Ŋutsu Si Ƒe Nu Dze Yehowa Ŋu
NU KAE vaa susu me na wò ne èbu David si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu? Ale si wòɖu Filistitɔwo ƒe ame dzɔtsu Goliat dzi yea? Ale si wòsi yi gbe dzi esi Fia Saul nɔ eyome tim yea? Nu vɔ̃ si wo kple Bat-Seba wowɔ, kpakple nɔnɔme sesẽ siwo esia he va edzi yea? Alo ɖewohĩ hakpanya siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ, siwo le Biblia gbalẽ si nye Psalmowo me ye vaa susu me na wòa?
David kpɔ nu geɖe teƒe le agbe me siwo ƒe ɖewoe nye nudzedzinamewo, mɔnukpɔkpɔwo, kple nudzɔɖeamedziwo. Ke hã, nu si naa David ƒe nu léa dzi na mí wue nye nya si nyagblɔɖila Samuel gblɔ tso eŋu, si nye be anye ‘ŋutsu si ƒe nu dze Yehowa ŋu.’—1 Samuel 13:14.
Samuel ƒe nyagblɔɖi sia va eme esime David nye ŋutsuvi dzaa. Ðe madzɔ dzi na wò ne wogblɔ tso ŋuwò be ènye ame si ƒe nu dze Yehowa ŋu oa? Ekema nu kawoe ɖe dzesi le David ŋu, vevietɔ le eƒe ɖevime, si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànye ame si ƒe nu dze Yehowa ŋu? Na míakpɔe ɖa.
Ƒome Si Me Wòtso Kple Dɔ Si Wɔla Wònye
David fofo Isai nye Boaz kple srɔ̃a Rut ƒe dzidzimevi. Eye anɔ eme be Isai nye mawuvɔ̃la dovevienu. Esime David kple nɔviaŋutsu adreawo kple nɔvianyɔnu eveawo nɔ ɖevime la, Isai fia nu wo tso Mose Ƒe Sea me. Le David ƒe psalmowo dometɔ ɖeka me la, egblɔ be yenye Yehowa ƒe “dɔlanyɔnuvi” ƒe vi. (Psalmo 86:16) Esia na ame aɖewo ƒo nya ta be David dada, si ŋkɔ womeyɔ le Biblia me o la, hã kpe ɖe David ŋu wòva zu mawuvɔ̃la. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be “anɔ eme be dadaa gbɔe wòse nu tso ŋutinya wɔdɔɖeamedzi siwo ku ɖe ale si Mawu wɔ nu kple eƒe amewo le blema ŋu” la tsoe zi gbãtɔ, eye esia lɔ Boaz kple Rut ƒe ŋutinyaa hã ɖe eme.
Esi woƒo nu tso David ŋu zi gbãtɔ le Biblia me la, enye alẽkplɔvi si nɔ fofoa ƒe alẽwo kplɔm. Dɔ sia abia be eya ɖeka natsi gbe dzi adɔ ŋkeke geɖe. Bu ale si esia anɔe ŋu kpɔ.
Betlexem ye David ƒe ƒomea nɔ. Enye du sue aɖe si le togbɛwo dzi le Yuda ƒe tonutowo me. Betlexem ƒe kpenyigba la nyoa nuku. Atikutsetsebɔwo, amitibɔwo, kple wainbɔwo nɔ togbɛawo dzi kple baliwo me. Anɔ eme be le David ŋɔli la, anyigbaa ƒe kɔkɔƒewoe nyea gbeɖuƒe na lãwo. Nuto si ƒo xlã teƒe siae nye Yuda gbedzi.
David ƒe alẽkpɔkplɔdɔa nye dɔ si me afɔku le. Togbɛ siawo dzie wònɔ alẽwo kplɔm le hafi dzata aɖe kple emegbe sisiblisi aɖe te kpɔ be yewoalé eƒe alẽawo.a Ðekakpuivi dzinɔameƒotɔ sia ti lã lénuawo yome hewu wo, eye wòɖe eƒe alẽawo le woƒe nu me. (1 Samuel 17:34-36) Ðewohĩ ɣeyiɣi sia mee David srɔ̃ akafodada nyuie. Benyamin toa ƒe anyigba medidi tso wo de o. To ma me tɔwo ƒe aʋawɔla bibiwo tea ŋu daa akafo “ƒoa taɖaku ɖeka hã, eye [womedaa] dadagbo o.” David hã tea ŋu daa akafo nenema.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 20:14-16; 1 Samuel 17:49.
Ewɔ Ɣeyiɣia Ŋu Dɔ Nyuie
Zi geɖe la, alẽkpɔkplɔ nyea ameɖekɛdɔ si me vovoɣi geɖe nɔa ame ŋu le. Ke hã, David meɖe mɔ esia na kuvia ɖoe o. Ewɔa tomefafa si nɔa anyi zi geɖe la ŋu dɔ tsɔ dea ŋugble. Edze abe David ƒe ɖevimee wòde ŋugble le nu siwo wòva ŋlɔ ɖe eƒe psalmowo me emegbe la ŋu ene. Ðe wòanye be ɣeyiɣi siwo me eya ɖeɖe le gbea dzi la mee wòdea ŋugble le akpa si wɔm amegbetɔwo le le Mawu ƒe nuwɔwɔwo me kpakple nuwɔwɔ wɔnuku siwo le dziƒowo, abe ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo ene, siwo nye Yehowa ƒe ‘asinudɔwɔwɔwo’ la ŋua? Gbeɖuƒe siwo le Betlexem nutoa mee wònɔ hafi nɔ ŋugble dem le anyigba wɔnu la, alẽwo kple nyiwo, kpakple dziƒoxewo kple “gbemelãwo” ŋua?—Psalmo 8:4-10; 19:2-7.
Ðikeke mele eme o be nu siwo me David to esime wònye alẽkplɔla la na wòkpɔ ale si Yehowa léa be na ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la dze sii nyuie wu. Eya ta David dzi ha be: “Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o. Lãnyiƒe damawo wòna metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii. Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.”—Psalmo 23:1, 2, 4.
Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be mɔ kawo nue nya siawo ka ye le hã. Ŋuɖoɖoae nye be nu siwo ta David kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli, eye woyɔe be ‘ŋutsu si ƒe nu dze Yehowa ŋu’ lae nye be edea ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo kpakple ƒomedodo si le wo kple Mawu dome la ŋu vevie. Aleae wòle le wò hã gowòmea?
Ðe wòdzɔ kpɔ be ède ŋugble le Wɔla la ƒe asinudɔwɔwɔ aɖe ŋu nyuie, eye wò dzi ʋã wò nèkafui hetsɔ ŋutikɔkɔe nɛa? Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa la de to ɖe edzi esi nèkpɔ ale si eƒe nɔnɔmewo ɖe dzesi le ale si wòwɔa nu ɖe amegbetɔwo ŋu mea? Be nàte ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe ame si Yehowa nye ŋu alea la, ehiã be nàdi ɣeyiɣi ado gbe ɖa ahade ŋugble le Mawu ƒe Nya la kple eƒe nuwɔwɔwo ŋu vevie le ɖoɖoezizi me. Esia wɔwɔ ate ŋu ana nàte ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu ahalɔ̃e. Mɔnukpɔkpɔ sia ate ŋu asu tsitsiawo kple ɖeviwo siaa si. Ðikeke mele eme o be kadodo kplikplikpli nɔ David kple Yehowa dome tso David ƒe ɖevime ke. Aleke míewɔ nya?
Wosi Ami Na David
Esi wòva dze ƒãa be Fia Saul megadze akplɔ Mawu ƒe amewo o la, Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Samuel be: “Ŋkeke nenie nànɔ konyi fam le Saul, ame si megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nàyi; kpɔ ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.”—1 Samuel 16:1.
Esi Mawu ƒe nyagblɔɖilaa va ɖo Betlexem la, ena Isai yɔ viawo vae. Wo dometɔ kae wòle be Samuel nasi ami na ne wòava nye fia? Esi Samuel kpɔ Eliab, si nye xoxoetɔ la, egblɔ le susu me be: ‘Ame siae.’ Ke Yehowa gblɔ na Samuel be: “Mègakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye ale si amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” Yehowa gbe Abinadab, Sama, kpakple wo nɔviŋutsu ene bubuwo hã. Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Eye Samuel bia Isai bena: ‘Ðekakpuiawo vɔa?’ Eɖo ŋu bena: ‘Ekpɔtɔ ɖevitɔ, kpɔ ɖa, eyi alẽkplɔƒe!’”—1 Samuel 16:7, 8, 11.
Edze abe nya si gblɔm Isai nɔe nye: ‘Nyemexɔe se be David dimee nèle o.’ David ye nye ɖevitɔ le ƒomea me si womebu ame vevii o, eye eƒe dɔe nye be wòanɔ alẽawo kplɔm. Ke eyae Mawu tia. Yehowa nya amegbetɔ ƒe dzi, eye edze ƒãa be ekpɔ nane le ɖekakpuivi sia ŋu si ŋu wòdea asixɔxɔe vevie. Eya ta esi Isai dɔ woɖakplɔ David vae la, Yehowa gblɔ na Samuel be: “‘Tso nàsi ami nɛ, elabena eyae!’ Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe.”—1 Samuel 16:12, 13.
Biblia megblɔ ƒe si David xɔ hafi nu sia dzɔ la na mí o. Ke hã, ɣeyiɣi aɖe megbe la, nɔviaŋutsu xoxoetɔ etɔ̃awo, siwo nye Eliab, Abinadab, kple Sama, wonɔ Saul ƒe asrafoha la me. Ðewohĩ ŋutsuvi atɔ̃ mamlɛawo metsi ne woage ɖe asrafodɔ me haɖe o. Anɔ eme be womexɔ ƒe 20 haɖe o, elabena ƒe mae ame axɔ hafi ate ŋu anɔ Israel ƒe asrafoa me. (4 Mose 1:3; 1 Samuel 17:13) Aleke kee wòɖale o, David nye ɖevi dzaa esi Yehowa tiae. Ke hã, edze abe David sroa Mawu ɖa ɣemaɣi gɔ̃ hã ene. Edze ƒãa be wo kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli, eye wòna ƒomedodo sia me gasẽ ɖe edzi to ŋugbledede le nu siwo wònya tso Mawu ŋu me.
Egbea, ele be woade dzi ƒo na ɖeviwo be woawo hã woawɔ nu nenema. Eya ta dzilawo, ɖe miele dzi dem ƒo na mia viwo be woade ŋugble le nu siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu, eye woakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu ahasrɔ̃ nu tso nu si Biblia gblɔ tso Wɔlaa ŋua? (5 Mose 6:4-9) Ke mi ɖeviwo hã ɖe, ɖe miele esia wɔm le mia ɖokui sia? Wotrɔ asi le Biblia srɔ̃gbalẽwo abe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewob ene ŋu be woakpe ɖe mia ŋu le esia wɔwɔ me.
Ebi Ðe Saŋkuƒoƒo Me
Abe ale si ko David ƒe psalmowo dometɔ geɖe ɖe nanewo fia mí ku ɖe ɣeyiɣi siwo me wònye alẽkplɔla ŋu ene la, nenema kee wòanɔ le ale si wòƒo hae la hã gome. Gake egbea, ame aɖeke menya ale si wòƒo saŋku ɖe ha kɔkɔe mawo dzi o. Ke hã, míenya be ame si kpa ha mawo la nye hakpala bibi. Le nyateƒe me la, ale si David bi ɖe saŋkuƒoƒo me tae woyɔe tso alẽkplɔƒe be wòava subɔ Fia Saul ɖo.—1 Samuel 16:18-23.c
Ɣekaɣie David srɔ̃ saŋkuƒoƒo, eye afi kae wòsrɔ̃e le? Anɔ eme be esrɔ̃e le ɣeyiɣi siwo me wònɔ gbe dzi nɔ alẽwo kplɔm. Edze kɔtɛ be togbɔ be David nɔ sue ɣemaɣi hã la, enɔ kafukafuhawo dzim na Mawu tso dzi me. Eye ɖe menye ale si David tsɔ eɖokui na Mawu hesubɔe nuteƒewɔwɔtɔe tae Yehowa tiae hena wòzu eƒe dɔla ɖo oa?
Ale si David kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli le eƒe ɖevime la ko mee míedzro. Ke hã, nɔnɔme nyui si ɖe dzesi le David ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me la dze le nya aɖe si wògblɔ me, eye anɔ eme be ɣeyiɣi siwo me wònɔ gbe dzi le Betlexem la mee wòbu nya mawo ŋu. Kpɔe ɖa ko be David le ha dzim na Yehowa be: “Meɖo ŋu blemaŋkekewo, mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.” (Psalmo 143:5) Psalmo lédziname sia kple bubu siwo David kpa la dea dzi ƒo na ame siwo katã di be yewoƒe nu nadze Yehowa ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Syria sisiblisi si wokpɔna le Palestina nyigba dzi tsã la ƒe kpekpeme le abe kilogram 140 ene, eƒe afɔwo lolo, eye ate ŋu atsɔe atu ame wòaku. Dzatawo hã sɔ gbɔ ɖe nuto ma me tsã. Yesaya 31:4 gblɔ be ne woyɔ ‘lãkplɔviwo ɖe dzatavi ŋu kpaŋkpaŋ’ hã la, womate ŋu axɔ nulélea le esi o.
b Yehowa Ðasefowoe taa agbalẽ siawo.
c Fia ƒe dɔla si kafu David la gblɔ hã be “enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka, eye Yehowa li kplii.”—1 Samuel 16:18.