INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp21 No. 3 axa 9-11
  • Ðe Nu Nyui Wɔwɔ Ate Ŋu Ana Wò Etsɔme Nanyoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nu Nyui Wɔwɔ Ate Ŋu Ana Wò Etsɔme Nanyoa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI AME GEÐE WƆNA
  • NU KAWOE DO TSO EME?
  • Ame Sia Ame Di Be Etsɔme Nanyo Na Ye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Nu Si Ana Wò Etsɔme Nanyo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Ŋgɔdonya
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • “Ame Fafawo Anyi Anyigba La Dome”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
wp21 No. 3 axa 9-11
Nyɔnu aɖe tso le zikpui si dzi wònɔ anyi ɖo le ʋu mea dzi be nyɔnu tsitsia nanɔ anyi.

Ðe Nu Nyui Wɔwɔ Ate Ŋu Ana Wò Etsɔme Nanyoa?

Ƒe alafa geɖee nye esia amewo sena le wo ɖokuiwo me be ne ènyoa dɔme eye nènɔa agbe nyuia, wò etsɔme anyo. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe siwo le Asia lɔ̃ ɖe nya aɖe si xexemenunyala Konfusio (551-479 B.C.E.) gblɔ dzi. Egblɔ be: “Nu si mèdi be woawɔ ɖe ye ŋu oa, mègawɔe ɖe ame bubu ŋu o.”a

NU SI AME GEÐE WƆNA

Ame geɖe xɔe se be ne yewonɔ agbe nyuia, ana yewoƒe etsɔme nanyo. Eya ta wodzea agbagba dea bubu amewo ŋu, ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana, tsɔa woƒe agbanɔamedziwo, eye woléa dzitsinya nyui me ɖe asi. Nyɔnu aɖe si le Vietnam, si ŋkɔe nye Linh, gblɔ be, “Mexɔe se be ne mekɔa dzi me eye meɖia anukware ɣesiaɣia, makpɔ yayrawo.”

Nyɔnu ma ke le nuɖuɖu mam na ame siwo da ahe eye aƒe mele wo si o.

Ame aɖewo hã dzea agbagba wɔa nu nyui le woƒe dzixɔsewo ta. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hsu-Yun, si le Taiwan, gblɔ be, “Wofiam be ne ame wɔa nu nyui hafi kua, ava kpɔ dzidzɔ, gake ne ewɔa nu gbegblẽa, akpe fu le eƒe ku megbe.”

NU KAWOE DO TSO EME?

Nyɔnu ma ke kɔ viaŋutsuvi sue ɖe asi; ɖeɖi te eŋu eye wòlé blanui.

Nyateƒee wònye be ne míewɔ nyui na amewoa, eɖea vi na míawo ŋutɔwo. Ke hã, ame siwo kɔa dzi me wɔa nyui na amewoa, va kpɔnɛ be yewoƒe agbagbadzedzewo medzea ameawo ŋu ɣesiaɣi o. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Shiu Ping, si le Hong Kong, gblɔ be, “Nu siwo dzɔ ɖe dzinye na mekpɔe be menye ɣesiaɣie ame nyuiwo kpɔa yayrawo ɖe nu nyui siwo wowɔna ta o. Medze agbagba lé be na nye ƒomea eye mewɔa nyui na amewo. Gake nye srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, eye srɔ̃nye kple vinyeŋutsua dzo le gbɔnye.”

Ame geɖe kpɔe be menye mawusubɔla ɖe sia ɖee nye ame nyui o. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Etsuko, si le Japan, gblɔ be, “Mege ɖe subɔsubɔha aɖe me eye meva zu sɔhɛwo ƒe ŋgɔnɔla. Gake esi mekpɔ ale si hamevi aɖewo le agbe gbegblẽ nɔm, ɖewo le ho ʋlim vevie le ɖoƒe dim eye wole asi blum ɖe ga siwo míedzɔna mea, nye nu koe ku.”

“Medze agbagba lé be na nye ƒomea eye mewɔa nyui na amewo. Gake nye srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, eye srɔ̃nye kple vinyeŋutsua dzo le gbɔnye.”—SHIU PING, HONG KONG

Dzi va ɖena le ame aɖewo siwo doa vevie mawusubɔsubɔ ƒo, ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe wo dzi. Aleae nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Van, si le Vietnam, se le eɖokui me. Egblɔ be, “Meƒlea atikutsetsewo, seƒoƒowo kple nuɖuɖu eye metsɔa wo vae dana ɖe tɔgbui kukuwo ƒe yɔdowo dzi gbe sia gbe kple susu be makpɔ yayrawo le etsɔme. Togbɔ be mewɔ nu nyui siawo katã eye mewɔ subɔsubɔkɔnuwo ƒe geɖe hã, srɔ̃nye va dze dɔ vevie. Eyome vinyenyɔnu, si nɔ suku dem le duta, ku kpata esi wòxɔ ƒe blaeve.”

NU SI TA NU NYUI WƆWƆ ÐEÐE MESU O

Nu nyui wɔwɔ le vevie ŋutɔ, gake ema ɖeɖe mate ŋu ana ame ƒe etsɔme nanyo o. Nu ka tae? Bu nu si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔ na mí ŋu kpɔ.

MENYE AME SIA AMEE DINA BE YEAWƆ NU NYUI O

“Nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ ate ŋu agblẽ nu nyui geɖewo dome.”—NYAGBLƆLA 9:18.

Ne èdzea agbagba wɔa nu nyui hã, ame siwo dia wo ɖokui tɔ ƒe nuwɔnawo ate ŋu agblẽ nu le wò etsɔme ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, ne dɔvɔ̃ aɖe le kakam eye dziɖuɖumegãwo de se be míaganɔ tetem ɖe amewo ŋu oa, ɖewohĩ èwɔna ɖe edzi. Gake nu kae adzɔ ne ame aɖewo gbe sea dzi wɔwɔ? Woƒe nuwɔna ate ŋu agblẽ nu le ame siwo le edzi wɔm ƒe lãmesẽ ŋu.

ATE ŊU ASESẼ ƔEAÐEWOƔI BE AME NADE VOVOTOTO NYUI KPLE VƆ̃ DOME

“Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔ le woawo ŋutɔ ŋkume, ke eƒe nuwuwu nye ku ƒe mɔ.”—LODODOWO 14:12.

Ame geɖe ti taɖodzinu siwo wosusui gbã be enyoa yome, gake emegbe wova kpɔe be mesɔ kura o. Togbɔ be susu nyui ye nɔ wo si hã, tiatia gbegblẽ siwo wowɔa me tsonuwo vaa wo dzi godoo.

AME AÐEKE MENYA ETSƆME O

“Mienya ale si miaƒe agbe anɔ etsɔ o.”—YAKOBO 4:14.

Ame nyuiwo gɔ̃ hã te ŋu kuna kukpo. Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo nɔ kpekpem ɖe amewo ŋu le Corona dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣia mea dometɔ geɖe ku. Alo bu nu si dzɔ ɖe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Liting dzi le China ŋu kpɔ. Fofoa ku le ʋufɔku aɖe me. Egblɔ be: “Nyemese susu si tae ame nyui ma naku gɔme o. Fofonye doa vevie dɔ, ebɔbɔa eɖokui, eye wòɖia anukware. Gake eyae ku le afɔku ma me.”

Ne nu nyui wɔwɔ ɖeɖe mate ŋu ana ame ƒe etsɔme nanyo oa, ke nu kae ana? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa, míehiã nane si ŋu kakaɖedzi le, si aɖo míaƒe biabiawo ŋu eye wòafia mí nu si tututu ana míaƒe etsɔme nanyo. Afi kae míate ŋu akpɔ nu ma le?

a Ne èdi be yeanya nu geɖe tso Konfusio ƒe nufiafiawo ŋua, kpɔ agbalẽ si nye Ale Si Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe ta 7, memama 31-35. Yehowa Ðasefowoe tae, àkpɔe le Internet dzi le www.jw.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe