INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 4/15 axa 32
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Awu Siwo Nunɔlawo Dona La Fia Mí?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 4/15 axa 32
Fia Yosiya le eƒe awuwo dzem

ÈNYAA?

Le Biblia ŋlɔɣiwo la, nu ka tae amewo ɖonɛ koŋ dzea woƒe awuwo?

ŊƆŊLƆAWO ƒo nu tso nɔnɔme aɖewo siwo me amewo ɖoe koŋ dze woawo ŋutɔwo ƒe awuwo le ŋu. Nuwɔna ma ate ŋu awɔ nuku na egbegbe nuxlẽlawo. Gake le Yudatɔwo gome la, wowɔa esia ne dzi ɖe le wo ƒo vevie, ne wole nu xam, ne wodo ŋukpe wo, alo wole konyi fam.

Le kpɔɖeŋu me, Ruben ‘dze eƒe awu’ esi wòkpɔ be wodzra Yosef wòzu kluvi eye wogblẽ tame si yeɖo be yeaxɔ nɛ la me. Wo fofo Yakob “dze eƒe awu” esi wòsusui be lã wɔadã aɖee anya vuvu Yosef. (1 Mose 37:18-35) Hiob ‘dze eƒe awu’ esi wova gblɔ nɛ be viawo katã ku. (Hiob 1:18-20) Dɔla aɖe si ‘ŋu awu vuvu le’ va gblɔ na Nunɔlagã Eli be woɖu Israel viwo dzi le aʋagbedzi, wowu via ŋutsu eveawo, eye woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la. (1 Sam. 4:12-17) Esi woxlẽ Segbalẽa na Yosiya wòse eye wòde dzesii be yeƒe amewo wɔ vodada la, “edze eƒe awuwo.”​—2 Fia. 22:8-13.

Nenema kee esi Nunɔlagã Kayafa nɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, ‘edze eƒe awuwo’ esi wòse nya si eya bu vodadatɔe be enye busunyagbɔgblɔ. (Mat. 26:59-66) Rabiwo ƒe se aɖe bia tso ame sia ame si see wogblɔ busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu la si be wòadze eƒe awu. Gake rabiwo ƒe se bubu si wode le Yerusalem gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe gblɔ be, “mehiã be ame si see wogblɔ busunya ɖe Mawu ƒe Ŋkɔ ŋuti la nadze eƒe awuwo azɔ o, ne menye nenema o la, awu vuvuwo sɔŋ me koe wòatsi.”

Nyateƒeae nye be, ne ame ƒe nuxaxa menye vavãtɔ o la, ke asixɔxɔ aɖeke mele eƒe awuwo dzedze ŋu le Mawu ŋkume o. Eya ta Yehowa gblɔ na eƒe amewo be, ‘woadze woƒe dziwo, ke menye woƒe awuwo o, ne woatrɔ ɖe ye ŋu.’​—Yoel 2:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe