Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le April 25, 2011, ƒe kwasiɖaa me. Sukudzikpɔlaa akpɔ numetotoa dzi miniti 20, eye anɔ te ɖe dɔdeasi siwo míewɔ tso March 7 va se ɖe April 25, 2011, ƒe kwasiɖawo me dzi.
1. Mɔ ka nue “anyigba dzi dukɔwo dometɔ geɖewo trɔ zu Yudatɔwo” le? (Est. 8:17) [w06 3/1 axa 11 mm. 3]
2. Nu ka tae woɖe mɔ na Satana be wòava Yehowa ŋkume? (Hiob 1:6; 2:1) [w06 3/15 axa 13 mm. 6; it-2-E axa 16 mm. 4]
3. Nu kae nya si Satana bia be, ‘Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua?’ la fia? (Hiob 1:9) [w94 11/15 axa 11 mm. 6]
4. Nu ka tae nyanya be ‘dzi nyanu le [Yehowa si], eye eƒe ŋusẽ kako’ nana míekana ɖe edzi? (Hiob 9:4) [w07 5/15 axa 25 mm. 16; it-2-E axa 1190 mm. 3]
5. Mɔ ka nue nya si Elifaz gblɔ be amegbetɔ ‘noa nu vlo wɔwɔ abe tsi ene’ la ɖe Satana ƒe nuŋububu fia le? (Hiob 15:16) [w10 2/15 axa 20 mm. 1-2]
6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Hiob ƒe konyifanya siwo dze le Hiob 19:2 la me? [w94 10/1 axa 32 mm. 1-5]
7. Nu kae kpe ɖe Hiob ŋu wòlé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi? (Hiob 27:5) [w09 4/15 axa 6 mm. 17]
8. Alekee míate ŋu asrɔ̃ Hiob ne nane ɖi ɖe mía nɔviwo? (Hiob 29:12, 13) [w02 5/15 axa 22 mm. 19; w94 9/15 axa 24 mm. 2]
9. Mɔ ka nue Elihu ƒe aɖaŋuɖoɖoa to vovo na Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃ mamlɛawo tɔ le? (Hiob 33:1, 6) [w95 2/15 axa 29 mm. 3]
10. Ŋusẽ kae wòle be ŋugbledede tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ klitsuwo ŋu nakpɔ ɖe mía dzi? (Hiob 37:14) [w06 3/15 axa 16 mm. 4]