INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 1/1 axa 13
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kristo Si Le Zi Dzi Adrɔ̃ Ʋɔnu Alẽwo Kple Gbɔ̃wo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Etsɔme Kae Li Na Alẽawo Kple Gbɔ̃awo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Ale Si Agbea Nɔ Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me—Alẽkplɔla La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Enye Teƒeɖola Na Ame Siwo Katã Subɔnɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 1/1 axa 13

ÈNYAA?

Dzesideŋkɔ “ame tata” si wozã le Biblia me la gɔme ɖe?

Asiriatɔwo ƒe kpetata si dzi woɖe ame tata aɖe ɖo

Detail of an Assyrian relief of a eunuch

Ɣeaɖewoɣi la, nya sia fiaa ŋutsu si wota. Le Biblia ŋlɔɣiwo la, wota ŋutsu aɖewo tsɔ he to na wo eye wota ŋutsu aɖewo hã esime woɖe wo aboyoe alo wɔ wo kluviwoe. Wotsɔa ŋutsu siwo wota siwo dzi woka ɖo la ɖoa nyɔnuwo nu be woanɔ wo dzi kpɔm le nyɔnuwo nɔƒe, alo harem-wo, le fiaƒewo me. Le kpɔɖeŋu me, ame tata siwo nye Hegai kple Saasgaz siaa nye Persia Fia Axasweros srɔ̃wo kple ahiãwo dzi kpɔlawo. Wogblɔna be fia siae nye Xerxes I.​—Ester 2:3, 14, NW.

Ke hã menye ame siwo katã woyɔ le Biblia me be ametata lae wota ŋutɔŋutɔ o. Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be wozãa ŋkɔnya ma le gɔmesese gbadzaa nu wòfiaa fiaŋume siwo wɔa dɔ le fiasãa me. Ewɔ abe gɔmesese ma nue wozã ŋkɔnya ma na Ebed-Melex, si nye Yeremiya ƒe hadɔwɔla, kple Etiopiatɔ si ŋkɔ womeyɔ o, si Filipo nyanyuigblɔla la ɖe gbeƒã na ene. Edze ƒãa be fiaŋume veviwo dometɔ ɖekae Ebed-Melex nye, elabena etea ŋu ƒoa nu na Fia Zedekiya ŋutɔ tẽe. (Yeremiya 38:7, 8) Eye woɖɔ Etiopiatɔ la hã be enye fianyɔnu la ƒe kesinɔnuwo dzi kpɔla si ‘yi Yerusalem va de ta agu.’​—Dɔwɔwɔwo 8:27.

Nu ka tae alẽkplɔla siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔ?

Alẽkplɔla aɖe le eƒe lãawo kplɔm

Esi Yesu nɔ nu ƒom tso ʋɔnudrɔ̃ɣi aɖe si ava le etsɔme ŋu la, egblɔ be: ‘Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me la, ama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si ko alẽkplɔla maa alẽwo me tso gbɔ̃wo gbɔe ene.’ (Mateo 25:​31, 32) Nu ka tae alẽkplɔlawo maa lã siawo me tso wo nɔewo gbɔ?

Zi geɖe la, wokplɔa alẽwo kple gbɔ̃wo siaa le ƒuƒoƒo ɖeka me eye wonana wo katã woɖua gbe ɖekae le ŋkeke me. Le zã me la, wodea wo kpo me be woakpɔ wo ta tso lã wɔadawo kple fiafiwo si me eye be vuvɔ nagawɔ wo o. (1 Mose 30:​32, 33; 31:​38-40) Ɣemaɣi la, womaa lã ƒomevi eve siawo me tso wo nɔewo gbɔ hetsɔa alẽawo dea kpo ɖeka me eye gbɔ̃awo hã yia kpo bubu me be woakpɔ alẽ siwo nye lã fafawo, vevietɔ alẽ nɔewo kple alẽviawo ta, ale be gbɔ̃ siwo nye lã dzeaglãwo la nagawɔ nu vevi wo o. Agbalẽ si nye All Things in the Bible (Nu Sia Nu Le Biblia Me) gblɔ be, nenema kee ne alẽkplɔlaa di be lãwo “nalia wo nɔewo, ne ele woƒe notsi fiam, alo le fu kom na wo la,” emaa alẽawo me tso gbɔ̃awo gbɔ. Eya ta nu siwo blema Israel-viwo wɔna ɖaa alo nu siwo wokpɔa alẽkplɔlawo wowɔna ɣesiaɣi la dzie Yesu tu eƒe kpɔɖeŋua ɖo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe