INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w21 October axa 14-17
  • Dzra Wò Kple Yehowa Dome Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzra Wò Kple Yehowa Dome Ðo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • KUXIAWOE NYE KAWO?
  • ÐO TAÐODZINU SIWO GBƆ NÀTE ŊU AÐO
  • MÈGANA TA O!
  • ‘Yɔ Hamemetsitsiwo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Yehowa Dea Asixɔxɔ Ŋuwò!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Hamemetsitsiwo, Miyi Edzi Miasrɔ̃ Apostolo Paulo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Yehowa Li Kpli Wò Ɣesiaɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
w21 October axa 14-17
Esi nɔviŋutsu aɖe bu ɣeyiɣi kple dɔ si gbegbe wòabia be yeagadzra yeƒe aƒe si gblẽ ɖo ŋu la, ena dzi ɖe le eƒo.

Dzra Wò Kple Yehowa Dome Ðo

ƑE SIA ƑEA, wogbugbɔ xɔa Yehowa ƒe alẽ xɔasi siwo woɖe le hamea me siwo trɔ dzi me la ɖe haa me ake. Bu ‘dzidzɔ si gbegbe wònyena le dziƒo’ ne alẽ siawo trɔ va Yehowa gbɔ ŋu kpɔ! (Luka 15: 7, 10) Ne wotrɔ xɔ wò ɖe haa mea, ka ɖe edzi be Yesu, mawudɔlawo, kple Yehowa ŋutɔ kpɔa dzidzɔ be ègatrɔ gbɔ va nyateƒea me. Ke hã, esi nèle agbagba dzem be yeadzra wò kple Yehowa dome ɖoa, àdo go kuxi aɖewo. Kuxi mawo dometɔ aɖewoe nye kawo, eye nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu wo dzi?

KUXIAWOE NYE KAWO?

Dzi ɖena le nɔvi geɖe siwo wotrɔ xɔ ɖe haa me la ƒo. Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me abe Fia David ene. Esi wotsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee vɔ gɔ̃ hã, egblɔ be: “Nye vodada gbogboawo kɔ gbɔ tanye.” (Ps. 40:12; 65:3) Ame siwo trɔ va Yehowa gbɔ ate ŋu anɔ fɔ bum wo ɖokui alo anɔ ŋu kpem hena ƒe geɖe. Isabelle, si woɖe le haa me, si wogaxɔ ƒe 20 megbe la gblɔ be: “Esesẽ nam be maxɔe ase be Yehowa tsɔe kem.”a Eya ta ne dzi ɖe le ƒowòa, wò kple Yehowa dome agate ŋu ava gbɔdzɔ. (Lod. 24:10) Mègana esia nadzɔ ɖe dziwò o.

Ame bubuwo sena le wo ɖokui me be, menye dɔ vie wòanye be yewoagadzra yewo kple Yehowa dome ɖo o. Antoine, si wogbugbɔ xɔ ɖe haa me gblɔ be, “Meŋlɔ nu akpa gãtɔ siwo mewɔna esime menye Ðasefo la be.” Esiawo ate ŋu ana wòasesẽ na ame aɖewo be woagatso ɖe woƒe afɔwo dzi.

Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ahom sesẽ aɖe gbã ame aɖe ƒe aƒe. Ne ebu dɔ si gbegbe wòbia be wòagadzra aƒe ma ɖo ŋua, dzi ate ŋu aɖe le eƒo. Nenema kee ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe si na mía kple Yehowa dome gblẽ, eye míebu dɔ si gbegbe wòabia be míadzra mí kple Yehowa dome ɖoa, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo. Gake nu kae akpe ɖe mía ŋu?

Yehowa kpe mí be: “Miva ne míakpɔ mía dome nyawo gbɔ.” (Yes. 1:18) Yehowa lɔ̃ wò le esi nèdze agbagba ‘kpɔ mi kplii dome nyawo gbɔ’ ta. Esi nètrɔ va Yehowa gbɔ ta la, èna Yehowa kpɔ nu si dzi wòanɔ te ɖo aɖo nya ŋu na Satana si le alɔme ɖem le eŋu!—Lod. 27:11.

Esi nètrɔ va Yehowa gbɔ taa, ète ɖe eŋu, eye eya hã do ŋugbe be yeate ɖe ŋuwò. (Yak. 4:8) Enyo be nɔvi bubuwo nakpɔe be ètrɔ va hamea me, gake ele be nàwɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Ele be nàyi edzi awɔ nu siwo ana nàgalɔ̃ Yehowa, si nye Fofowo kple Xɔ̃wò, geɖe wu. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

ÐO TAÐODZINU SIWO GBƆ NÀTE ŊU AÐO

Ðo taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo. Anɔ eme be mèŋlɔ nu siwo nènya tso Yehowa kple tame siwo wòɖo ku ɖe etsɔme ŋu la be o. Gake ahiã be nàwɔ nu siwo ana nàgatso ɖe wò afɔwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, gbeƒãɖeɖe kple kpekpeawo dede edziedzi kpakple hadede kple nɔviwo le vevie. Àte ŋu aɖo taɖodzinu siawo.

Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi. Fofowò si le dziƒo la nyae be, ne wò dzi le fɔ bum wò la, ate ŋu asesẽ be nàdo gbe ɖa na ye. (Rom. 8:26) Ke hã, Yehowa di be ‘nànɔ gbe ɖom ɖa’ na ye agblɔ ale si nèdi be ye kplii dome nanɔ la na ye. (Rom. 12:12) Andrej gblɔ be: “Mebua fɔ ɖokuinye ŋutɔ, eye ŋu kpeam. Gake ɣesiaɣi si medo gbe ɖa na Yehowa la, nye dzi dzea eme, eye nye susu dzea akɔ anyi.” Ne mènya nya si tututu nàgblɔ le gbedodoɖa me oa, àte ŋu ade ŋugble tso nya siwo Fia David si trɔ dzi me la gblɔ woŋlɔ ɖe Psalmo 51 kple 65 lia me ŋu.

Nɔ Biblia srɔ̃m edziedzi. Esia ana wò xɔse nasẽ, eye wòana ale si nèlɔ̃ Yehowa nade to. (Ps. 19:7-11) Felipe gblɔ be: “Esi nyemenɔ Biblia srɔ̃m o taa, ena meva gbɔdzɔ, eye mewɔ nu si va te ɖe Yehowa dzi. Esi nyemedi be nu ma nagadzɔ ɖe dzinye o taa, meva nɔ Biblia srɔ̃m le ɖokuinye si.” Wò hã àte ŋu awɔe nenema. Ne èhiã kpekpeɖeŋu le nu siwo tɔgbi nàte ŋu asrɔ̃ le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ mea, àte ŋu abia nɔvi aɖe si tsi le xɔse me be wòakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe nyati mawo ŋu.

Dze agbagba nàna wò kple nɔviwo dome naganɔ kplikplikpli. Ame siwo wogbugbɔ xɔ ɖe haa me la dometɔ aɖewo ate ŋu anɔ sesem le wo ɖokuiwo me be ame siwo le hamea me ate ŋu anɔ susu manyomanyowo bum ɖe yewo ŋu. Larissa gblɔ be: “Ŋu kpem vevie. Mese le ɖokuinye be medo ŋukpe nɔviawo. Eye mese le ɖokuinye me alea hena ɣeyiɣi didi aɖe.” Ka ɖe edzi be hamemetsitsiwo kple nɔvi siwo tsi le xɔse me la le klalo be yewoakpe ɖe ŋuwò ale be wò kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli. (Kpɔ aɖaka si nye “Kpekpeɖeŋu Si Hamemetsitsiwo Ate Ŋu Ana.”) Edzɔ dzi na nɔviawo be nègatrɔ va Yehowa gbɔ, eye wodi be nàkpɔ dzidzɔ!—Lod. 17:17.

Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàgate ɖe nɔvi siwo le hamea me ŋu wu? Nɔ kpekpeawo dem edziedzi, eye nàwɔ ɖeka kple nɔviawo anɔ gbeadzi yim. Aleke esia akpe ɖe ŋuwòe? Felix gblɔ be: “Nɔviawo nɔ mɔ kpɔm be matrɔ ava Yehowa gbɔ. Esia na mekpɔe be wolɔ̃m. Woxɔm atuu va hamea me, si na mekpɔe be wotsɔe kem, eye esia kpe ɖe ŋunye meyi Yehowa subɔsubɔ dzi.”—Kpɔ aɖaka si nye “Nu Si Nàte Ŋu Awɔ.”

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ

Wɔ nu siwo ana nàsẽ ŋu le xɔse me

Hamemetsitsi aɖe le gbe dom ɖa kple nɔviŋutsu aɖe si gatrɔ va Yehowa gbɔ.

NƆ GBE DOM ÐA NA YEHOWA EDZIEDZI

Gblɔ ale si nèdi be wò kple Yehowa dome naganɔ la nɛ. Hamemetsitsiwo aɖo ŋku dziwò le woƒe gbedodoɖawo me eye woado gbe ɖa kpli wò hã

Hamemetsitsi aɖe le gbe dom ɖa kple nɔviŋutsu aɖe si gatrɔ va Yehowa gbɔ.

NƆ BIBLIA SRƆ̃M EDZIEDZI

Wɔ nu siwo ana nàgatso ɖe wò afɔwo dzi, siwo ana nàgalɔ̃ Yehowa ɖe edzi

Nɔviŋutsua le dze ɖom kple nɔviwo le hadomewɔna aɖe me.

NA WÒ KPLE NƆVIWO DOME NAGANƆ KPLIKPLIKPLI

Wɔ ɖeka kple hamea, eye nànɔ kpekpeawo kple gbeadzi yim edziedzi

MÈGANA TA O!

Satana ayi edzi ahe nɔnɔme sesẽ siwo le abe “ahom” ene ava dziwò. (Luka 4:13) Ke hã, yi edzi nàwɔ nu siwo ana wò kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wu.

Yehowa do ŋugbe sia ku ɖe eƒe alẽwo ŋu be: “Madi esiwo bu la, makplɔ esiwo tra mɔ agbɔe, mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, eye mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ.” (Eze. 34:16) Yehowa kpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu wogadzra wò kplii dome ɖo. Eya ta ka ɖe edzi be akpe ɖe ŋuwò nàdzra wò kplii dome si gblẽ la hã ɖo.

Kpekpeɖeŋu Si Hamemetsitsiwo Ate Ŋu Ana

Hamemetsitsia le kpekpem ɖe nɔviŋutsua ŋu be woadzra eƒe aƒe si gblẽ la ɖo.

Hamemetsitsiwo wɔa akpa vevi aɖe kpena ɖe ame siwo wogbugbɔ xɔ ɖe haa me ŋu be woadzra wo kple Yehowa dome ɖo. De dzesi nu siwo hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu.

Na kakaɖedzi wo. Apostolo Paulo nyae be nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me la ate ŋu anɔ ‘nu xam vevie.’ (2 Kor. 2:7) Ŋu ate ŋu anɔ ekpem eye dzi naɖe le eƒo. Eya ta Paulo xlɔ̃ nu hamea be ‘woatsɔe akee faa, eye woafa akɔ nɛ.’ Ele be hamemetsitsiwo naka ɖe edzi na ame siwo wogbugbɔ xɔ ɖe hamea me be Yehowa kple nɔviawo lɔ̃ wo vevie. Ne hamemetsitsiwo kafua wo eye wokpena ɖe wo ŋu edziedzi la, awɔe be dzi maɖe le wo ƒo o.

Do gbe ɖa kpli wo. “Ŋusẽ le ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo ŋu, eye wòwɔa dɔ.” (Yak. 5:16) Larissa, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Megblɔ ale si menɔ sesem le ɖokuinye me la na hamemetsitsiawo. Woɖoa ŋku dzinye le woƒe gbedodoɖawo me, eye wodoa gbe ɖa kplim hã. Esia na meva kpɔe be hamemetsitsiawo medo dziku ɖe ŋunye o, ke boŋ wodi be yewoakpe ɖe ŋunye magadzra nye kple Yehowa dome ɖo.” Theo gblɔ be: “Hamemetsitsiawo ƒe gbedodoɖawo na meva ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃m vevie, eye wòdea dzesi nu nyui siwo mewɔna, ke menye gbegblẽawo o.”

Dze xɔ̃ wo. Ele be míadze xɔ̃ ame siwo wogbugbɔ xɔ ɖe hamea me. Hamemetsitsi si ŋkɔe nye Justin gblɔ be: “Dze agbagba nàyi gbeadzi kpli wo, eye vevietɔ wua, srã wo kpɔ le woƒe aƒe me. Ele vevie ŋutɔ be míadze xɔ̃ wo.” Hamemetsitsi bubu si ŋkɔe nye Henry gblɔ be: “Ne ame siwo le hamea me kpɔ ale si hamemetsitsiwo dze xɔ̃ ame siwo wogbugbɔ xɔ ɖe hamea me la, woawo hã woadze xɔ̃ wo.”

Kpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu. Nɔvi si tsi le xɔse mea, ate ŋu akpe ɖe ame si wogbugbɔ xɔ ɖe hamea me ŋu be wòanɔ nu srɔ̃m. Hamemetsitsi si ŋkɔe nye Darko gblɔ be: “Edzɔa dzi nam be magblɔ kesinɔnu siwo ŋu meke ɖo le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me la na wo. Azɔ hã, mewɔa ɖoɖo kpli wo be míasrɔ̃ nyati aɖewo ɖekae.” Hamemetsitsi bubu si ŋkɔe nye Clayton gblɔ be: “Medea dzi ƒo na wo be woadi Biblia me kpɔɖeŋu siwo sɔ kple woƒe nɔnɔmea, eye woasrɔ̃ nu tso eme.”

Srã wo kpɔ. Ame si wogbugbɔ xɔ ɖe hamea me la, kpɔe va yi be hamemetsitsiawo nye ʋɔnudrɔ̃lawo. Gake esi le vevie wue nye be wòakpɔ hamemetsitsiawo fifia be wonye alẽkplɔlawo. (Yer. 23:4) Gbɔ dzi ɖi nàɖo to wo, eye nànɔ wo kafum. Nɔ dze ɖom kpli wo edziedzi. De dzesi nu si hamemetsitsi si ŋkɔe nye Marcus wɔna ne wole ame siwo wogaxɔ ɖe hamea me la srãm kpɔ. Egblɔ be: “Míexlẽa Ŋɔŋlɔ aɖe na wo, kafua wo, eye míekana ɖe edzi na wo be edzɔ dzi na mí kple Yehowa siaa be wodze agbagba trɔ gbɔ. Eye hafi míadzo le wo gbɔa, míegaɖoa ŋkeke bubu si míagava srã wo kpɔ.”

a Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe