INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 September axa 32
  • Ʋu Wò Dzi Ne Èle Biblia Srɔ̃m

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ʋu Wò Dzi Ne Èle Biblia Srɔ̃m
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Léa Be Na Eƒe Amewo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Teƒeɖoɖo Nyuiwo Le Nusɔsrɔ̃ Me
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Srɔ̃ Fiawo Ƒe Kpɔɖeŋua
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Na Ale Si Nèsrɔ̃a Nui La Nanyo Ðe Edzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 September axa 32

TE ESIA KPƆ

Ʋu Wò Dzi Ne Èle Biblia Srɔ̃m

Hafi nàxlẽ Biblia la, ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Nufiame kawoe medi be mafɔ le eme?’ Ke hã, ele vevie be míaɖo ŋku edzi be to vovo na nu si míawo ŋutɔwo míele mɔ kpɔm be míasrɔ̃ la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade dzesi nufiame yeye aɖewo hã. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míade dzesi nu si Yehowa di be yeafia mí?

Do gbe ɖa nàbia nunya. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàde dzesi nu si wòdi be yeafia wò le nu si srɔ̃ ge nàla fifia la me. (Yak. 1:5) Nu siwo nènya xoxo ɖeɖe negasu na wò o.—Lod. 3:​5, 6.

Na Mawu ƒe Nyaa nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò. “Mawu ƒe nya la le agbe.” (Heb. 4:12) Eya ta ɣesiaɣi si míexlẽ Mawu ƒe Nyaa, míate ŋu asrɔ̃ nu yeye aɖe eye wòakpe ɖe mía ŋu le mɔ vovovowo nu. Gake ne míelɔ̃ faa be Mawu nafia nu mí ko hafi wòaɖe vi na mí alea.

Kpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã Yehowa fiana mí la ŋu. Biblia tsɔ nu nyui siwo Yehowa fiana mí la sɔ kple ‘nuɖuɖu dami siwo wòtsɔ ɖo kplɔ̃’ na mí. (Yes. 25:6) Mègaƒo asa na Biblia ƒe akpa aɖewo le esi nèsusu be wo sɔsrɔ̃ mavivi nuwò o ta ko o, dze agbagba nàsrɔ̃ wo katã. Ne èwɔe alea la, efia be èle mɔ ɖem be Mawu natrɔ asi le ŋuwò be nàganyo ɖe edzi, eye eƒe Nyaa sɔsrɔ̃ hã ado dzidzɔ na wò geɖe wu!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe