INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/12 axa 7
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 4/12 axa 7

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le April 30, 2012, ƒe kwasiɖaa me. Sukudzikpɔlaa akpɔ numetotoa dzi miniti 20, eye anɔ te ɖe dɔdeasi siwo míewɔ tso March 5 va se ɖe April 30, 2012, ƒe kwasiɖawo me dzi. Wotsɔ ɣletiŋkeke si dzi wowɔ ɖoɖo be woadzro nyabiase ɖe sia ɖe me la kpe ɖe eŋu ale be míate ŋu awɔ numekuku tso wo ŋu ne míele dzadzram ɖo ɖe sukua ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa.

1. Nu ka tae viɖe le Biblia gbalẽ si nye Yeremiya ŋu na mí? [Mar. 5, si axa 129 mm. 36]

2. Aleke Yehowa ate ŋu aɖe mí tso yometiti me egbeae? (Yer. 1:8) [Mar. 5, w05 12/15 axa 23 mm. 18]

3. Ɣekaɣie amesiaminawo trɔ gbɔ va “blema mɔwo” dzi, eye alekee? (Yer. 6:16) [Mar. 12, w05 11/1 axa 24 mm. 12]

4. Nu ka tae woate ŋu agblɔ be balsam-mi alo ‘atike si tso Gilead’ li egbea? (Yer. 8:22) [Mar. 19, w10 6/1 axa 22 mm. 3–axa 23 mm. 4]

5. Gɔmesese ka nue nu si Yehowa ɖo be yeawɔ ‘venɛ’ alo tena ɖe edzi le? (Yer. 18:7, 8) [Apr. 2, w01 11/15 axa 13 mm. 20]

6. Mɔ ka nue Yehowa ‘lé Yeremiya sesẽe’ eye wòƒo nya ɖe enu le? (Yer. 20:7) [Apr. 2, w07 3/15 axa 9 mm. 6]

7. Nu kae nye “Yehowa ƒe agba” la? (Yer. 23:33) [Apr. 9, w07 3/15 axa 11 mm. 1]

8. Nu ka tae wòsɔ be Yehowa gblɔ na eƒe dukɔa be: ‘Meɖo amenuveve ɖi na mi didie alea’? (Yer. 31:3) [Apr. 23, cl axa 247 mm. 17]

9. Aleke woŋlɔ Mawu ƒe sea ɖe dziwo mee? (Yer. 31:33) [Apr. 23, w07 3/15 axa 11 mm. 2]

10. Susu ka tae wowɔ asinyigbalẽ ƒomevi eve ɖe nu ɖeka dzi? (Yer. 32:10-15) [Apr. 30, w07 3/15 axa 11 mm. 3]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe