“Meli Kpli Mi”
‘Ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze vavãtɔ adzi ɖe edzi.’—DAN. 12:4.
ALEKE NÀÐO WO ŊUI?
Aleke amewo wɔ ke ɖe ‘sidzedze vavãtɔ’ ŋu le egbeŋkekeawo me?
Aleke ame siwo le nyateƒea xɔm la dzi ɖe edzi?
Mɔ kawo dzie sidzedze vavãtɔa to ‘dzi ɖe edzi’?
1, 2. (a) Aleke míewɔ nya be Yesu li kple eteviwo egbea eye be anɔ kpli wo le etsɔme hã? (b) Le Daniel 12:4 ƒe nya nu la, nu kae ado tso Ŋɔŋlɔawo me dzodzro moveviɖoɖotɔe me?
KPƆE ɖa le susu me be wòe nye ema le Paradiso me. Ne èfɔ ŋdi sia ŋdi la, èsena le ɖokuiwò me be yedɔ alɔ̃ ɖi ɖe eme nyuie eye ènɔa mɔ kpɔm vevie na ŋkekea gɔme dzedze. Afi aɖeke mele vewòm o. Lãmesẽkuxi ɖe sia ɖe si nɔ ŋuwò kpɔ la megali o. Wò lãmenusenuwo—nukpɔkpɔ, nusese, nuʋeʋẽse, nutetekpɔ kple nuɖɔɖɔkpɔ—siaa le dɔ wɔm nyuie. Ŋusẽ geɖe le ŋuwò, èle vivi sem le dɔ si wɔm nèle la me, xɔ̃wòwo sɔ gbɔ, eye wò dzimaɖitsitsiwo katã nu yi. Yayra siawoe nàte ŋu akpɔ ne Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum. Kristo Yesu si nye Fia si woɖo la ayra eteviwo eye wòakpɔ egbɔ be wofia nu wo katã tso Yehowa ŋu.
2 Yehowa anɔ kple esubɔla wɔnuteƒewo le xexea me katã ƒe nufiafiadɔ ma si woava wɔ le etsɔme la me. Mawu kple Via li kple nuteƒewɔlawo ƒe alafa geɖewoe nye esia. Hafi Yesu nayi dziƒo la, eka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo be yeanɔ anyi kpli wo. (Mixlẽ Mateo 28:19, 20.) Be míagaka ɖe nya sia dzi wu la, mina míadzro nyagblɔɖi aɖe si tso gbɔgbɔ me, si woŋlɔ le blema Babilon ƒe 2,500 kple edzivɔe nye esia, la ƒe nyagbe ɖeka ko me kpɔ. Nyagblɔɖila Daniel ŋlɔ tso “nuwuɣi” si me míele fifia la ŋu be: ‘Ame geɖewo adzro [Mawu ƒe Nya la] me, eye sidzedze vavãtɔ adzi ɖe edzi.’ (Dan. 12:4, NW) Yayra wɔnuku ka gbegbee nye esi numedzodzro alea ahe vɛ! Woatsɔ Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze vavãtɔ ayra ame siwo srɔ̃a Ŋɔŋlɔawo moveviɖoɖotɔe alea. Nyagblɔɖia gagblɔ hã be ame geɖewo axɔ ‘sidzedze vavãtɔ’ la. Gawu la, sidzedze sia adzi ɖe edzi. Sidzedze ma aɖo amewo gbɔ le teƒe sia teƒe eye woate ŋu ake ɖe eŋu bɔbɔe. Esi míele ale si nyagblɔɖi sia va eme la me dzrom la, míakpɔe be Yesu li kple eƒe nusrɔ̃lawo egbea eye be ŋutete le Yehowa si be wòana ŋugbe siwo katã wòdo la nava eme.
KRISTOTƆ VAVÃWO KE ÐE ‘SIDZEDZE VAVÃTƆ’ ŊU
3. Nu kae dzɔ ɖe ‘sidzedze vavãtɔ’ dzi le apostoloawo ƒe ku megbe?
3 Xɔsegbegbe si ŋu nya wogblɔ ɖi la dze egɔme le apostoloawo ƒe ku megbe eye wòkeke ta kabakaba abe ale si dzo dzea ave ene. (Dɔw. 20:28-30; 2 Tes. 2:1-3) Le ƒe alafa geɖewo megbe la, ‘sidzedze vavãtɔ’ la mesu ame siwo yɔ wo ɖokuiwo be Kristotɔwo la kura gɔ̃ hã si o. Togbɔ be Kristodukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo gblɔna be yewoxɔ Ŋɔŋlɔawo dzi se hã la, wofiaa alakpanuwo—“gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo,” siwo medea bubu Mawu ŋu o. (1 Tim. 4:1) Esia wɔe be ame akpa gãtɔ menya nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu o. Ke xɔsegbelawo ƒe nufiafia siwo dometɔ aɖewoe nye Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ makumaku kple funyafunyawɔwɔ luʋɔ aɖewo le dzomavɔ me boŋ ye wofia wo.
4. Aleke Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe te ‘sidzedze vavãtɔ’ didi le ƒe 1870-awo me?
4 Gake le ƒe 1870-awo me—anɔ abe ƒe blaene ene do ŋgɔ na “ŋkeke mamlɛawo” ƒe gɔmedzedze la—Kristotɔ veviedolawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe si le Pennsylvania, U.S.A. la, te kpekpe be yewoasrɔ̃ Biblia moveviɖoɖotɔe eye be yewoadi ‘sidzedze vavãtɔ’ la. (2 Tim. 3:1) Woyɔ wo ɖokuiwo be Biblia Nusrɔ̃viwo. Menye “nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo,” siwo ŋu Yesu gblɔ le be woɣla sidzedze vavãtɔa ɖe ye ame siawo nye o. (Mat. 11:25) Ðokuibɔbɔla siwo di vevie tso dzi me be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu lae wonye. Woxlẽa Ŋɔŋlɔawo, dzroa wo me, eye wodea ŋugble le wo ŋu moveviɖoɖotɔe hedoa gbe ɖa biaa mɔfiafia. Wotsɔa Biblia ƒe akpa vovovowo sɔna kple wo nɔewo eye woléa ŋku ɖe nu siwo ame bubu siwo wɔ numekuku ma tɔgbiwo ŋlɔ la hã ŋu. Vivivi la, Biblia Nusrɔ̃vi siawo va ke ɖe nyateƒe siwo dzi wotsyɔ nui ƒe alafa geɖewo la ŋu.
5. Taɖodzinu kae nɔ trakt siwo wota ɖe wo nɔewo yome, siwo woyɔna be The Old Theology la ŋu?
5 Togbɔ be dzi dzɔ Biblia Nusrɔ̃viawo le nu siwo srɔ̃m wonɔ ŋu hã la, womeɖe mɔ sidzedze yeye siwo su wo si la na wodo wo ɖokuiwo ɖe dzi o; eye womenɔ gbɔgblɔm na amewo be yewoke ɖe nu yeye aɖe ŋu o. (1 Kor. 8:1) Le esia teƒe la, woɖe trakt aɖewo, siwo wota ɖe wo nɔewo yome la, ɖe go siwo woyɔna be The Old Theology (Mawu Ŋuti Nufiafia Si Nɔ Anyi Le Gɔmedzedzea Me). Woƒe taɖodzinue nye be ame siwo axlẽ wo la nake ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe siwo le Biblia me la ŋu. Trakt gbãtɔa kpe ɖe amewo ŋu wosrɔ̃ Biblia ale be woate ŋu agbe “amegbetɔwo ƒe alakpakɔnuwo” eye woaxɔ Yesu kple apostoloawo ƒe nufiafia vavãwo, alo “Mawu ŋuti nufiafia si nɔ anyi le gɔmedzedzea me” la dzi se.—The Old Theology, No. 1, April 1889, axa 32.
6, 7. (a) Nyateƒe kawo gɔmee wokpe ɖe mía ŋu míese tso ƒe 1870-awo me? (b) Nyateƒe ka sɔsrɔ̃e do dzidzɔ na wò etɔxɛ?
6 Dzidzɔtɔe la, esi ƒuƒoƒo sue ma dze nuwo me dzodzro gɔme ƒe 100 kple edzivɔe nye esia la, woke ɖe nyateƒe wɔnuku gbogbo aɖewo ŋu!a Ne míele nyateƒe siawo srɔ̃m la, menye nyateƒenya dzrowo ko srɔ̃m míele o. Ke boŋ nyateƒe dodzidzɔname siwo naa ablɔɖe, siwo nana be taɖodzinu nɔa míaƒe agbe ŋu, míesea vivi le agbe me, eye wonaa mɔkpɔkpɔ mí la srɔ̃m míele. Wokpena ɖe mía ŋu míeva nyaa Yehowa—eƒe amenyenye kple eƒe tameɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ le. Wonana be akpa si wɔm Yesu le la me kɔna na mí; woɖea nu si tae wòva nɔ agbe le anyigba dzi heku la me, eye wonana míenyaa nu siwo wɔm wòle fifia. Nyateƒe xɔasi siawo ɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu, nu si ta míekuna ɖo, ale si míado gbe ɖa kple nu si míawɔ be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la hã me.
7 Egbea la, míate ŋu ase nyagblɔɖi siwo nɔ “ɣaɣla” hena ƒe geɖewo gake wole eme vam le nuwuɣi sia me la gɔme. (Dan. 12:9) Nyagblɔɖi siawo ƒe akpa gãtɔwo le Nya Nyui Gbalẽawo kple Nyaɖeɖefia gbalẽa me. Yehowa kpe ɖe mía ŋu míese nudzɔdzɔ siwo míate ŋu akpɔ kple míaƒe ŋkuwo o la gɔ̃ hã gɔme—eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye, Yesu ɖoɖo fia, aʋa si dzɔ le dziƒo kple Satana tsɔtsɔ ƒu gbe ɖe anyigba dzi. (Nyaɖ. 12:7-12) Mawu gakpe ɖe mía ŋu míese nu siwo míetea ŋu kpɔna la gɔme—aʋawɔwɔwo, anyigbaʋuʋuwo, dɔvɔ̃wo, nuɖuɖu ƒe veve, kple ame siwo mevɔ̃a Mawu o siwo hã wɔnɛ be míaƒe ɣeyiɣiawo nye “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la.”—2 Tim. 3:1-5; Luka 21:10, 11.
8. Ame kae kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu siwo kpɔm míele hese nu siwo sem míele?
8 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Dzidzɔtɔwoe nye ŋku siwo le nu siwo kpɔm miele la kpɔm. Elabena mele egblɔm na mi be: Nyagblɔɖila kple fia geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele la, gake womekpɔ wo o, eye be yewoase nu siwo sem miele la, gake womese wo o.” (Luka 10:23, 24) Nenemae míesena le mía ɖokui me egbea. Yehowa Mawu ye kpe ɖe mía ŋu be míekpɔ nu siawo hese nu siawo, alo se nyateƒea gɔme. Eye aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Mawu ɖo “kpeɖeŋutɔ” si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖa be wòafia “nyateƒe blibo la” mí Yesu yomedzelawo! (Mixlẽ Yohanes 16:7, 13.) Neva eme be míayi edzi ade asixɔxɔ ‘sidzedze vavãtɔa’ ŋu eye míafia ame bubuwo ɖokuitɔmadimaditɔe!
“AME GEÐEWO” XƆ ‘SIDZEDZE VAVÃTƆ’ LA
9. Amekpekpe kae nɔ April 1881 ƒe Gbetakpɔxɔ la me?
9 Le April 1881 me, si nye ƒe ɖeka kple ɣleti asieke pɛ ko le Gbetakpɔxɔ gbãtɔ tata megbe la, amekpekpe aɖe nɔ magazine sia me si gblɔ be wole gbeƒãɖela 1,000 dim. Nyatia xlẽ be: “Míedi be míaɖo aɖaŋu sia na ame siwo ƒe nɔnɔmea ɖe mɔ na wo be woazã gaƒoƒo afã alo esi wu nenema ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔa ŋu la be: Miayi du gãwo alo du suewo me, le miaƒe ŋutete nu, abe Nya Nyui Kakalawo alo Nya Nyui Gbeƒãɖelawo ene be miadi Kristotɔ ɖianukwarewo le afi sia afi, ame siwo ŋu miake ɖo la dometɔ geɖe ʋãa ŋu ɖe Mawu ŋu gake menye kple sidzedze o; midze agbagba be miana woanya Mía Fofo la ƒe amenuveve ƒe kesinɔnuwo kple Eƒe nya la ƒe atsyɔ̃ la.”
10. Aleke amewo wɔ ɖe amekpekpe si nye be woava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo la dzi?
10 Amekpekpe ma ɖee fia be Biblia Nusrɔ̃viawo de dzesii be Kristotɔ vavãwo ƒe dɔ vevi ɖekae nye be woaɖe gbeƒã nya nyui la. Ame 1,000 kpekpe be woava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo nye nu si wokpɔ mɔ be ava va eme, elabena ɣemaɣi la, ame alafa ʋɛ aɖewo koe dea Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe kpekpeawo. Ke hã, le trakt alo magazine aɖe xexlẽ vɔ megbe la, ame geɖewo kpɔnɛ dzea sii be yewoke ɖe nyateƒea ŋu, eye wowɔna ɖe amekpekpea dzi enumake. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1882 me la, esi nuxlẽla aɖe si tso London, England la, xlẽ Gbetakpɔxɔ kple agbalẽvi aɖe si Biblia Nusrɔ̃viwo ta vɔ la, eŋlɔ bena: “Meɖe kuku mifia ale si maɖe gbeƒã kple nya si maɖe gbeƒãe lam ale be mate ŋu awɔ yayradɔ si Mawu di be woawɔ ade goe la.”
11, 12. (a) Taɖodzinu kae nɔ nya nyui kakalawo si, si le míawo hã si egbea? (b) Aleke nya nyui kakalawo wɔna ɖoa “klasswo,” alo hamewo?
11 Kaka ƒe 1885 naɖo la, Biblia Nusrɔ̃vi siwo anɔ abe 300 ene zu nya nyui kakalawo. Taɖodzinu si le mía si egbea la kee nɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siawo si—be woawɔ amewo woanye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Ke hã mɔnu siwo wozã la to vovo na mía tɔwo. Egbea la, míesrɔ̃a Biblia kple amewo henaa mɔfiame wo ɖekaɖeka. Emegbe míekpea Biblia nusrɔ̃viwo be woava wɔ ɖeka kple hame aɖe si woɖo anyi xoxo. Gake tsã la, nya nyui kakalawo naa agbalẽwo amewo eye woƒoa ɖetsɔlemetɔwo nu ƒu be woasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo abe ƒuƒoƒo ene. Le esi woasrɔ̃ nu kple ame ɖekaɖekawo teƒe la, woɖoa “klasswo,” alo hamewo.
12 Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1907 me la, nya nyui kakalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe tsa le du aɖe me be yewoake ɖe ame siwo si Millennial Dawn (L’Aurore du Millénium)b le la ŋu. Gbetakpɔxɔ ka nya ta be: “[Ðetsɔlemetɔ] siawo ƒo ƒu ɖe wo dometɔ ɖeka ƒe aƒe me hena kpekpe sue aɖe wɔwɔ. Le Kwasiɖa ma gbe la, nya nyui kakala ɖeka dzro nu me kpli wo ku ɖe Mawu ƒe Ɣeyiɣiwo Ŋuti Ðoɖo la ŋu ŋkeke bliboa, eye le Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo la, ede dzi ƒo na wo be woanɔ kpekpem edziedzi.” Le ƒe 1911 me la, nɔviwo wɔ asitɔtrɔ le mɔnu sia ŋu. Dzikpɔla mɔzɔla tɔxɛ 58 nɔa dutoƒonuƒowo ƒom le United States kple Canada katã. Nɔviŋutsu siawo xɔa ɖetsɔlemetɔ siwo va se nuƒoawo la ƒe ŋkɔwo kple adrɛswo eye wowɔa ɖoɖo na wo be woanɔ kpekpem ɖekae le amewo ƒe aƒewo me ahazu “klass” yeyewo. Kaka ƒe 1914 naɖo la, Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe hame 1,200 ye nɔ xexea me katã.
13. Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le ale si ‘sidzedze vavãtɔ’ keke ta egbea la ŋu?
13 Egbea la, hame siwo ade 109,400 ye le xexea me godoo, eye nɔvi 895,800 nye mɔɖelawo. Ame siwo ade miliɔn enyi kloe sie ‘sidzedze vavãtɔ’ la su eye wole eŋu dɔ wɔm le woƒe agbenɔnɔ me. (Mixlẽ Yesaya 60:22.)c Esia ɖe dzesi ŋutɔ, elabena Yesu gblɔ ɖi be “amewo katã alé fu” yeƒe nusrɔ̃lawo le yeƒe ŋkɔ ta. Egblɔ kpee be woati ye yomedzelawo yome, woade wo gaxɔ me, eye woawu wo gɔ̃ hã. (Luka 21:12-17) Togbɔ be Satana, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo kple amegbetɔ tsitretsiɖeŋulawo tsia tsitre ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu hã la, wole dzidzedze gã manyagblɔ aɖe kpɔm le amewo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe ƒe dɔa me. Egbea la, wole gbeƒã ɖem le “anyigba blibo la katã dzi,” tso anyigba ƒe akpa siwo xɔ dzo ganagana dzi yi ɖe teƒe siwo fana miamiamia dzi, le towo dzi, le dzogbenyigbawo dzi, le duwo kple nuto saɖeagawo me. (Mat. 24:14) Esia mate ŋu anya wɔ nenye be Mawu mele megbe na mí o.
‘SIDZEDZE VAVÃTƆ DZI ÐE EDZI’
14. Aleke ‘sidzedze vavãtɔ’ dzi ɖe edzi to agbalẽ siwo wota dzi?
14 ‘Sidzedze vavãtɔ’ dzi ɖe edzi le esi ame geɖe wu va le gbeƒã ɖem nya nyuia ta. Edzi ɖe edzi to agbalẽ vovovo siwo tam wova le la hã dzi. Le July 1879 me la, Biblia Nusrɔ̃viwo ta magazine sia ƒe tata gbãtɔ, si woyɔna le Eŋlisigbe me be Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence. Asitsaha aɖee wona wota magazine gbãtɔ sia, si ƒe agbɔsɔsɔme nye 6,000 le Eŋlisigbe ɖeɖe dzaa ko me la. Charles Taze Russell si xɔ ƒe 27 ɣemaɣi lae wotia wònye eŋlɔla, eye wotia Biblia Nusrɔ̃vi atɔ̃ bubu siwo tsi le gbɔgbɔ me la wokpea asi ɖe eŋu. Egbea la, wole Gbetakpɔxɔ la tam ɖe gbegbɔgblɔ 195 me. Eyae nye magazine si womana wu le anyigba dzi, eye ɖe sia ɖe ƒe xexlẽme si wotana lae nye 42,182,000. Eƒe kpeɖeŋutɔ si nye Nyɔ! ye nye magazine bubu si wogamana wu eye ɖe sia ɖe ƒe xexlẽme si wotana lae nye 41,042,000 ɖe gbegbɔgblɔ 84 me. Gakpe ɖe eŋu la, wotaa agbalẽ kple Biblia siwo anɔ abe miliɔn 100 ene ƒe sia ƒe.
15. Afi kae míekpɔa ga le tsɔ taa míaƒe agbalẽwo?
15 Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔna doa alɔ dɔ gã nyadri sia. (Mixlẽ Mateo 10:8.) Ema ɖeɖe dzaa wɔa nuku na agbalẽtadɔwɔƒe siwo nya ga home si agbalẽtata, pepa, nuŋlɔtsi kple dɔwɔnu bubuwo xɔna. Nɔviŋutsu aɖe si ƒlea nuwo na habɔbɔa la gblɔ be: “Ewɔa nuku na asitsala siwo va ɖia tsa le míaƒe agbalẽtaƒea la be woate ŋu azã lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo ko atsɔ ado alɔ agbalẽtaƒe si agbalẽtamɔ deŋgɔ siawo gbegbe le si wotaa agbalẽ nyuitɔwo kekeake le la. Ale si Betel dɔwɔlawo nye ɖekakpui kple ɖetugbui kpɔdzidzɔwo la hã wɔa nuku na wo nenema ke.”
MAWU ƑE LƆLƆ̃NU ŊUTI SIDZEDZE AXƆ ANYIGBA LA DZI
16. Taɖodzinu ka tae Yehowa na ‘sidzedze vavãtɔ’ la dzi ɖe edzi ɖo?
16 Taɖodzinu nyui aɖe tae Yehowa na ‘sidzedze vavãtɔ’ la dzi ɖe edzi ɖo. Eƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Tim. 2:3, 4) Yehowa di be amewo nadze si nyateƒea ale be woade ta agu na ye le mɔ si sɔ nu eye woaxɔ yayrawo. To gbeƒãɖeɖedɔa dzi la, Yehowa ƒo Kristotɔ amesiaminawo ƒe ame susɔe wɔnuteƒewo nu ƒu. Ele “ameha gã aɖe” hã nu ƒom ƒu “tso dukɔwo kple towo kple ame ƒomeviwo kpakple gbegbɔgblɔwo katã me,” siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi.—Nyaɖ. 7:9.
17. Nu kae tadedeagu vavãtɔ ƒe ta keke ɖe fia?
17 Ale si tadedeagu vavãtɔa keke ta le ƒe 130 siawo me la ɖee fia eme kɔ ƒãa be Mawu kple Yesu Kristo, si nye Fia si wòtia la, li kple Yehowa subɔla siwo le anyigba dzi—le mɔ fiam wo, le wo ta kpɔm, le ɖoɖo wɔm na wo hele nu fiam wo. Woƒe dzidziɖedzia ɖo kpe edzi hã be ŋugbe siwo Yehowa do ku ɖe etsɔme ŋu la ava eme. “Sidzedze Yehowa [axɔ] anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yes. 11:9) Yayra kawo gbegbee nye esi amegbetɔƒomea akpɔ ɣemaɣi!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a DVD siwo ƒe tanyawoe nye Jehovah’s Witnesses—Faith in Action, Part 1: Out of Darkness (Les Témoins de Jéhovah—la foi en action, 1re partie : La sortie des ténèbres) kple Jehovah’s Witnesses—Faith in Action, Part 2: Let the Light Shine (Les Témoins de Jéhovah—la foi en action, 2e partie : que brille la lumière !) kpɔkpɔ aɖe vi na wò.
b Wogayɔnɛ be Studies in the Scriptures (Études des Écritures).
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔwo nye ame bɔbɔɖokui siwo dina vevie be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe akpa si nèwɔna be ‘sidzedze vavãtɔa’ nakeke ta la ŋu