INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 4/15 axa 32
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Migadzudzɔ Takpekpe Ðekae O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nu Si Tae Ameɖeɖelehame Nye Ðoɖo Si Me Lɔlɔ̃ Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Biblia Me Nyagblɔɖiwo Dzixɔxɔse Xɔa Ame Ðe Agbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 4/15 axa 32

ÈNYAA?

Ðe wogbugbɔ Yerusalem gbedoxɔ si wotsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me la tua?

YESU gblɔ tso Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu be, womele kpe aɖeke gblẽ ge ɖe kpe dzi o. Nyagblɔɖi sia va eme le ƒe 70 M.Ŋ. me esime Roma-srafo siwo nɔ aʋafia Titus ƒe kpɔkplɔ te la va tsrɔ̃ Yerusalem. (Mat. 24:2) Emegbe Fiagã Julian ɖoe be yeagbugbɔ Yerusalem gbedoxɔa atu.

Woyɔ Julian be Roma fiagã trɔ̃subɔla mamlɛtɔ. Konstantino Gãtɔ ƒe tɔɖiyɔvi sia srɔ̃ yeaɖi Kristotɔnyenye ƒe nufiafiawo. Gake esi wòva zu fiagã le ƒe 361 M.Ŋ. me la, egbe nu le nufiafia mawo kple alakpa Kristotɔnyenye si keke ta le eƒe ŋkekea me la gbɔ eye wòzu trɔ̃subɔla. Ŋutinyagbalẽwo yɔ Julian be “Xɔsegbela la.”

Julian va nyɔ ŋu Kristotɔnyenye. Anɔ eme be susu ɖekae nye be, ekpɔ eteƒe esime ame siwo be Kristotɔwoe yewonye la wu fofoa kple eƒe ƒometɔwo esime wòxɔ ƒe ade. Le sɔlemeha ƒe ŋutinyaŋlɔlawo ƒe nya nu la, Julian de dzi ƒo na Yudatɔwo be woagbugbɔ gbedoxɔa atu be esia nanye kpeɖodzi be Yesu nye aʋatsonyagblɔɖila.a

Ðikeke mele eŋu o be Julian ɖoe be yeagbugbɔ gbedoxɔa atu. Ŋutinyaŋlɔlawo le ɖi kem ne Julian dze gbedoxɔa gbugbɔgatu gɔme nyateƒe, eye ne edze etutu gɔme la, ke susu ka tae dɔa va tsi akpo dzi ɖo? Gake kpeɖodzi le nu ɖeka aɖe ya ŋu. Esi Julian xɔ fiazikpuia ƒe eve pɛ megbe la, wowui, eye eƒe tameɖoɖo be yeagbugbɔ gbedoxɔa atu la tsi akpo dzi.

Ale si gbedoxɔa anya nɔ le Yesu ƒe ŋkekea me ƒe nɔnɔmetata, kple ale si tututu teƒea le egbea

a Yesu megblɔ be womagbugbɔ gbedoxɔa atu akpɔ o, ke boŋ ɖe wògblɔ be woatsrɔ̃e, eye esia va eme pɛpɛpɛ le ƒe 70 M.Ŋ. me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe