INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w22 December axa 22-27
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu Woado Dzi Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Amewo Ŋu Woado Dzi Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALE SI MÍAKPE ÐE AMEWO ŊU NE DƆVƆ̃ DO
  • ALE SI MÍAKPE ÐE AMEWO ŊU NE AFƆKU DZƆ
  • ALE SI MÍAKPE ÐE NƆVIWO ŊU WOADO DZI LE YOMETITI ME
  • Àte Ŋu Aɖe Dzi Ði Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Hamemetsitsiwo, Miyi Edzi Miasrɔ̃ Apostolo Paulo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Dzɔdzɔmefɔku Si Ate Ŋu Adzɔ Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Ðoɖo Si Nu Nuwo Le Le Kristo Hamea Me
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
w22 December axa 22-27

NUSƆSRƆ̃NYATI 52

Kpe Ðe Amewo Ŋu Woado Dzi Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

“Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo wòle be nàwɔe na, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.”—LOD. 3:27.

HADZIDZI 103 Alẽkplɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo

NYA VEVIAWOa

1. Aleke Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu zi geɖe?

ÐE NÈNYA be Yehowa ate ŋu azã wò atsɔ aɖo ame aɖe ƒe gbedodoɖa ŋua? Èɖanye hamemetsitsi, subɔsubɔdɔwɔla, mɔɖela alo gbeƒãɖela o, Yehowa ate ŋu azã wò nàkpe ɖe amewo ŋu. Nenema kee èɖanye ɖevi alo ame tsitsi, nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu o, Yehowa ate ŋu azã wò. Ne ame aɖe si lɔ̃ Yehowa do gbe ɖa be wòakpe ɖe ye ŋua, zi geɖea, Yehowa toa hamemetsitsiwo kple esubɔla wɔnuteƒewo dzi ‘wofaa akɔ’ nɛ eye wokpena ɖe eŋu. (Kol. 4:11) Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye na mí be Yehowa nazã mí le mɔ ma nu! Míate ŋu awɔ esia geɖe ne dɔvɔ̃ do, afɔku dzɔ, alo wole mía yome tim.

ALE SI MÍAKPE ÐE AMEWO ŊU NE DƆVƆ̃ DO

2. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu ne dɔ aɖe kaka?

2 Ne dɔ aɖe kaka le míaƒe nutoa mea, ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míakpe ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míadi be míava srã mía xɔlɔ̃wo kpɔ alo míakpe nɔvi siwo dzi nu mede o be woava ɖu nu kpli mí, gake manya wɔ o le dɔa ta. Alo ɖewohĩ míadi be míakpe ɖe amewo ŋu hafi, gake nuwo mele ɖeɖem na míawo ŋutɔwo o. Togbɔ be ele alea hãa, ele be míawɔ mía tɔ sinua akpe ɖe mía nɔviwo ŋu, elabe esia dzea Yehowa ŋu. (Lod. 3:27; 19:17) Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe mía nɔviwo ŋu?

3. Nu kae míesrɔ̃ tso hamemetsitsi siwo le Desi ƒe hamea me gbɔ? (Yeremiya 23:4)

3 Nu si hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ. Ne ènye hamemetsitsia, dze agbagba nànya nɔviawo nyuie. (Xlẽ Yeremiya 23:4.) Nɔvinyɔnu Desi, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me gblɔ be: “Tso keke ɣeaɖeɣi kea, hamemetsitsi siwo le míaƒe gbeadziƒuƒoƒoa me dea gbeadzi kpli mí edziedzi, eye wodea ha tuameɖowo kpli mí ɖekae.”b Kadodo si nɔ hamemetsitsiawo kple Desi dome na wònɔ bɔbɔe na wo be wokpe ɖe Desi ŋu esi corona dɔvɔ̃a do eye dɔa wu eƒe ƒometɔ aɖewo.

4. Nu ka tae wònɔ bɔbɔe na hamemetsitsiwo be wote ŋu kpe ɖe Desi ŋu, eye nu kae míesrɔ̃ tso eme?

4 Desi gblɔ be, “Esi xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo le nye kple hamemetsitsiawo dome taa, enɔ bɔbɔe nam be magblɔ ale si mele sesem le ɖokuinye me na wo.” Nu kae hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ tso eme? Misrã nɔviawo kpɔ eye mianya wo nyuie hafi afɔku nadzɔ. Midze xɔlɔ̃ wo. Ne dɔ aɖe kaka le miaƒe nutoa me si ta miate ŋu ava srã wo kpɔ oa, mito mɔ bubuwo dzi miado ka kpli wo. Desi gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, hamemetsitsi vovovowo tea ŋu ƒoa ka nam alo ɖoa message ɖem le ŋkeke ɖeka dzi eye wozãa ŋɔŋlɔawo tsɔ dea dzi ƒo nam. Togbɔ be menya kpukpui mawo dometɔ aɖewo xoxo hãa, wofaa akɔ nam ŋutɔ.”

5. Aleke hamemetsitsiwo awɔ anya nu si nɔviwo hiã eye woakpe ɖe wo ŋu?

5 Mɔ aɖe si dzi nàte ŋu ato anya nu si nɔvi aɖe hiãe nye be nàbia nyae ŋuɖɔɖotɔe. (Lod. 20:5) Ðe nuɖuɖu, atike kple nuhiahiã vevi bubuwo le esia? Ðe wòanye be dɔ agblẽ nɛa? Ðe mekpɔ ga axe xɔfetu oa? Ðe wòahiã be ame aɖe nakpe ɖe eŋu be wòabia kpekpeɖeŋu tso dziɖuɖua gbɔa? Nɔviwo na ŋutilãmenuwo Desi tsɔ kpe ɖe eŋu. Gake nu si koŋ kpe ɖe eŋu wòte ŋu to nɔnɔme ma mee nye lɔlɔ̃ si hamemetsitsiwo ɖe fiae kple ale si wozã Biblia me nyawo tsɔ de dzi ƒo nɛ. Egblɔ be: “Hamemetsitsiawo do gbe ɖa kplim. Togbɔ be nyemeɖo ŋku nya siwo tututu wogblɔ dzi o hãa, meɖo ŋku ale si esia na mese le ɖokuinye me dzi. Ðeko wònɔ abe Yehowa le gbɔgblɔm nam be yeli kplim ene.”—Yes. 41:10, 13.

Foto vovovoawo: 1. Nɔviŋutsu aɖe le kpekpe dzi kpɔm le Fiaɖuƒe Akpata me. Ele nɔviŋutsu tsitsi aɖe si to videokadodo dzi wɔ ɖeka kpli wo le kpekpea mea kpɔm le eƒe tablɛt dzi. 2. Nɔviŋutsu tsitsia do asi ɖe dzi be yeaɖo nya ŋu. Wode ka aɖe ŋɔti me nɛ wòle gbɔgbɔm to eme.

Edzɔ dzi na nɔvi si le miame si le kpekpea dzi kpɔm be nɔviwo va kpekpea eye nɔviŋutsu dɔnɔ si le ɖusime hã te ŋu wɔ ɖeka kpli yewo le kpekpea me to videokadodo dzi (Kpɔ memama 6 lia)

6. Nu kawoe hamea me tɔwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu? (Kpɔ fotoa.)

6 Nu si nɔvi bubuwo ate ŋu awɔ. Míekpɔa mɔ be hamemetsitsiwo naxɔ ŋgɔ akpe ɖe nɔviwo ŋu. Gake Yehowa di be mí katã míade dzi ƒo na amewo akpe ɖe wo ŋu. (Gal. 6:10) Nu suetɔ si míawɔ atsɔ akpe ɖe nɔvi aɖe si dze dɔ ŋu gɔ̃ hã ate ŋu ade dzi ƒo nɛ eye wòaɖee afia be míelɔ̃e. Ðeviwo ate ŋu aŋlɔ lɛta alo ata nu ɖe pepa dzi atsɔ ana nɔvi aɖe si dze dɔ be wòade dzi ƒo nɛ. Sɔhɛwo ate ŋu atsɔ dɔ na nɔvi siwo tsi teƒe ɖeka alo aɖi asi na wo. Hamea me tɔ bubuwo ate ŋu aɖa nu atsɔ ayi na nɔvi aɖe si dze dɔ. Ne dɔvɔ̃ doa, hamea me tɔ ɖe sia ɖe hiã akɔfafa kple dzideƒo. Anyo be le kpekpeawo megbea, míalala aɖo dze kple nɔviwo alo ayɔ wo le videokadodo dzi. Hamemetsitsiwo hã hiã akɔfafa kple dzideƒo. Ne dɔvɔ̃ doa, wonɔa dɔ dzi vevie be yewoakpe ɖe nɔviwo ŋu. Nɔvi aɖewo ŋlɔa lɛta kpui aɖe alo ɖoa message ɖe hamemetsitsiwo tsɔ daa akpe na wo. Eɖea vi ŋutɔ ne míewɔ mía tɔ sinua be ‘míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo eye míanɔ mía nɔewo tum ɖo.’—1 Tes. 5:11.

ALE SI MÍAKPE ÐE AMEWO ŊU NE AFƆKU DZƆ

7. Ne afɔku dzɔa, nu kawoe wògblẽna?

7 Ne afɔku dzɔa, ate ŋu ana nuwo natɔtɔ le amewo ƒe agbe me kpata. Ate ŋu agblẽ woƒe aƒe kple nunɔamesiwo dome, alo woƒe ame veviwo natsi eme gɔ̃ hã. Nublanuitɔea, esia tea ŋu dzɔna ɖe mía nɔviwo hã dzi. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu?

8. Nu kae hamemetsitsiwo kple ƒome ƒe tawo ate ŋu awɔ hafi afɔku nadzɔ?

8 Nu si hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ. Hamemetsitsiwo, mikpe ɖe nɔviwo ŋu woadzra ɖo do ŋgɔ hafi afɔku nadzɔ. Mikpe ɖe hamea me tɔwo katã ŋu woanya nu si woawɔ be woanɔ dedie kple ale si woawɔ ado ka kple hamemetsitsiawo. Margaret, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me gblɔ be: “Le nuhiahiãwo ƒe akpa aɖe si hamemetsitsiwo wɔ le kwasiɖa domedome kpekpe aɖe mea, woxlɔ̃ nu mí be dzomeŋɔlia meva yi haɖe o, taa ele be míanɔ ŋudzɔ elabe dzo ate ŋu adze ave le míaƒe nutoa me bɔbɔe. Wogblɔ na mí be ne dumegãwo xlɔ̃ nu mí be míadzo ayi dedienɔƒe, alo míawo ŋutɔwo míekpɔe be ehiã be míadzoa, ele be míadze mɔ enumake.” Hamemetsitsiawo na mɔfiame ma nɔviawo ɖe ɣeyiɣi dzi elabe kwasiɖa atɔ̃ megbea, dzo dze ave gblẽ nu le nutoa me. Ƒome ƒe tawo, midzro nu si ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ ne afɔku dzɔa me le ƒometadedeagu me. Ne mia kple mia viwo miedzra ɖo do ŋgɔa, anɔ bɔbɔe be miaɖe dzi ɖi ne afɔku dzɔ.

9. Nu kae wòle be hamemetsitsiwo nawɔ atsɔ adzra ɖo hafi afɔku nadzɔ, eye nu kae wòle be woawɔ ne afɔku dzɔ?

9 Ne gbeadziƒuƒoƒo dzi kpɔlae nènyea, dze agbagba nànya ƒuƒoƒoa me tɔ ɖe sia ɖe ƒe me eye nàxɔ wo dometɔ siwo lɔ̃ faa ƒe kaƒodzesi hafi afɔku nava dzɔ. Ŋlɔ wo ɖi eye nànɔ wo me tom edziedzi. Ne woʋu yi teƒe bubua, dze agbagba nànya teƒe yeyea; eye ne woɖɔ li woƒe kaƒodzesia, xɔ yeyetɔa. Esia awɔe be ne afɔku dzɔa, nàte ŋu ayɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe anya nu si wòhiã. Ne èse nɔviawo ƒe hiahiãwo vɔa, gblɔ wo na hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla enumake, eye eya hã ana nutome sue dzikpɔla nanya. Nuwɔwɔ aduadu alea ɖea vi geɖe. Esi dzo bi gblẽ nu le Margaret ƒe nutoa mea, woƒe nutome sue dzikpɔla nɔ dɔ dzi gaƒoƒo 36 sɔŋ alɔ̃ madɔmadɔe. Ewɔ dɔ aduadu kple hamemetsitsiwo ale be woke ɖe nɔvi 450 siwo si le woƒe aƒewo me ŋu, eye wokpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (2 Kor. 11:27) Esia wɔe be wokpɔ dzeƒe na ame siwo katã hiã teƒe anɔ.

10. Nu ka tae hamemetsitsiwo bua dzidede ƒo na nɔviawo dɔ vevii? (Yohanes 21:15)

10 Hamemetsitsiwo ƒe dɔ ƒe akpa aɖee nye be woazã Biblia atsɔ ade dzi ƒo na nɔviwo eye woafa akɔ na wo. (1 Pet. 5:2) Ne afɔku dzɔa, ele be hamemetsitsiwo nakpɔ egbɔ be nɔviawo dometɔ ɖe sia ɖe le dedie eye ekpɔ nuɖuɖu, nudodo, kple mlɔƒe. Gake ɣleti geɖe megbea, agahiã be woade dzi ƒo na nɔviawo afa akɔ na wo. (Xlẽ Yohanes 21:15.) Harold, si nye Alɔdzekɔmiti me tɔ eye wòkpe ɖe nɔvi geɖe siwo dzi afɔku dzɔ ɖo ŋu gblɔ be: “Exɔa ɣeyiɣi be woahaya, gake vivivia, wova trɔna ɖe agbea ŋu. Ke hã, wokpɔtɔ ɖoa ŋku woƒe ame vevi aɖe si ku le afɔkua me, domenyinu tɔxɛ aɖe si bú na wo, alo nane si do ŋɔdzi na wo alo na woku kloe le afɔkua mea dzi. Ne woɖo ŋku nu mawo dzia, wogaxaa nu vevie. Esia mefia be xɔse mele wo si o; seselelãme mawo vana le dzɔdzɔme nu.”

11. Nu kae ƒome siwo dzi afɔku dzɔ ɖo hiã?

11 Hamemetsitsiwo wɔna ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be ‘míafa avi kple ame siwo le avi fam’ la dzi. (Rom. 12:15) Ehiã be woaka ɖe edzi na ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo be Yehowa kpɔtɔ lɔ̃ wo eye wo nɔvi Kristotɔwo hã lɔ̃ wo. Ðikeke mele eme o be hamemetsitsiwo adi be yewoakpe ɖe ƒomewo ŋu be woalé gbɔgbɔmeɖoɖowo abe gbedodoɖa, Biblia sɔsrɔ̃, kpekpeawo dede, kple gbeadzidede ene me ɖe asi. Woate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woade dzi ƒo na wo viwo be woatsɔ susu aɖo nu siwo afɔku aɖeke mate ŋu agblẽ o ŋu. Dzilawo, miɖo ŋku edzi na mia viwo be Yehowa anye wo xɔlɔ̃ ɖaa eye akpe ɖe wo ŋu ɣesiaɣi. Mika ɖe edzi na mia viwo be xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe ƒome gã aɖe le wo si eye wole klalo be yewoakpe ɖe wo ŋu ɣesiaɣi.—1 Pet. 2:17.

Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a tsɔ nuɖuɖu vɛ na nɔvinyɔnu aɖe kple viaŋutsuvi siwo dzi afɔku dzɔ ɖo eye wova le sitsoƒe aɖe.

Ðe nàte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana faa akpe asi ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu ne afɔku dzɔ le mia gbɔa? (Kpɔ memama 12 lia)e

12. Nu kae nɔvi bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu? (Kpɔ fotoa.)

12 Nu si nɔvi bubuwo ate ŋu awɔ. Ne afɔku dzɔ le nuto aɖe si te ɖe ŋuwò mea, bia hamemetsitsiwo woana nànya hiahiã siwo li. Ðewohĩ àte ŋu ana dzeƒe nɔvi siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo alo nɔvi siwo va kpekpeɖeŋu na ge. Alo àte ŋu atsɔ nuɖuɖu ayi na nɔvi siwo hiãe. Ne nuto si me afɔkua dzɔ le didi tso gbɔwò hãa, àte ŋu ana kpekpeɖeŋu. Aleke nàwɔe? Do gbe ɖa ɖe nɔviawo ta. (2 Kor. 1:8-11) Azɔ hã àte ŋu adzɔ ga na xexea me katã ƒe dɔa ale be woatsɔ akpe asi ɖe kpekpeɖeŋunadɔa ŋu. (2 Kor. 8:2-5) Ne èdi be yeatsɔ ye ɖokui ana akpe asi ɖe dɔ ŋu le teƒe siwo afɔku dzɔ le eye wòanya wɔ na wò be nàzɔ mɔ ayia, na hamemetsitsiawo nanya. Ne alɔdzedɔwɔƒea da asi ɖe edzia, woana hehe aɖewo wò, ale be nàte ŋu ana kpekpeɖeŋu ale si dze.

ALE SI MÍAKPE ÐE NƆVIWO ŊU WOADO DZI LE YOMETITI ME

13. Kuxi kawoe mía nɔvi siwo le dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le dzea ŋgɔe?

13 Le dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe dɔ dzi le mea, agbea sesẽna na mía nɔviwo ŋutɔ. Abe nɔvi bubuwo ke enea, ganyawo ɖea fu na wo, wodzea dɔ eye woƒe ame veviwo kuna. Gake esi woɖo asi dɔa dzi taa, hamemetsitsiwo metea ŋu yia nɔviawo gbɔ va dea dzi ƒo na wo edziedzi o. Bu Andrei si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me ŋu kpɔ. Nɔvinyɔnu aɖe le eƒe gbeadziƒuƒoƒo me si dzi ganyawo mede kura o. Gbe ɖekaa nɔvinyɔnua kpɔ ʋufɔku. Ehiã be woawɔ dɔ nɛ zi gbɔ zi geɖe, eye ŋusẽ mele eŋu wòayi dɔme o. Togbɔ be woɖo asi míaƒe dɔa dzi eye corona dɔvɔ̃a li hãa, nɔviawo wɔ wo tɔ sinu kpe ɖe eŋu. Eye Yehowa ŋutɔ hã de dzesi nɔnɔmea.

14. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu aɖee afia be yewoɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu?

14 Nu si hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ. Andrei do gbe ɖa tso nɔvinyɔnua ƒe nɔnɔmea ŋu eye wòwɔ nu si wòate ŋui. Aleke Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu? Yehowa ʋã hamea me tɔ siwo tea ŋu dona togbɔ be woɖo asi dɔa dzi hã la be wokpe ɖe nɔvinyɔnua ŋu. Ðewo kɔnɛ yia kɔdzi, eye ɖewo hã nanɛ ga. Yehowa yra ɖe nɔvi dzinɔameƒotɔ mawo ƒe agbagbadzedzewo dzi. (Heb. 13:16) Hamemetsitsiwo, ne woɖo asi dɔa dzi le miaƒe dukɔa mea, mina mɔnukpɔkpɔa nɔvi bubuwo hã be woana kpekpeɖeŋu. (Yer. 36:5, 6) Vevietɔ wua, miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Akpe ɖe mia ŋu miakpɔ nɔviawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ.

15. Aleke míawɔ akpɔ míaƒe ɖekawɔwɔa ta ne wole mía yome tim?

15 Nu si nɔvi bubuwo ate ŋu awɔ. Ne woɖo asi míaƒe dɔa dzia, ate ŋu ahiã be míakpe le ƒuƒoƒo suewo me. Eya ta ele vevie be míanɔ ŋutifafa me kple mía nɔewo. Satanae míele avu wɔm kple, ke menye mía nɔewo o. Eya ta, ŋe aɖaba ƒu nɔviwò Kristotɔwo ƒe vodadawo dzi, eye nàdzra wò kpli wo dome ɖo kaba ne kuxi aɖe do mo ɖa. (Lod. 19:11; Ef. 4:26) Milɔ̃ faa miakpe ɖe mia nɔewo ŋu. (Tito 3:14) Kpekpeɖeŋu si nɔvi vovovowo na nɔvinyɔnua kpɔ ŋusẽ nyui ɖe gbeadziƒuƒoƒoa me tɔwo katã dzi eye wòna wo dome va le kplikplikpli abe ƒome ɖeka ene.—Ps. 133:1.

16. Le ɖekawɔwɔ me kple Kolosetɔwo 4:3, 18 la, nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nɔvi siwo yome tim wole ŋu?

16 Mía nɔvi akpe geɖe yi edzi le Yehowa subɔm togbɔ be woɖo asi dɔa dzi le wo gbɔ hã. Wode wo dometɔ aɖewo gaxɔ me le woƒe xɔse ta. Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe wo kple woƒe ƒometɔwo ta. Eye míate ŋu ado gbe ɖa ɖe nɔvi siwo dea woƒe ablɔɖe afɔku me be yewoakpɔ woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na wo, yewoade dzi ƒo na wo alo aʋli wo ta le ʋɔnu la hã ta.c (Xlẽ Kolosetɔwo 4:3, 18.) Ðo ŋku edzi be wò gbedodoɖa ɖe mía nɔvi lɔlɔ̃ siawo ta ɖea vi ŋutɔ!—2 Tes. 3:1, 2; 1 Tim. 2:1, 2.

Dzila aɖewo kple wo vi eve le ƒometadedeagu wɔm. Wole video si nye “Daniel: Eɖe Xɔse Fia Le Eƒe Agbe Me Katã” kpɔm eye wo viŋutsua le nu ƒom tso eŋu.

Aleke nàte ŋu adzra wò ƒomea ɖo fifia ɖe yometiti ŋu? (Kpɔ memama 17 lia)

17. Aleke wò kple wò ƒomea miate ŋu adzra ɖo fifia ɖe yometiti ŋu?

17 Wò kple wò ƒomea miate ŋu adzra ɖo fifia ɖe yometiti ŋu. (Dɔw. 14:22) Ema mefia be mianɔ nu siwo tsitretsiɖeŋulawo ate ŋu atu kpli mi ŋu bum o. Ke boŋ miwɔ nu siwo ana ƒomedodo nyui nanɔ mia kple Yehowa dome fifia, eye miakpe ɖe mia viwo ŋu woawo hã woawɔe nenema. Ne mietsi dzimaɖi ɖe nu siwo ava dzɔ ŋua, mido gbe ɖa na Mawu. (Ps. 62:7, 8) Midzro susu siwo tae miate ŋu aka ɖe Yehowa dzi me.d Ale si ko wòaɖe vi na viwòwo ne miedzra ɖo ɖe afɔku ŋua, nenema kee wòaɖe vi na wo ne miedzra ɖo ɖe yometiti ŋu. Ana dzi nanɔ wo ƒo eye woaɖe dzi ɖi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.

18. Etsɔme nyui kae le mía lalam?

18 Mawu ƒe ŋutifafa nana míesena le mía ɖokui me be míele dedie. (Flp. 4:6, 7) Enana míaƒe dzi dzea eme ne dɔvɔ̃ do, afɔku dzɔ, alo wole mía yome tim. Yehowa zãa hamemetsitsi dovevienuwo wodea dzi ƒo na mí. Eye ena mɔnukpɔkpɔ mí katã be míakpe ɖe mía nɔewo ŋu. Míate ŋu awɔ ŋutifafa ƒe ɣeyiɣi si me míele fifia ŋu dɔ atsɔ adzra ɖo ɖe nɔnɔme sesẽ siwo me míava to, vevietɔ le “xaxa gã” si gbɔna me ŋu. (Mat. 24:21) Ɣemaɣia, ahiã be míayi edzi aɖe dzi ɖi eye míakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woawɔe nenema. Le xaxa gãa megbea, naneke magadzɔ si ado ŋɔdzi na mí azɔ o. Mlɔebaa, ŋutifafa axɔ anyigba dzi abe ale si Yehowa dii ene, eye míaɖe dzi ɖi tegbee.—Yes. 26:3, 4.

NU KAWOE NÀTE ŊU AWƆ ATSƆ AKPE ÐE AMEWO ŊU BE WOAÐE DZI ÐI . . .

  • ne dɔvɔ̃ do?

  • ne afɔku dzɔ?

  • ne wole mía yome tim?

HADZIDZI 109 Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke

a Zi geɖea, Yehowa toa esubɔla wɔnuteƒewo dzi kpena ɖe ame siwo le xaxawo me tom ŋu. Ate ŋu azã wò nàde dzi ƒo na nɔviwo. Le nyati sia mea, míakpɔ nu si míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo ɖo hiã me ŋu.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

c Nɔvi aɖewo ŋlɔa lɛta na alɔdzedɔwɔƒea alo habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegãa be woaɖo ɖe nɔvi siwo le gaxɔ me na yewo, gake ɖoɖo aɖeke meli nenema o.

d Kpɔ nyati si nye “Dzra Ðo Fifia Ðe Yometiti Ŋu” le July 2019 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

e NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a tsɔ nuɖuɖu vɛ na ƒome aɖe si dzi afɔku dzɔ ɖo eye wova le sitsoƒe aɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe