblɔ be fewuɖula aɖewo kea ɖi nenye be Mawu ava de nu amegbetɔwo ƒe nyawo me gbe ɖeka. Wogblɔna vodadatɔe be, naneke mele dzɔdzɔ ge o, eye be, “nuwo katã le edzi yim abe ale si tututu ko wonɔ tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la ene.” (2 Pet. 3:4) Petro di be yeatsi nuŋububu masɔmasɔ mawo nu. Eŋlɔ bena: “Mele miaƒe nuŋububu ƒe ŋutetewo nyɔm, . . . to ŋkuɖodzinya siawo dzi.” Eɖo ŋku edzi na ehati Kristotɔwo be nya si gblɔm fewuɖula mawo le la menye nyateƒe o. Mawu de nu ameƒomea ƒe nyawo me va yi, esi wòhe tsiɖɔɖɔ gblẽnu aɖe va xexea me katã.—2 Pet. 3:1, 5-7.

Xagai hã na nuxlɔ̃ame ma tɔgbi Yudatɔ siwo ƒo dzi ɖe le eye woƒe asi do agblɔ le ƒe 520 D.M.Ŋ. me. Exlɔ̃ nu wo be: ‘Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu.’ (Xag. 1:5) Be Xagai nanyɔ woƒe tamebubuŋutetewo la, eɖo ŋku tame si Mawu ɖo ku ɖe Eƒe dukɔa ŋu kple ŋugbe si wòdo na wo la dzi na ehati tadeagulawo. (Xag. 1:8; 2:4, 5) Le dzideƒonamenya sia megbe kpuie la, wogbugbɔ dze xɔtudɔa gɔme, togbɔ be dziɖuɖumegãwo de se ɖe enu hã. Futɔwo gadze agbagba ake be yewoatɔ te xɔtudɔa, gake womekpɔ dzidzedze o. Emegbe la, woɖe mɔxenua ɖa, eye le ƒe atɔ̃ me la, wowu gbedoxɔa tutu nu.—Ezra 6:14, 15; Xag. 1:14, 15.

Milé Ŋku Ðe Miaƒe Zɔzɔme Ŋu

Ðe nèsusui be, abe Yudatɔ siwo nɔ anyi le Xagai ƒe ŋkekewo me ene la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo ne kuxiwo va mía dzia? Ne esia dzɔ la, ate ŋu asesẽ na mí be míayi edzi aɖe gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe. Gake nu kae ate ŋu aɖe dzi le mía ƒo? Nu madzɔmadzɔ siwo wowɔna le nuɖoanyi sia me la ate ŋu ahe fukpekpe ava mía dzi. Bu Xabakuk, ame si bia be, ‘Ɣekaɣi manɔ yɔwòm sesĩe, eye nàgbe esese ase ɖo? Mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta, ke màxɔ na ame o?’ la ŋu kpɔ. (Xab. 1:2) Nu si ame aɖewo abu be enye ŋugbedodoa me vava ƒe megbe tsitsi ate ŋu ana Kristotɔ aɖe nava ɖe ŋu ɖi ahavu ɖe dzidzemegbenɔnɔ ŋu boŋ. Ðe esia ate ŋu adzɔ ɖe dziwòa? Ne míawo hã míeva le nuwo ŋu bum alea la, ke míele mía ɖokuiwo blem. Ðe mele vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe aɖaŋu si Ŋɔŋlɔawo ɖo be ‘míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu’ eye ‘míanyɔ míaƒe tamebubuŋutete’ la dzi oa? Míate ŋu abia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe wòwɔa nuku nam be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nɔ anyi wòdidi wu ale si mesusuia?’

Lala Ƒe Ɣeyiɣi Si Ŋu Nya Biblia Gblɔ Ði

Tɔ vie nàde ŋugble le nya siwo Yesu gblɔ tso nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi ŋu kpɔ. Marko ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe nya siwo Yesu gblɔ ɖi le ŋkeke mamlɛawo ŋu la ɖee fia be, Yesu xlɔ̃ nu mí enuenu be míanɔ ŋudzɔ. (Mar. 13:33-37) Nuxlɔ̃ame ma tɔgbi dze le nyagblɔɖi si ɖɔ Yehowa ƒe ŋkeke gã si ava le Harmagedon me la ƒe domedome. (Nyaɖ. 16:14-16) Susu ka tae wogbugbɔ gblɔ nuxlɔ̃amenya sia enuenu? Ŋkuɖodzinya siawo hiã, elabena ne edze na amewo be yewole lalam ɣeyiɣi didi wu ale si wòle be wòanɔ la, nuwɔwɔ kpata ƒe susu megava nɔa wo si o.

Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖe ale si wòhiã be míayi edzi anɔ moxexi esi míele nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu lalam la fia. Ehe susu yi aƒetɔ aɖe si ƒe aƒe me fiafitɔ ge ɖo va fi nu la dzi. Anye ne nu kae aƒea tɔ ate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ na esia hafi? Eyae nye be wòanɔ ŋudzɔ zã bliboa katã. Yesu ƒo kpɔɖeŋua ta kple aɖaŋuɖoɖo sia be: ‘Miawo hã minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la gbɔna le gaƒoƒo si miesusu be eya dzie wòava o la dzi.’—Mat. 24:43, 44.

Kpɔɖeŋu ma ɖee fia be, ehiã be míanɔ klalo be míalala, nenye be axɔ ɣeyiɣi didi gɔ̃ hã. Mele be míatsi dzimaɖi fũu akpa be ɖewohĩ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nɔ anyi wòdidi wu ale si míekpɔ mɔ nɛ o. Mele be míable mía ɖokui ahanɔ susum be ‘Yehowa ƒe azã meɖo edzi haɖe o.’ Nuŋububu alea ana míaƒe didi vevie be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia nu natsi.—Rom. 12:11.

Nukpɔsusu Totrowo Hoho Ða

Gɔmeɖose si le Galatiatɔwo 6:7 la ku ɖe nukpɔsusu totrowo hã ŋu: “Migana woakplɔ mi atrae o . . . Nu sia nu si ƒãm ame le la, nu sia kee wòaŋe.” Ne wogblẽ agblenyigba aɖe ɖi eye womeƒã naneke ɖe edzi o la, etoa gbe. Nenema kee ne míenyɔ míaƒe tamebubuŋutetewo o la, nukpɔsusu totrowo ava xɔ aƒe ɖe míaƒe susu me. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míagblɔ na mía ɖokuiwo be, ‘Yehowa ƒe ŋkekea ava godoo, gake mava fifia o.’ Ne míebua nuwo ŋu alea la, ana be míagava nɔ dzo tsɔm ɖe teokrasidɔwo ŋu o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míava nɔ aɖaba ŋem ƒu gbɔgbɔmedɔ siwo míewɔna ɖaa la dzi. Ne edzɔ alea la, Yehowa ƒe ŋkekea ate ŋu ava lili mí le vo me.—2 Pet. 3:10.

Gake ne míeka ɖe “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la” dzi na mía ɖokui ɣesiaɣi la, nukpɔsusu totrowo mate ŋu amie ɖe míaƒe susu me o. (Rom. 12:2) Nu nyuitɔ si akpe ɖe mía ŋu míawɔ esiae nye Mawu ƒe Nya la xexlẽ edziedzi. Ŋɔŋlɔawo ate ŋu ana be kakaɖedzi si le mía si be Yehowa wɔa nu ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la me nagasẽ ɖe edzi.—Xab. 2:3.

Nusɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kpekpewo dede ɣesiaɣi, tsɔ kpe ɖe dɔmenyonuwɔnawo ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu vevie.’ (2 Pet. 3:11, 12) Yehowa ade dzesi míaƒe nuteƒewɔwɔ. Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be: “Migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi.”—Gal. 6:9.

Kakaɖedzitɔe la, menye ɣeyiɣi siae míatsɔ nuŋububu totro si nye be Yehowa ƒe ŋkekea mava fifia o la anɔ mía ɖokui blem o. Ke boŋ, fifiae nye ɣeyiɣi si me míana míaƒe dzi nali ke, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Xagai kple Zaxariya de dzi ƒo na Yudatɔwo be woatu xɔ la

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ke ne aƒea tɔ nya do ŋgɔ be fiafitɔa le vava ge ɖe?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe