INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 1/15 axa 14
  • ‘Aleke Mawɔ Hafi Ate Ŋu Aɖe Gbeƒã?’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Aleke Mawɔ Hafi Ate Ŋu Aɖe Gbeƒã?’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Womeɖe Lɔlɔ̃ Fiam Alea Gbegbe Kpɔ O”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • ‘Tso Ðeviwo ƒe Nu Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 1/15 axa 14

‘Aleke Mawɔ Hafi Ate Ŋu Aɖe Gbeƒã?’

Le xexea me godoo la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be wole avu wɔm kple lãmesẽkuxi sesẽwo hã la ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi geɖewo li. Le kpɔɖeŋu me, bu Dalia si le Lithuania ƒe fiadu, Vilnius, me la ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ.

Dalia nye nɔvinyɔnu aɖe si xɔ abe ƒe 35 ene. Tso edziɣi ke la, susu me ʋuka ƒe dɔléle aɖe (cerebral apoplexy) ɖea fu nɛ. Dɔléle ma na wòtu eye megatea ŋu ƒoa nu nyuie o. Esia na be eƒe ƒometɔwo koe tea ŋu sea nya siwo wògblɔna la gɔme nyuie. Dalia le dadaa Galina gbɔ, eye eyae kpɔa eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Togbɔ be fukpekpe kple dzimaɖitsitsiwo yɔ Dalia ƒe agbe me hã la, ekpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi. Nu kae kpe ɖe eŋu?

Galina ɖe eme be: “Le ƒe 1999 me la, nye ƒometɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolonija va srã mí kpɔ. Míede dzesii be Apolonija si nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka la nya Biblia la nyuie, eya ta Dalia dze nya geɖe biabiae gɔme. Eteƒe medidi o, wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Dalia. Ɣeaɖewoɣi la, mewɔa ɖeka kpli wo ale be magbugbɔ agblɔ nya siwo Dalia le gbɔgblɔm la wo me nakɔ. Gake mede dzesii be nu sia nu si srɔ̃m wòle la le vi ɖem nɛ vavã. Eteƒe medidi o, nye hã mebia be woasrɔ̃ Biblia kplim.”

Esi Dalia te Biblia me nyateƒeawo gɔme sese ko la, biabia aɖe va nɔ fu ɖem nɛ vevie. Mlɔeba la, eɖee gblɔ esi wòbia Apolonija be: “Esi wònye be metu le goawo katã me la, aleke mawɔ hafi ate ŋu aɖe gbeƒã?” (Mat. 28:19, 20) Apolonija ka ɖe edzi na Dalia tufafatɔe be: “Mègavɔ̃ o. Yehowa akpe ɖe ŋuwò.” Eye vavãe, Yehowa kpe ɖe eŋu hã.

Ke aleke Dalia ɖea gbeƒã? Ewɔa esia le mɔ vovovowo nu. Nɔvinyɔnu Kristotɔwo kpena ɖe eŋu wòŋlɔa lɛta siwo me Biblia me gbedeasiwo le. Gbã la, Dalia gblɔa nya siwo wòdi be yeaŋlɔ la na nɔvinyɔnuawo. Eyome la, woŋlɔa eƒe susuwo ɖe lɛtaa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Dalia ɖoa Biblia me nyawo ɖe amewo to asitelefon dzi tsɔ ɖia ɖase na wo. Eye ne yame ƒe nɔnɔmewo de ame dzi la, hamea me tɔwo kplɔnɛ doa go be wòate ŋu aɖo dze kple ame siwo woado goe le tsaɖibɔ siwo le woƒe nutoa me la me kpakple ablɔwo dzi.

Dalia kple dadaa yi edzi wɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Wo ame evea siaa tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ le November 2004 me. Le September 2008 me la, woɖo Polandgbe ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖe Vilnius. Esi ƒuƒoƒoa hiã na Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe ta la, Dalia kple dadaa wɔ ɖeka kple ƒuƒoƒoa. Dalia gblɔ be: “Le ɣleti aɖewo me la, metsia dzimaɖi ne nyemete ŋu yi gbeadzi haɖe o. Gake ne medo gbe ɖa na Yehowa tso eŋu megbe teti ko la, nɔvi aɖe wɔa ɖoɖo kplim be míayi gbeadzi.” Aleke Dalia, mía nɔvinyɔnu lɔlɔ̃a, sena le eɖokui me ku ɖe eƒe nɔnɔmea ŋu? Egblɔ be: “Dɔlélea na nye lãme tu, gake mekpɔ ŋusẽ ɖe nye tamebubu ƒe ŋutete dzi o. Mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ be mete ŋu ƒoa nu na ame bubuwo tso Yehowa ŋu!”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe