INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 6/15 axa 32
  • Dɔmenyonyo Tsia Dɔmedzoe Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔmenyonyo Tsia Dɔmedzoe Nu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 6/15 axa 32

Dɔmenyonyo Tsia Dɔmedzoe Nu

ESI George kple Manon, siwo nye Ðasefowo le Netherlands la, te ɖe nyɔnu tsitsi aɖe ŋu be yewoagblɔ Fiaɖuƒe nya nyuia nɛ la, mexɔ wo nyuie kura o. Wose be srɔ̃aŋutsu gbãtɔa kple evelia kpakple viaŋutsu siaa ku, eye ŋuɖui sesẽ aɖe nɔ fu ɖem na eya ŋutɔ. Togbɔ be eva dze akɔ anyi vie esi dzeɖoɖoa nɔ edzi yim hã la, mewɔ nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe kura o.

Ke hã George gblɔ na Manon be anyo be yewoatrɔ ayi nyɔnua gbɔ atsɔ seƒoƒo babla nyui aɖe ayi nɛ, elabena edze ƒãa be etsi akogo eye vevesese le akɔ dzi nɛ. Esi wotrɔ yi la, ewɔ nuku na aƒemenɔlaa, si ŋkɔe nye Rie, ŋutɔ, eye wòdo dzidzɔ nɛ. Gake ɣeyiɣia mesɔ nɛ tututu o, eya ta wowɔ ɖoɖo be yewoado go ɣebubuɣi. Esi George kple Manon trɔ yi le ŋkeke si woɖo dzi la, ame aɖeke menɔ aƒea me o. Togbɔ be wogatrɔ yi zi geɖe hã la, womeke ɖe eŋu o. Wova nɔ susum gɔ̃ hã be ele asa ƒom na yewo.

Gbe ɖeka la, George va ke ɖe Rie ŋu le aƒe me mlɔeba. Edo taflatsɛ ɖe eƒe anyimanɔmanɔa ta, eye wòɖe eme nɛ be, ɣeyiɣi mawo katã me la, yenɔ kɔdzi. Egblɔ be: “Gake nu si mewɔ gbe ma gbe esi mi ame evea miedzo la mava susu me na mi gbeɖe o. Medze Biblia xexlẽ gɔme!” Esia na woɖo dze nyui aɖe, eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii.

Esi Rie nɔ Biblia srɔ̃m la, ewɔ tɔtrɔ heva zu nyɔnu dɔmenyotɔ kpɔdzidzɔ aɖe, ke meganye dɔmedzoetɔ o. Togbɔ be megatea ŋu dona le aƒe me o hã la, ete nuƒoƒo tso eƒe dzixɔse yeyea ŋu na ame sia ame si va srãnɛ kpɔ. Eƒe lãmea meɖe mɔ nɛ wòdea hamea ƒe kpekpewo edziedzi o, ke hã ekpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne nɔviwo va srãe kpɔ le aƒe me. Le ŋkeke si wòxɔ ƒe 82 dzi la, ede nutome sue takpekpe aɖe eye wòxɔ nyɔnyɔ tsɔ ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi.

Ɣleti ʋɛ aɖewo le eƒe ku megbe la, woke ɖe hakpanya aɖe si wòŋlɔ ŋu. Le hakpanya sia me la, eƒo nu tso nɔnɔme wɔnublanui siwo akogotsitsi le tsitsime hena vae ŋu, eye wògblɔ be, viɖe geɖe le dɔmenyowɔwɔ me. Manon gblɔ be: “Hakpanya sia xexlẽ wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ, eye mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Yehowa kpe ɖe mía ŋu míenyo dɔme nɛ.”

Ɛ̃, Yehowa ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋue ʋãa mí míelɔ̃a ame henyoa dɔme alea. (Ef. 5:1, 2) Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa atse ku nyuie ne “míeɖea mía ɖokui fiana le mɔ sia mɔ nu be míenye Mawu ƒe subɔlawo . . . to dɔmenyonyo” dzi.—2 Kor. 6:4, 6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe