Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le December 29, 2014 ƒe kwasiɖaa me.
Aleke wòle be míabu se si Mawu de le 5 Mose 14:1 be ne ame ku la, woagasi ame ɖokui le ame kukua ta o? [Nov. 3, w04 9/15 axa 27 mm. 4]
Susu ka tae wòle be Israel fia ɖe sia ɖe nana woagbugbɔ se la aŋlɔ ɖe agbalẽ me nɛ be “wòaxlẽ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me”? (5 Mose 17:18-20) [Nov. 3, w02 6/15 axa 12 mm. 4]
Nu ka tae sea gblɔ be, “megana nyitsu kple tedzi natsaka aŋlɔ agble na wò o,” eye aleke se si gblɔ be woaganɔ kɔkuti ɖeka te o la, sɔ na Kristotɔwo? (5 Mose 22:10) [Nov. 10, w03 10/15 axa 32]
Nu ka tae sea gblɔ be ‘woagatsɔ té kple tévi aɖo awɔbae o.’ (5 Mose 24:6) [Nov. 17, w04 9/15 axa 26 mm. 3]
Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ Israel viwo si ku ɖe toɖoɖo Mawu ŋu, eye nu kae aʋã mí be míasubɔ Yehowa? (5 Mose 28:47) [Nov. 24, w10 9/15 axa 8 mm. 4]
Nu vevi etɔ̃ siwo gbɔ wòle be ame naɖo hafi akpɔ agbe kawoe dze le 5 Mose 30:19, 20? [Nov. 24, w10 2/15 axa 28 mm. 17]
Ðe wòle be míaxlẽ Biblia me nyawo katã tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ va se ɖe Nyaɖeɖefia kple gbe blewua? Ðe eme. (Yos. 1:8) [Dec. 8, w13 4/15 axa 7 mm. 4]
Ame kae nye “Yehowa ƒe aʋafia” si ŋu woƒo nu tsoe le Yosua 5:14, 15, eye aleke ŋutinya sia de dzi ƒo na míi? [Dec. 8, w04 12/1 axa 9 mm. 2]
Nu kae kplɔ Axan de nu vɔ̃ me, eye nu kae míasrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa me? (Yos. 7:20, 21) [Dec. 15, w10 4/15 axa 20-21 mm. 2, 5]
Aleke Kaleb ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na mí egbeae? (Yos. 14:10-13) [Dec. 29, w04 12/1 axa 12 mm. 2]