INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 6/15 axa 19
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Ðea Nu Siwo ‘Ava Dzɔ Kpuie La Fiana’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ale Si Dunyahehe Ma Amewo Dome—Biblia Me Nyagblɔɖie Wònye
    Nyati Bubuwo
  • Legba Gã Aɖe ƒe Dodo Kple Eƒe Mumu
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Srɔ̃ Nu Tso Biblia Me Nyagblɔɖiwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 6/15 axa 19

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ɣekaɣie Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa zu xexemeŋusẽ adrelia le Biblia ƒe nyagblɔɖi nu?

▪ Menye xexemeŋusẽwo katãe galegba gã si Fia Nebukadnezar kpɔ la le tsitre ɖi na o. (Dan. 2:31-45) Xexemeŋusẽ atɔ̃ siwo ɖu dzi ɖe wo nɔewo yome tso Daniel ƒe ɣeyiɣia me eye wokpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi la koe wòle tsitre ɖi na.

Ale si Daniel ɖɔ galegba lae la fia be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa maɖe Roma Xexemeŋusẽa ɖa o, ke boŋ ado tso eme. Daniel kpɔe be legba la ƒe atawo nye gayibɔ eye gayibɔa keke ta ge ɖe eƒe afɔwo kple afɔbidɛwo me. (Gayibɔ kple tsu le afɔawo kple afɔbidɛawo me.)a Esia fia be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ado tso ata siwo nye gayibɔ la me. Ŋutinya ɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Britain (Grande-Bretagne) si nye Roma Fiaɖuƒea ƒe akpa aɖe tsã la va te ŋusẽkpɔkpɔ le ƒe 1700 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo. Emegbe eva hiã be woabu United States of America (États-Unis d’Amérique) be ezu dukɔ le eɖokui si. Ke hã le Biblia ƒe nyagblɔɖia nu la, xexemeŋusẽ adrelia medo ɣemaɣi o. Nu ka tae? Britain kple United States dukɔawo mekpɔ wɔ naneke ɖekae le mɔ ɖedzesi aɖe nu o. Wova wɔ nu ɖekae le Xexemeʋa I me.

Le ɣeyiɣi mawo me la, “fiaɖuƒe la ƒe viwo” nɔ dɔ dzi vevie, vevietɔ, le United States, eye woƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒegã la nɔ Brooklyn, New York. (Mat. 13:36-43) Amesiaminawo ƒe ha la me tɔwo nɔ gbeƒã ɖem vevie le dukɔ siwo dzi Britain Fiaɖuƒegã la nɔ ɖuɖum la me. Le Xexemeʋa I me la, Britain dziɖuŋusẽa kple Amerika dziɖuŋusẽa wɔ nubabla tɔxɛ aɖe esime wonɔ aʋa wɔm kple dunyahedziɖuɖu siwo nye woƒe futɔwo. Eye esi dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ nu va sẽ le aʋawɔɣia la, woawo hã wolé fu ame siwo nye Mawu ƒe “nyɔnu” la ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe la, woxe mɔ ɖe woƒe agbalẽwo nu eye wolé wo dometɔ siwo nɔ ŋgɔ xɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me la de gaxɔ me.—Nyaɖ. 12:17.

Eya ta le Biblia ƒe nyagblɔɖia nu la, xexemeŋusẽ adrelia medo le ƒe 1700 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo esime Britain te ŋusẽkpɔkpɔ o. Ke boŋ Aƒetɔ la ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzedzea ye xexemeŋusẽ adrelia do.b

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Tsu si tsaka kple gayibɔ la le tsitre ɖi na ame aɖewo ƒomevi, siwo le Anglo-Amerika Xexemeŋusẽ, si le abe gayibɔ ene, la ƒe dziɖuɖua me. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, tsu sia na wòsesẽ na xexemeŋusẽ ma be wòasẽ abe ale si wòdii ene.

b Numeɖeɖe sia va xɔ ɖe esi le Daniel ƒe Nyagblɔɖi gbalẽa ƒe axa 57, memama 24, kple aɖaka siwo le axa 56 kple axa 139 la teƒe.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Wolé nɔviŋutsu enyi le Gbetakpɔxɔ habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe gã la de ga le June 1918 me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe