INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w23 December axa 32
  • Nuteƒekpɔkpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuteƒekpɔkpɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Se Veve Ðe Amewo Katã Nu
  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Veveseɖeamenu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • “Mía Mawu Ƒe Dɔmetɔtrɔ Gã La”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • “Miaƒe Dɔme Natrɔ Ðe Ame Ŋu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Yehowa Ðua Fia le Dɔmetɔtrɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
w23 December axa 32

Nuteƒekpɔkpɔ

Se Veve Ðe Amewo Katã Nu

Gbe ɖeka nɔvinyɔnu aɖe si le New Zealand kpɔ video aɖe le jw.org. Le videoa mea, woƒo nu tso ale si Yehowa sea veve ɖe ame nu, eye wòwɔa nu ŋutɔŋutɔ hã tsɔ kpena ɖe wo ŋua ŋu. (Yes. 63:​7-9) Nɔvinyɔnua ɖoe be yeawɔ nu si yesrɔ̃ le videoa mea dzi akpe ɖe amewo ŋu. Esi wòyi asi me gbe ma gbea, edo go nyɔnu aƒemanɔsitɔ aɖe. Egblɔ na nyɔnua be yeava ƒle nu nɛ wòaɖu, eye nyɔnua lɔ̃. Esi nɔvinyɔnua tsɔ nuɖuɖua yi na nyɔnua la, eɖi ɖase nɛ tso Yehowa ŋu eye wòtsɔ trakt si ƒe tanyae nye Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia? nɛ.

Enumake nyɔnua wo avi. Egblɔ be wohe ye le nyateƒea me, gake yedo le nyateƒea me ƒe geɖee nye esia. Egblɔ hã be nyitsɔ laa koe yete gbedodoɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeatrɔ ava egbɔ. Nɔvinyɔnua tsɔ Biblia nɛ eye wòwɔ ɖoɖo be yeava nɔ Biblia srɔ̃m kplii.a

Míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ase veve ɖe míaƒe ƒometɔwo, nɔvi siwo le hamea me kple ame bubuwo hã nu. Eye míate ŋu aɖee afia be míesea veve ɖe ame nu ne míewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ ɖea gbeƒã na amewo.

a Be nànya ale si nàwɔ akpe ɖe ame siwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe ŋua, kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Mitrɔ Va Gbɔnye,” si dze le June 2020 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe