INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 12/1 axa 3
  • Nu Ka Tae Wòanyo Be Nàse Biblia Gɔme?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Wòanyo Be Nàse Biblia Gɔme?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Ðe Woŋlɔ Biblia Be Woase Egɔme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ale Si Míakpe Ðe Ame Siwo Mesu Te Na Biblia Ƒe Nufiafia Gbalẽa Sɔsrɔ̃ Haɖe O Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nufiafia Vavãtɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 12/1 axa 3

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀTE ŊU ASE BIBLIA GƆME

Nu Ka Tae Wòanyo Be Nàse Biblia Gɔme?

“Biblia nye mawusubɔsubɔgbalẽ si ame geɖe nya. Ke hã dutagbalẽe wònye eye mesɔ na Chinatɔwo o.”—LIN, SI LE CHINA.

“Nyemetea ŋu sea mí Hindutɔwo ƒe agbalẽ kɔkɔewo gɔme gɔ̃ hã o. Ke aleke mawɔ ase Biblia Kɔkɔe la gɔme?”—AMIT, SI LE INDIA.

“Medea bubu Biblia ŋu elabena enye agbalẽ si tsi ŋutɔ, eye mese be eyae nye agbalẽ si woƒlena wu ɖe sia ɖe. Gake nye ŋutɔ nyemekpɔ ɖeke kple ŋku kpɔ o.”—YUMIKO, SI LE JAPAN.

Ame geɖe dea asixɔxɔ Biblia ŋu ŋutɔ le xexea me godoo. Ke hã ne wonya nane tso emenyawo ŋu gɔ̃ hã la, menyea nu boo aɖeke o. Aleae wòle le Asiatɔ miliɔn geɖe gome. Gake menye woawo ɖeɖe koe o. Dukɔ siwo me Biblia bɔ ɖo la me tɔ geɖewo hã menya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o.

Nyɔnu aɖe le Biblia xlẽm

Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Nu ka tae wòle vevie be mase Biblia gɔme?’ Nu si tae nye be, agbalẽ kɔkɔe sia me nyawo gɔme sese ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be:

  • Nàkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme

  • Nàkpɔ wò ƒomekuxiwo gbɔ

  • Nàɖu dzimaɖitsitsi dzi

  • Wò kple amewo dome nanɔ nyuie

  • Nàzã wò ga le mɔ nyuitɔ nu

Bu Yoshiko, si nye nyɔnu aɖe si le Japan, ŋu kpɔ. Esi wòdi be yeanya nya si le Biblia me ta la, eɖoe koŋ xlẽe. Viɖe kae wòkpɔ? Egblɔ be: “Biblia kpe ɖe ŋunye menya tameɖoɖo si le agbea ŋu eye wòna mɔkpɔkpɔ su asinye.” Egblɔ kpee be: “Nyemeganye mɔkpɔkpɔmanɔsitɔ azɔ o.” Ŋutsu si ŋkɔe nye Amit, si ƒe nya dze le etame la ɖoe eɖokui dzi dzro Biblia me eye wògblɔ be: “Esi mekpɔe be aɖaŋuɖoɖo siwo ɖea vi na ame sia amee le Biblia me la, nye nu ku.”

Biblia le vi ɖem na ame miliɔn geɖe egbea le mɔ geɖe nu. Ðe manyo be wò ŋutɔ nàdzro eme be nàkpɔ ale si wòate ŋu aɖe vi na wòe oa?

Agbe si me Dzidzeme Le—Alesi Woawɔ Anɔe

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ale si Biblia ate ŋu aɖe vi na wòe ŋu le agbalẽ gbadza si nye Agbe si me Dzidzeme Le—Alesi Woawɔ Anɔe la me. Yehowa Ðasefowoe tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe