INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 1/15 axa 31-32
  • Míaƒe Blemanu Xɔasiwo Ta Kpɔkpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Blemanu Xɔasiwo Ta Kpɔkpɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • MÍAƑE “ƑOMEA ƑE ALBƆM” KPLE “DOMENYINU XƆASIWO”
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 1/15 axa 31-32

Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe

Míaƒe Blemanu Xɔasiwo Ta Kpɔkpɔ

GBƆGBƆMEDOMENYINU gbogbo aɖe le Yehowa ƒe amewo si. Menye míaƒe agbalẽwo xexlẽ dzi koe míate ŋu ato anya nu tso domenyinu siawo ŋu o, ke míate ŋu ato fotowo, lɛtawo, amewo ƒe nuŋlɔɖiwo, kple aɖaŋunu xɔasi siwo do ƒome kple míaƒe tadedeagu, míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa, kpakple míaƒe ŋutinya la hã dzi. Gake vi kae domenyinu mawo nu ƒoƒo ƒu kple míaƒe ŋutinya nyanya aɖe na mí? Enyo, Yehowa de se na ƒome ƒe tawo le blema Israel be woafia yeƒe sea wo viwo eye woagblɔ nu wɔnuku siwo katã yewɔ la na wo ale be “woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu.”—Ps. 78:1-7.

Nuŋlɔɖiwo kple blemanuwo me dzodzro tsitotsito wɔ akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe tameɖoɖo me vava me. Le kpɔɖeŋu me, esi tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be yewoana Israel viwo nadzudzɔ gbedoxɔa tutu le Yerusalem la, fia la na wotsa agbalẽdzraɖoƒe si me blemanuŋlɔɖiwo le le Axmeta, si nye Media nyigba ƒe fiadu la me, eye wokpɔ Fia Kores ƒe nuŋlɔɖi aɖe si ɖe mɔ na Israel viwo be woatu gbedoxɔ la. (Ezra 6:1-4, 12) Alea wòdzɔe be, wogagbugbɔ tu gbedoxɔ la le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Nya Nyui ŋlɔla Luka hã zã nuŋlɔɖi veviwo, elabena egblɔ be: “Medzro wo katã me kpɔ tsitotsito va se ɖe egɔme ke.”—Luka 1:1-4.

Dziɖuha la tsɔ ɖe le míaƒe blema teokrasi ŋutinyawo me vevie ŋutɔ. Esi Dziɖuha la me tɔ ɖeka nɔ nu ƒom tso nu si ta wòhiã be woakpɔ míaƒe gbɔgbɔmedomenyinuwo ta, awɔ wo ŋuti nuŋlɔɖi, eye woatsɔ wo ade asi na wo megbeviwo ŋu la, egblɔ be: “Ne míesrɔ̃ nu tso nu siwo dzɔ va yi ŋu la, ekpena ɖe mía ŋu míedzea ŋgɔ etsɔme kple kakaɖedzi.” Eya ta nyitsɔ laa la, woɖo dɔwɔƒe yeye aɖe si wona ŋkɔ be Nudzraɖoƒe Dzikpɔƒe ɖe míaƒe dɔwɔƒe gã si le Brooklyn, New York, eye wòle Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmitia ƒe dzikpɔkpɔ te.

MÍAƑE “ƑOMEA ƑE ALBƆM” KPLE “DOMENYINU XƆASIWO”

Ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, zi geɖe la, míeŋlɔa nu siwo me míaƒe ƒomea to la dometɔ geɖe be, eye mía dometɔ geɖe gblɔna be, ne ɖe míenyaa, anye ne míeŋlɔ nu sia nu ɖi beléletɔe. Eya ta Nudzraɖoƒe Dzikpɔƒea le dɔ dzi ŋkubiãtɔe fifia be woakpɔ míaƒe domenyinu xɔasi siwo le dzidzim ɖe edzi la ta ahawɔ wo ŋuti nuŋlɔɖiwo ɖi na mí. Míate ŋu ayɔ foto siwo wolé be na nyuie le Nudzraɖoƒea la be míaƒe “ƒomea ƒe albɔm.” Agbalẽ siwo míeta le gɔmedzedzea me, agbemeŋutinya dodzidzɔname siwo ameawo ŋutɔ ŋlɔ ɖi, kple ŋkuɖodzinu xɔasi siwo wɔ akpa vevi aɖe le míaƒe ŋutinya me la hã le nu xɔasi siwo le Nudzraɖoƒea dome. Nu siawoe nye “domenyinu xɔasi” siwo nana míaƒe teokrasi ŋutinyaa me gakɔna na mí wu, eye esia kpena ɖe mía ŋu míekpɔa mɔ na míaƒe gbɔgbɔmeƒomea ƒe etsɔme kple kakaɖedzi.

Míele dzi dem ƒo na wò be nànɔ nyati yeye sia si nye “Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe” la xlẽm be nànya nu siwo le míaƒe Nudzraɖoƒe Dzikpɔƒea. Nyati sia anɔ dzedzem fifia tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míasrɔ̃ la me. Le kpɔɖeŋu me, le tata si gbɔna me la, míewɔ ɖoɖo be míaŋlɔ nyati aɖe si ŋu fotowo akpe ɖo, si aɖo nyabiase siwo nye, Nu kae woyɔna be Dawn Keke? Ame kawoe zãe va yi? Ɣekaɣie wozãe, eye nu ka tae wozãe ɖo? la ŋu.

Abe ale si ƒome aɖe ƒe albɔm ɖoa ŋku nu siwo dzɔ va yi dzi na woe ene la, nenema kee nu siwo wodzra ɖo ɖe míaƒe Nudzraɖoƒea la fiaa nu geɖe mí tso ame siwo ƒomevi míenye kple nɔvi siwo do ŋgɔ na mí la ŋu—tso woƒe xɔse kple dzinɔameƒo, woƒe dzidzɔkpɔkpɔwo kple kuxi siwo me woto le mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la subɔsubɔ me, kple ale si Mawu fia mɔ eƒe amewo eye megblẽ wo ɖi gbeɖe o la ŋu. (5 Mose 33:27) Míeka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe agbagba si dzem míele fifia be míakpɔ míaƒe habɔbɔa ƒe ŋutinya ta ale be míayi edzi awɔ ɖeka geɖe wu eye ŋusẽ naɖo mía ŋu be míate ŋu awɔ eƒe lɔlɔ̃nu, la dzi.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nu Siwo Dɔa Lɔ Ðe Eme

Ne míaƒe nuŋlɔlawo, nutalawo, numekulawo, kple mía nɔvi bubuwo le asi trɔm le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo, DVD-wo, kple Biblia srɔ̃gbalẽ bubuwo ŋu la, wowɔa numekuku le míaƒe nudzraɖoƒea. Esia ta Nudzraɖoƒe Dzikpɔƒea le afɔ veviwo ɖem fɔléleɖenuŋutɔe hele blemanu vovovowo nu ƒom ƒu tso teƒe vovovowo, abe alɔdzedɔwɔƒewo, Betel dɔdzikpɔƒewo, hamewo, ame ɖekaɖekawo kple dudɔwɔƒewo hele wo ta kpɔm. Bu nu siwo dɔa lɔ ɖe eme ŋu kpɔ:

Nuawo Nu Ƒoƒo Ƒu Kple Ŋkuléle Ðe Wo Ŋu: Woyi edzi le nu vevi tɔxɛwo nu ƒom ƒu ɖe míaƒe Nudzraɖoƒea. Wo dometɔ aɖewo nye nu siwo amewo tsɔ ke habɔbɔa dɔmenyotɔe alo wonye nu siwo míeɣe tso ƒome aɖewo, siwo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe ƒe gbogbo aɖewoe nye esia la, gbɔ. Ŋkuléle ɖe nu siawo ŋu kple wo tsɔtsɔ sɔ kple bubuwo kpena ɖe mía ŋu míegasea míaƒe ŋutinya kple ame siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ƒe nɔnɔmewo gɔme nyuie wu.

Nuawo Ðoɖo Ðe Ðoɖo Nu: Nu vovovo akpe geɖewoe le míaƒe Nudzraɖoƒe Dzikpɔƒea, eye wo dometɔ aɖewo tsi wu ƒe alafa ɖeka. Woƒe nɔnɔme, lolome, kple wɔwɔme le vovovo, eye ele be woaɖo wo ɖe ɖoɖo nu beléletɔe hena zazã le ɣeyiɣi siwo gbɔna me.

Nuawo Ðɔɖɔ Ðo Kple Wo Ta KpɔKpɔ: Wowɔa aɖaŋu deŋgɔwo ŋu dɔ tsɔ ɖɔa agbalẽ kple aɖaŋunu xɔasi siwo dome ate ŋu agblẽ bɔbɔe la ɖo. Woda nuŋlɔɖiwo, fotowo, nyati siwo woɖe tso nyadzɔdzɔgbalẽwo me, filmwo, kple nya siwo wolé ɖe mɔ dzi la ɖe kɔmpiuta dzi. Esia wɔe be woate ŋu akpɔ wo le kɔmpiuta dzi eye mahiã be woanɔ asi kam nuŋlɔɖiawo alo blemanu xɔasiawo ŋutɔwo ŋu o.

Nuawo Tsɔtsɔ De Nudzraɖoƒea Kple Wo Didi: Wotsɔa blemanuawo dana ɖe nudzraɖoƒea le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu beléletɔe be woagabu o, eye wokpɔa wo ta be kekeli kple fafa nagagblẽ wo dome o. Wole asi trɔm le kɔmpiuta dzi nyatakakadzraɖoƒe aɖe ŋu be wòanya wɔ bɔbɔe wu be woawɔ numekuku ahake ɖe míaƒe blemanu xɔasi siawo ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

1. “Xexemewɔwɔ Ƒe Fotoɖeɖefia” ƒe nyatakakagbalẽ. 2. Agbalẽnudɔdɔ ŋuti nuŋlɔɖi. 3. Ʋu si tame nyasemɔ le. 4. April 15, 1912, ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe akpa dzi. 5. J. F. Rutherford ƒe gaxɔmenɔnɔ ŋuti nyatakakagbalẽvi. 6. WBBR ƒe nuƒomɔ. 7. Agbaƒomɔ. 8. Agbalẽtsɔgo. 9. Ame aɖe ŋutɔ ƒe nuŋlɔɖi. 10. Telegram si woɖo ɖe J. F. Rutherford.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe