Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le December 27, 2010 ƒe kwasiɖaa me. Sukudzikpɔlaa akpɔ numetotoa dzi miniti 20, eye anɔ te ɖe dɔdeasi siwo míewɔ tso November 1 va se ɖe December 27, 2010 ƒe kwasiɖawo me dzi.
1. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Lewi vi hadzilawo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe 1 Kronika 16:34 la me? [w02 1/15 axa 11 mm. 6-7]
2. Ðe 1 Kronika 22:8 me nyawo ɖee fia be aʋa siwo David wɔ la mesɔ o, le esi Yehowa medi be wòatu xɔ na ye o ta? Ðe eme. [it-2-E axa 987 mm. 1]
3. Alekee Fia David di be ye viŋutsu Salomo nase le eɖokui me ku ɖe Mawu ŋu? (1 Kron. 28:9) [w08 10/15 axa 7 mm. 18]
4. Nu ka tae wòsɔ be wotsɔ gazɔ la da ɖe nɔnɔmewɔwɔ siwo nye nyitsuwo dzi ɖo? (2 Kron. 4:2-4) [w05 12/1 axa 19 mm. 3; w98 6/15 axa 16 mm. 17]
5. Kpe eve siwo dzi woŋlɔ sea ɖo koe nɔ nubablaɖaka la me loo alo nu bubu aɖewo hã nɔ emea? (2 Kron. 5:10) [w06 1/15 axa 31]
6. Nu kae Salomo wɔnɛ esime wògblɔ be Yehowa naɖo to koko siwo ame ɖe sia ɖe aƒo nɛ “le aƒe sia me”? (2 Kron. 6:21, 32, 33) [it-1-E axa 137 mm. 1]
7. Nu kae nyagbɔgblɔ si nye “dzenubabla” si le 2 Kronika 13:5 la fia? [w05 12/1 axa 20 mm. 2; it-2-E axa 842 mm. 7]
8. Alekee míate ŋu awɔ gɔmeɖose si le 2 Kronika 17:9, 10 la ŋu dɔ le míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me? [w09 6/15 axa 12 mm. 7]
9. Aleke Mawu ƒe ame siwo li egbea awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple 2 Kronika 20:17 me nyawo? [w03 6/1 axa 21-22 mm. 14-17]
10. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi si ku ɖe Fia Uziya ƒe nuwɔwɔ dadatɔe ŋu la me? (2 Kron. 26:15-21) [w99 12/1 axa 26 mm. 1-2]