Ènyaa?
Nu ka tae wònye tegliwoe Mawu tsɔ na Israel viwo be woaɖu esime wonɔ gbea dzi?
▪ Zi evee Mawu na tegliwo Israel viwo le agbɔsɔsɔ gã aɖe me be woaɖu esi woʋu tso Egipte vɔ megbe.—2 Mose 16:13; 4 Mose 11:31.
Tegliwo nye xevi sue aɖewo siwo ƒe didime anɔ abe sentimeta 18 ene, eye woƒe kpekpeme anɔ abe gram 100 ene. Le ƒea ƒe ɣeyiɣi si me woƒoa vi la, wonɔa ɣetoɖoƒe Asia kple Europa ƒe teƒe vovovowo. Le vuvɔŋɔli la, wodzona le agbɔsɔsɔ gã aɖe me yia Dziehe Afrika kple Arabia. Le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me la, tegliwo ƒe ha gãwo dzona toa Mediterranea Ƒua ƒe ɣedzeƒe gome heva tona Sinai Ƒukpoa ta yina.
Numekugbalẽ si nye The New Westminster Dictionary of the Bible gblɔ tso tegliwo ŋu be “wonya dzodzo, wodzona kabakaba, eye wodzona ɖe yaa nu; gake ne yaƒoƒoa trɔ, alo ɖeɖi te wo ŋu belibeli le esi mɔa didi ta la, tegliwo ƒe ha bliboa tea ŋu gena dzea anyigba hetsia namanama.” Hafi woayi mɔzɔzɔa dzi la, ele be woaɖi ɖe eme le anyigba ŋkeke ɖeka alo eve, si wɔnɛ be amewo tea ŋu léa wo bɔbɔe. Le ƒe alafa 20 lia me la, Egiptetɔwo nɔ tegli miliɔn etɔ̃ sɔŋ ɖom ɖe duta ƒe sia ƒe abe nudonui ene.
Adamee Israel viwo ɖu tegliwo le zi gbãtɔ kple zi evelia siaa. Togbɔ be tegliwo dzona va toa Sinai nutowo me le ɣeyiɣi sia me zi geɖe hã la, Yehowa ye na “ya aɖe ƒo” helɔ xevi siawo va kɔ ɖe Israel viwo ƒe asaɖa la me.—4 Mose 11:31.
Nu kae “xɔŋukɔkɔŋkekenyui” si ŋu woƒo nu tsoe le Yohanes 10:22 la nye?
▪ Ŋkekenyui etɔ̃e Mawu de se na Yudatɔwo be woanɔ ɖuɖum. Woɖua Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui le adame ƒe gɔmedzedze, woɖua Pentekoste Ŋkekenyui le adame ƒe nuwuwu, eye woɖua Agbadɔŋkekenyui le kele me. Ke hã, “vuvɔŋɔlie” woɖua ŋkekenyui si ŋu woƒo nu tsoe le Yohanes 10:22 la le, eye wotsɔnɛ ɖoa ŋku ɣeyiɣi si me wogbugbɔ kɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu le ƒe 165 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli. Woɖunɛ ŋkeke enyi, eye wodzea egɔme le ɣleti Chislev ƒe ŋkeke 25 lia dzi, le ɣeyiɣi si gogo vuvɔŋɔli ƒe ŋkeke si dzi ɣea gatea dzedze wokpɔna. Nu ka tae wova nɔ ŋkekenyui sia ɖum?
Le ƒe 168 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me la, dziɖula Antiochus IV (Epiphanes), si nye Hela Nutomefia si nɔ Siria dzi ɖum la, nɔ agbagba dzem be yeaɖe Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ kple kɔnuwo ɖa keŋkeŋ, eya ta ena wotu trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui ɖe vɔsamlekpui si le Yehowa ƒe gbedoxɔ si le Yerusalem la dzi. Ena wosa vɔwo ɖe vɔsamlekpui sia dzi na Helatɔwo ƒe mawu Zeus.
Esia na Maccabeeawo dze aglã ɖe Helatɔwo ƒe dziɖuɖu ŋu. Yudatɔwo ƒe kplɔla Judas Maccabaeus wɔ aʋa kple Hela Nutomefiawo hexɔ gbedoxɔa le wo si, ena wogbã vɔsamlekpui si wodo gui la, eye wòna woɖi vɔsamlekpui bubu ɖe eteƒe. Ƒe etɔ̃ pɛpɛpɛ megbe tso esime wodo gu gbedoxɔa la, Judas gbugbɔ kɔ gbedoxɔ sia si ŋu dza azɔ la ŋu na Yehowa. Yudatɔwo ɖua “xɔŋukɔkɔŋkekenyui” sia (chanuk·kahʹ, le Hebrigbe me) le December me tso ɣemaɣi va de asi na egbe. Egbea, woyɔa ŋkekenyui sia be Hanukkah.
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Judas Maccabaeus ƒe nɔnɔmetata, Lyon, ƒe 1553
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 14]
Agbalẽ si me wòtso, Wood’s Bible Animals. 1876