Te Ðe Mawu Ŋu
‘Yehowa, Èdze Sim’
AGBALẼŊLƆLA aɖe gblɔ be: “Agba si kpea ame wu ɖe sia ɖee nye be nàse le ɖokuiwò me be ame aɖeke metsɔ ɖe le eme na wò alo se nu gɔme na wò o.”a Èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ðe wòwɔ na wò kpɔ be ame aɖeke metsɔ ɖe le eme na wò alo se nu siwo me tom nèle gɔme, kaka wòahayi ale si nèsena le ɖokuiwò me nya ge oa? Ne èse le ɖokuiwò me nenema kpɔ la, ke nya siawo ate ŋu afa akɔ na wò: Yehowa tsɔ ɖe le eme na esubɔlawo ale gbegbe be edea dzesi nu siwo katã me tom wole le woƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me. David ƒe nya siwo le Psalmo 139 la ka ɖe edzi na mí be nya siawo le eme.
Esi David ka ɖe edzi be Mawu tsɔ ɖe le eme na ye ta la, egblɔ be: “Yehowa èdzro menye, eye nèdze sim.” (Kpukpui 1) David zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nyui aɖe le kpukpui sia me. Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “èdzro menye” la ate ŋu afia be woaku tomenu si me woɖea ga tsonɛ (Hiob 28:3), woatsa ŋku le anyigba dzi (Ʋɔnudrɔ̃lawo 18:2), alo woadzro ʋɔnudrɔ̃nya aɖe me (5 Mose 13:14). Ɛ̃, Yehowa nya mí nyuie ale gbegbe be ɖeko wòle abe ɖe wòdzro míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me tsitotsito ene. Ŋkɔteƒenɔnya “menye,” si David zã la fia be Mawu tsɔa ɖe le eme na esubɔlawo abe ame ɖekaɖekawo ene. Edzroa wo me hedzea si wo katã ɖekaɖeka.
David gate gbe ɖe ale si Mawu dzroa mía me tsitotsitoe la dzi ale: “Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke.” (Kpukpui 2) Le gɔmesese aɖe nu la, Yehowa le ‘adzɔgedzɔge ke,’ elabena dziƒoe wòle. Ke hã, enya míaƒe anyinɔnɔ, si ate ŋu afia ɣeyiɣi si míegbɔ va aƒe le ŋkekea ƒe hloloetsotsowo vɔ megbe, kpakple míaƒe fɔfɔ le ŋdi be míayi míaƒe gbe sia gbe dɔwo gbe. Enya míaƒe susuwo, nudzodzrowo kple tameɖoɖowo hã. Ðe vɔvɔ̃ ɖo David le esi Mawu dzroa eya amea me tsitotsito ta? Ao, ke boŋ eya ŋutɔe dii nenema. (Kpukpui 23, 24) Nu ka tae?
David nyae be susu nyuiwo tae Yehowa dzroa esubɔlawo me ɖo. Susu nyui siawo dzie David nɔ susu hem yi esi wòŋlɔ bena: “Èdo nye azɔlizɔzɔ kple nye anyimɔmlɔ kpɔ, eye nye mɔwo katã le nyanya na wò.” (Kpukpui 3) Yehowa kpɔa míaƒe “mɔwo katã,” si fia míaƒe vodadawo kple míaƒe dɔ nyuiwo, gbe sia gbe. Míaƒe gbegblẽƒewo ŋue eƒe susu nɔna loo alo míaƒe nyuiƒewoe? Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘èdoe kpɔ’ la ate ŋu afia be “woatsra,” alo “woagbɔ nu” abe ale si ko agbledela gbɔa lu bene tsroa, si ŋu viɖe mele o la naɖe ɖa le nuɖuɖua ŋutɔ ŋu ene. Nya si gɔme woɖe be “nyanya na wò,” ate ŋu afia “dea asixɔxɔ eŋu” le Hebrigbe me. Ne Yehowa le nu siwo esubɔlawo wɔna kple nya siwo wogblɔna gbe sia gbe me dzrom la, edea asixɔxɔ nyuiƒeawo ŋu. Nu ka tae? Elabena edea asixɔxɔ agbagba siwo dzem wole be yewoadze eŋu la ŋu.
Psalmo 139 me nyawo na míekpɔe be Yehowa tsɔ ɖe le eme na esubɔlawo vevie. Edzroa wo me kpɔna, eye eƒe ŋku nɔa wo ŋu le woƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo me. Eya ta enya kuxi siwo wodoa goe, eye nuteɖeamedzi kple vevesese si kuxi siawo hena vaa wo dzi la le nyanya nɛ. Ðe wò dzi ʋã wò nèle Mawu sia si tsɔa ɖe le eme na ame alea la subɔma? Ne èle esia wɔm la, ke àte ŋu aka ɖe nya sia dzi: Yehowa maŋlɔ ‘wò dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si nèɖe fia le eƒe ŋkɔ’ la ta be gbeɖe o.—Hebritɔwo 6:10.
Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le September me:
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Arthur H. Stainback ye gblɔ nya siawo.