INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 7/15 axa 20-23
  • Mevɔ̃na Na Ku Tsã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mevɔ̃na Na Ku Tsã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vɔvɔ̃ Na Ku Dzi Ðuɖu
  • Subɔsubɔnyawo Le Italy Le Aʋaa Megbe
  • Gilead Suku Dede
  • Mekpɔtɔ Le Yehowa Subɔm Dzonɔamemetɔe
  • Nye Ŋku Kple Dzi Le Fetua Dzi Ɣesiaɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Meɖoe Kplikpaa Be Mayi Edzi Asubɔ Wɔnyela
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Osɔfo Eve Siwo De Asixɔxɔ Russell Ƒe Agbalẽwo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 7/15 axa 20-23

Mevɔ̃na Na Ku Tsã

Abe Ale Si Piero Gatti Gblɔe Ene

NANE nɔ ɖiɖim míenɔ sesem le adzɔge ɖaa, eye enu nɔ sesẽm ɖe edzi. Eyome kpẽ aɖe ɖi sesĩe nɔ nu xlɔ̃m ame sia ame be wòadi teƒe aɖe abe ɖo. Tete bɔmbwo te wòwo, eye nuwo nɔ gbagbãm, gbeɖiɖia nu sẽ ale gbegbe be ŋɔdzi lé mí vevie.

Nu ma dzɔ le Milan, Italy, le ƒe 1943 alo 1944 me. Esi menye asrafo ɖekakpui le afi ma ta la, wodɔam zi geɖe meyina ɖafɔa ame siwo ku le sitsoƒe siwo yameʋuwo da bɔmb ɖo wokaka la ƒe ŋutilã kukuwo; woƒe ŋutilãwo kakana ale gbegbe be wometea ŋu dzea si wo o. Menye amewo ƒe ku teƒe koe mekpɔ o. Ɣeaɖewoɣi la, nu vi aɖe koe susɔna ne nye ŋutɔ maku. Le ɣeyiɣi mawo me la, medoa gbe ɖa na Mawu hedoa ŋugbe nɛ be ne metsi agbe le ametsɔtsrɔ̃ dziŋɔ sia me la, mawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

Vɔvɔ̃ Na Ku Dzi Ðuɖu

Kɔƒe aɖe si didi tso Como, Italy, gbɔ anɔ kilometa 10, le Switzerland ƒe liƒo gbɔ la mee metsi le. Tso nye ɖevime ke la, meto nuxaxa si ku dona na ame la me eye mevɔ̃na na ku ŋutɔ. Spaniatɔwo ƒe dzamezã la wu nɔvinyenyɔnu tsitsi eve. Emegbe le ƒe 1930 me, esime mexɔ ƒe ade la, danye, Luigia, ku. Esi wònye be Katoliko ye medena tso nye ɖevime ta la, mewɔa subɔsubɔhaa ƒe sewo dzi eye medea Misa kwasiɖa sia kwasiɖa. Gake ƒe gbogbo aɖewo megbe le ɖakpaƒe aɖee meva ɖu vɔvɔ̃ na ku dzi, ke menye le gbedoxɔ me o.

Le ƒe 1944 me la, Xexemeʋa II lia nɔ amewo ƒe agbe tsrɔ̃m ale gbegbe. Menɔ Italy asrafo akpe geɖe siwo si le aʋaa nu yi Switzerland dukɔa, si mede nu aʋaa me o, me la dome. Esi míeɖo afi ma la, wokplɔ mí yi sitsoƒesaɖawo me. Woɖom ɖe sitsoƒeawo dometɔ ɖeka si te ɖe Steinach ŋu, le dukɔa ƒe dzieheɣedzeƒe gome, la me. Wona ablɔɖe aɖe si nu mí le afi ma. Ðakpala si nɔ Steinach la hiãa kpekpeɖeŋu aɖewo ɣeaɖewoɣi. Meyi ɖanɔ egbɔ hewɔ dɔ kplii ɣleti ɖeka ko, gake le ɣeyiɣi kpui ma me la, sidzedze aɖe su asinye si trɔ nye agbe keŋkeŋ.

Ame siwo va kpaa ɖa le ɖakpalaa gbɔ la dometɔ ɖekae nye Adolfo Tellini, si nye Italytɔ aɖe si nɔ Switzerland. Enye Yehowa Ðasefo. Nyemese ha sia ŋkɔ kpɔ o, eye esia mewɔ nuku o, elabena Ðasefo 150 pɛ koe nɔ Italy dukɔ bliboa me ɣemaɣi. Adolfo ƒo nu tso Biblia me nyateƒe wɔnukuwo kple ŋutifafa kpakple “agbe” tegbee nɔnɔ ƒe ŋugbedodowo ŋu nam. (Yoh. 10:10; Nyaɖ. 21:3, 4) Gbedeasi si ku ɖe ale si aʋawɔwɔ kple ku magava nɔ anyi o ŋu la do dzidzɔ nam ŋutɔ. Esi metrɔ yi asaɖaa me la, megblɔ mɔkpɔkpɔ sia ŋuti nya na ɖekakpui Italytɔ aɖe si ŋkɔe nye Giuseppe Tubini, eye eya hã kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu. Adolfo kple Ðasefo bubuwo va srãa mí kpɔ le asaɖaa me tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi.

Adolfo kplɔm yi Arbon, si gbɔ didi tso Steinach abe kilometa 10 ene, afi si Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe wɔa kpekpe le le Italygbe me. Nya siwo mese le afi ma la do dzidzɔ nam ale gbegbe be kwasiɖa si kplɔe ɖo la, meto afɔ yi. Emegbe la, mede Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe aɖe le takpexɔ aɖe me le Zurich. Fotoɖeɖefia aɖe si me woɖe asaɖa siwo gbã keŋkeŋ, eye woli kɔ amewo ƒe ŋutilã kukuwo ɖi gleglegle le la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Mesee be wowu Germany Ðasefo gbogbo aɖewo le woƒe xɔse ta. Medo go Maria Pizzato le takpekpe ma me. Le eƒe Ðasefonyenye ta la, Italy Fasi dziɖuɖumegãwo dee gaxɔ me ƒe 11 sɔŋ.

Esi aʋaa ke la, metrɔ yi Italy, eye mewɔ ɖeka kple hame sue si le Como la. Womesrɔ̃ Biblia kplim le ɖoɖo aɖe koŋ nu o, gake menya Biblia me nyateƒe veviawo nyuie. Hame ma ke mee Maria Pizzato hã nɔ. Eƒo nu tso nu si tae wòle vevie be Kristotɔ naxɔ nyɔnyrɔ ɖo la ŋu nam, eye wòkplɔm míeyi Marcello Martinelli, si nɔ Castione Andevenno, le Sondrio nutoa me la gbɔ. Marcello nye nɔviŋutsu amesiamina wɔnuteƒe aɖe si ŋutasẽdziɖuɖua de gaxɔ me ƒe 11 sɔŋ. Enɔ nam be mado keke kilometa 80 sɔŋ ayi egbɔ.

Marcello zã Biblia tsɔ dzro nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe nudidiwo me kplim, eyome la, míedo gbe ɖa, eye míeyi Adda tɔsisia me wònyrɔm le afi ma. September 1946 mee. Ŋkeke tɔxɛ aɖee wònye! Dzi dzɔm le esi metso nya me be masubɔ Yehowa, si wɔe be fifia etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe su asinye la ta ale gbegbe be, le fiẽ me la, nyemesee le ɖokuinye me be medo keke kilometa 160 gbe ma gbe kura o!

Le May 1947 me la, míewɔ takpekpe gbãtɔ si wowɔ le Italy le aʋaa megbe la le Milan. Ame siwo ade 700 ye de takpekpe ma, eye ame siwo to Fasitɔwo ƒe yometiti me la dometɔ geɖe hã nɔ wo dome. Nu wɔnuku aɖe dzɔ le takpekpe ma me. Giuseppe Tubini, si meɖi ɖase na le sitsoƒesaɖaa me lae ƒo nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa—eyome eya ŋutɔ hã xɔ nyɔnyrɔ!

Mɔnukpɔkpɔ su asinye le takpekpe ma me medo go Nɔviŋutsu Nathan Knorr, si tso Brooklyn ƒe Betel. Ede dzi ƒo na mía kple Giuseppe be míazã míaƒe agbe atsɔ asubɔ Mawu. Metso nya me be madze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le ɣleti ɖeka megbe. Esi megbɔ va aƒe me la, meka nye nyametsotsoa ta na nye ƒometɔwo, eye wo katã wodze agbagba be yewoaɖe dzi le ƒonye. Ke hã meɖoe kplikpaa. Eya ta ɣleti ɖeka megbe la, medze Betel subɔsubɔdɔ gɔme le Milan. Dutanyanyuigblɔla ene nɔ subɔsubɔm le afi ma: Giuseppe (Joseph) Romano kple srɔ̃a Angelina; Carlo Benanti kple srɔ̃a Costanza. Betel ƒomea me tɔ atɔ̃lia si va kpe ɖe wo ŋu eteƒe medidi o lae nye Giuseppe Tubini, eye nyee nye ame adelia.

Esi mesubɔ le Betel ɣleti ɖeka megbe la, woɖom nutome sue dzikpɔla—nyee nye Italy vidzidzi gbãtɔ si wode dɔ sia asi na. Nɔviŋutsu George Fredianelli, si nye dutanyanyuigblɔla gbãtɔ si tso United States va Italy le ƒe 1946 me la, nɔ mɔzɔzɔdɔa wɔm xoxoxo. Ena hehem kwasiɖa ʋɛ aɖewo, eye emegbe la, nye ɖeka meyi dɔa dzi. Meɖoa ŋku hame gbãtɔ si mesrã kpɔ la dzi nyuie—eyae nye Faenza. Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Tso esime mexɔ nyɔnyrɔ va de asi na ɣemaɣi la, nyemeƒo dutoƒonuƒo kpɔ o! Togbɔ be enɔ alea hã la, mete ŋu de dzi ƒo na nyasela siwo dome sɔhɛ geɖewo nɔ la be woabu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu. Ƒe aɖewo megbe la, subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ gãwo va su sɔhɛ mawo si le Italy.

Aleae medze dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔ si me dzidzɔ geɖe nɔ la gɔme. Eme yɔ fũu kple nu nyui siwo nyemenɔa mɔ kpɔm na o, asitɔtrɔwo, kuxiwo, kple dzidzɔ geɖe, eye wònye dɔ aɖe si me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu malɔ̃nugbɔawo ɖe lɔlɔ̃ fiam le ŋutɔ.

Subɔsubɔnyawo Le Italy Le Aʋaa Megbe

Magblɔ nya vi aɖe tso ale si subɔsubɔnyawo nɔ le Italy ɣemaɣi la ŋu. Katoliko Ha la si mee ŋusẽ nɔ ɣemaɣi eye atse meble ame aɖeke wòatsi tsitre ɖe wo ŋu. Togbɔ be wote dukplɔse yeye ŋu dɔ wɔwɔ le ƒe 1948 me hã, ƒe 1956 me hafi wote fli ɖe Fasitɔwo ƒe se si xe mɔ na Ðasefowo be woagaɖe gbeƒã o la me. Le subɔsubɔhakplɔlawo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe amewo dzi ta la, wogblẽa míaƒe takpekpewo me zi geɖe. Gake ɣeaɖewoɣi la, subɔsubɔhakplɔlawo ƒe agbagbadzedzeawo doa kpo nu ŋukpetɔe, eye nenemae wòdzɔ le ƒe 1948 me le Sulmona, si nye du sue aɖe le Italy dua titina.

Míenɔ takpekpea wɔm le fefewɔƒe aɖe. Le Kwasiɖagbe ŋdi la, nyee nye takpekpea ƒe zimenɔla, eye Giuseppe Romano ƒo dutoƒonuƒoa. Le ŋkeke mawo me la, ame gbogbo aɖewoe vaa takpekpewo. Ɣemaɣi si gbeƒãɖelawo mede 500 o gɔ̃ hã la, ame 2,000 ƒo ƒu ɖe fefewɔƒea wòyɔ fũu. Le nuƒoa ƒe nuwuwu la, ɖekakpui aɖe, si te Katoliko nunɔla eve siwo nɔ nyaselawo dome ƒlɔ dzo ɖo la, ti kpo va nuƒolanɔƒea. Esi wòɖoe be yeatɔtɔ ɖoɖoa ta la, ete ɣlidodo bobobo. Enumake megblɔ nɛ be, “Ne nya aɖe le asiwò nèdi be yeagblɔ la, ekema yi nàhaya akpata, eye àte ŋu agblɔ nya sia nya si nèdi.” Dzi medzɔ nyaselawo ɖe eŋu kura o, eye wodo ɣli ɖe eta ale gbegbe be eƒe gbe megava nɔ ɖiɖim o. Esia wɔe be ɖekakpuia ɖi le nuƒolanɔƒea eye wòdi afi aɖe to.

Le ŋkeke mawo me la, mɔzɔzɔ sesẽna. Ɣeaɖewoɣi la, mezɔna tso hame aɖe gbɔ yia bubu gbɔ, medoa nye gasɔ, meɖoa ʋu xoxo siwo me amewo yɔna taŋ, alo meɖoa keteke. Ɣeaɖewoɣi la, lãkpɔwo me alo dɔwɔnudzraɖoƒewoe memlɔna. Ðeko aʋa la wu enu tetie nye ma, eye Italytɔ akpa gãtɔ da ahe kolikoli. Nɔvi ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi eye woda ahe ŋutɔ. Togbɔ be meto nɔnɔme sesẽwo me hã la, mekpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me.

Gilead Suku Dede

Le ƒe 1950 me la, wokpe mía kple Giuseppe Tubini be míava de Gilead dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe hehenasuku ƒe klass 16 lia. Tso gɔmedzedzea kee mekpɔe be Eŋlisigbesɔsrɔ̃ asesẽ nam. Mewɔ nye ŋutete ɖe sia ɖe, gake esesẽ nam ŋutɔ. Enɔ na mí be míaxlẽ Biblia bliboa le Eŋlisigbe me. Be mate ŋu awɔ esia la, ɣeaɖewoɣi la, ehiãna be mada ŋdɔnuɖuɖu ƒu ale be masrɔ̃ ale si makɔ gbe dzi axlẽ nu le dutoƒo. Mlɔeba la, eva ɖo dzinye be mawɔ dɔdeasi. Meɖoa ŋku nya si nufialaa gblɔ nam dzi abe etsɔ koe wògblɔe ene be, “Wò asiwɔwɔ ɖe nya dzi kple wò dzonɔameme nyo ŋutɔ, gake gɔmesese aɖeke menɔ wò Eŋlisigbea ya ŋu o!” Togbɔ be enɔ alea hã la, medze agbagba wu sukua nu nyuie. Emegbe wogbugbɔ ɖo mía kple Giuseppe ɖe Italy. Hehe nyui si wona mí la wɔe be mí ame evea siaa míesu te nyuie wu asubɔ nɔviwo.

Le ƒe 1955 me la, meɖe Lidia, si xɔ nyɔnyrɔ esi meƒo nyɔnyrɔxɔxɔnuƒo ƒe adree nye ema va yi. Fofoa, Domenico, nye nɔviŋutsu vevi aɖe si te ŋu kpe ɖe vi adre siwo wòdzi la katã ŋu woxɔ nyateƒea, togbɔ be Fasidziɖuɖua ti eyome vevie eye wohe to nɛ wòyi ɖanɔ aboyo me ƒe etɔ̃ hã. Lidia hã nye nyateƒea ta ʋlila akuaku aɖe. Wokplɔe yi ʋɔnu zi etɔ̃ sɔŋ hafi wova da asi ɖe gome si le mía si be míaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me la dzi le se nu mlɔeba. Esi míeɖe srɔ̃ ƒe ade megbe la, míedzi mía viŋutsu gbãtɔ Beniamino. Le ƒe 1972 me la, míedzi viŋutsuvi bubu, eŋkɔe nye Marco. Edzɔa dzi nam ŋutɔ be wo ame evea kpakple woƒe ƒomewo siaa le Yehowa subɔm dzonɔamemetɔe.

Mekpɔtɔ Le Yehowa Subɔm Dzonɔamemetɔe

Le ƒe siwo me mesubɔ ame bubuwo dzidzɔtɔe me la, nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖewo su asinye. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1980-awo ƒe gɔmedzedze la, tonye ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Sandro Pertini si nye Italy ƒe dukplɔla ɣemaɣi. Le Fasitɔwo ƒe dzizizidziɖuɖua te la, woɖe woa kplii aboyo yi Ventotene ƒukpoa dzi, afi si wolɔ ame siwo wosusu be wonye dziɖuɖua ƒe futɔwo la yii. Tonye bia be woabia gbe ye kple susu be yeate ŋu aɖi ɖase na dukplɔlaa. Esi wolɔ̃ ɖe eƒe biabiaa dzi la, ekplɔm ɖe asi yi, eye woxɔ mí nyuie ŋutɔ—enye nane si teƒe míekpɔ kpɔ o. Dukplɔla la wɔ atuu na tonye hedo gbe nɛ vividoɖeameŋutɔe. Eyome míeɖo dze tso míaƒe dzixɔsewo ŋu nɛ eye míena agbalẽ aɖewoe.

Le ƒe 1991 me, le dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa wɔwɔ ƒe 44 siwo me mesrã hamewo kpɔ le Italy bliboa megbe la, meɖe asi le dɔa ŋu. Ƒe ene siwo kplɔe ɖo me la, mesubɔ abe Takpexɔ dzi kpɔla ene va se ɖe esime dɔléle sesẽ aɖe va wɔe be meɖe nye dɔwɔnawo dzi kpɔtɔ. Ke hã medaa akpe na Yehowa ɖe eƒe amenuveve ta be megakpɔtɔ nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Medzea agbagba wɔa nye ŋutete katã le gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple nufiafia amewo me, eye fifi laa la, mele Biblia nusɔsrɔ̃ aɖewo wɔm. Nɔviwo gagblɔna kokoko be ne meƒo dutoƒonuƒo la, dzo “manyagblɔ” aɖe nɔa eme. Medaa akpe na Yehowa be dzo si nɔ menye la nu mele tsitsim le tsitsi ta o.

Tso nye ɖevime la, mevɔ̃na na ku ŋutɔ, gake esime Biblia me sidzedze vavãtɔ va su asinye la, agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ vavã la su asinye—agbe si ŋu Yesu gblɔ le be woakpɔ “wòasɔ gbɔ.” (Yoh. 10:10) Esiae mele mɔ kpɔm na fifia—agbenɔnɔ si me ŋutifafa, dedienɔnɔ, kple dzidzɔ, kpakple Yehowa ƒe yayra gbagowo axɔ aƒe ɖo. Kafukafua katã nayi na mía Wɔla lɔ̃ame la, ame si ƒe ŋkɔ le mía ŋu le eƒe amenuveve ta.—Ps. 83:19.

[Anyigbatata si le axa 22, 23]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

SWITZERLAND

BERN

Zurich

Arbon

Steinach

ITALY

ROME

Como

Milan

Adda Tɔsisi

Castione Andevenno

Faenza

Sulmona

Ventotene

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Míele mɔ dzi yina Gilead

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Mía kple Giuseppe Le Gilead Sukua

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Le míaƒe srɔ̃ɖegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Srɔ̃nye lɔlɔ̃a le ŋunye kplikplikpli ƒe 55 kple edzivɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe