INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 12/1 axa 22
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Avɔwo Kple Amadedewo Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ènyaa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ame Siwo Ŋlɔ Yesu Ŋuti Nyawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Dɔ Kae Amadedewo Wɔna Ðe Dziwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 12/1 axa 22

Ènyaa?

Aleke blematɔwo wɔ kpɔ “ka dzĩ” si ŋu woƒo nu tsoe enuenu le Mose ƒe Agbalẽ Evelia me?

▪ Le Biblia me nuŋlɔɖiwo nu la, “aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi dada” ye wotsɔ lɔ̃ avɔgbadɔ si nye blema Israel viwo ƒe tadeaguƒe la ƒe mɔnuvɔa, eye eya kee wotsɔ tɔ kpɔ ɖe eŋui. (2 Mose 26:1; 38:18) “Ka dzĩ” ye wotsɔ lɔ̃ nunɔlawo ƒe ‘awu kɔkɔeawo’ hã.—2 Mose 28:1-6.

Nane si wotsɔna dea ama ɖeti wòbiãna hẽe lae wotsɔna wɔa ka dzĩ siae. Nugbagbevi aɖe (Coccidae) mee woɖea amadenu sia tsonɛ, eye nɔea mee wokpɔnɛ le ke menye atsua o. Kermes-ti (Quercus coccifera) si tsina le Titina Ɣedzeƒe kple Mediterranea Ƒuta nutowo me la ŋutie nugbagbevi matoaʋala siawo nɔna. Azi siwo le nugbagbevi sia ƒe dɔ me la mee wokpɔa amadenu dzĩa tsonɛ. Nugbagbevi siawo nɔa goɖoe le ɣeyiɣi si me azi le dɔ me na wo, eye woƒe dzedzeme nɔna abe atitoe tɔ ene, eye wovãna ɖe kermes-ti la ƒe aŋgbawo kple atilɔwo ŋu. Ne woɖe wo le atia ŋu heto wo la, wobiãna hẽe ŋutɔ, eye ne wodee tsi me la, eɖena ɖe tsia me wotsɔna dea ama avɔe. Roma ŋutinyaŋlɔla Pliny Tsitsitɔ ƒo nu tso amadenu sia ŋu, eye wògblɔ be wodea asixɔxɔ gã eŋu le yewo ŋɔli.

Ame siwo ŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo la dometɔ kawoe nɔ anyi le ƒe 33 Mía Ŋɔli ƒe Pentekostea dzi?

▪ Anɔ eme be ŋutsu enyi siwo ŋlɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa sia la dometɔ ade ye nɔ anyi ene.

Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa gblɔ be Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Migayi adzɔge tso Yerusalem o, ke boŋ minɔ nu si ŋugbe Fofo la do . . . la, lalam.” (Dɔwɔwɔwo 1:4) Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa gaɖee fia be Mateo, Yohanes, kple Petro, siwo va ŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo emegbe la wɔ ɖe nya sia dzi, eye wo kple nusrɔ̃la bubuawo “wonɔ teƒe ɖeka.” Yesu dadaviwo hã nɔ wo dome. (Dɔwɔwɔwo 1:12-14; 2:1-4) Emegbe wo dometɔ eve, Yakobo kple Yuda, ŋlɔ Biblia gbalẽ siwo ŋu woyɔ woƒe ŋkɔwo tɔ ɖo la.—Mateo 13:55; Yakobo 1:1; Yuda 1.

Le Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽa me la, eƒo nu tso ɖekakpui aɖe si si dzo le zã si me wolé Yesu la ŋu. Edze ƒãa be eya ŋutɔ ɖokui ŋue wònɔ nu ƒom tsoe, elabena nusrɔ̃la mamlɛawo katã gblẽ Yesu ɖi xoxo. (Marko 14:50-52) Eya ta edze abe Marko nye nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ɖeka ene, eye anɔ eme be enɔ anyi le Pentekosteŋkekea dzi.

Ke azɔ esusɔ Paulo kple Luka, siwo hã Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo. Le ƒe 33 Mía Ŋɔli ƒe Pentekostea dzi la, Paulo menye Yesu yomedzela haɖe o. (Galatiatɔwo 1:17, 18) Edze abe Luka hã menɔ anyi le ŋkeke ma dzi o ene, elabena le eƒe nuŋlɔɖia nu la, eya ŋutɔ ‘mekpɔ’ Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ‘teƒe’ o.—Luka 1:1-3.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Nugbagbevi si wotsɔ wɔa amadenu lae

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of SDC Colour Experience (www.sdc.org.uk)

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Petro le nu ƒom le ƒe 33 mía ŋɔli ƒe pentekostea dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe