Ðe Míate Ŋu Atsi Aʋawɔwɔ Kple Ʋunyaʋunyawo Nua?
Amewo wɔa avu kple wo nɔewo le susu vovovowo ta. Wo dometɔ aɖewo wɔa esia be yewoaɖɔli dziɖuɖua, yewoana ganyawo nanyo, alo be woawɔ nu ɖe yewo ŋu nyuie. Ame bubuwo wɔa esia be anyigba ƒe akpa aɖe kple dzɔdzɔmenu siwo le edzi la nazu yewo tɔ. Nu bubu si gbɔ ʋunyaʋunya geɖewo tsonae nye mama siwo le to vovovowo kple subɔsubɔha vovovowo dome ɣeyiɣi didi aɖe. Nu ka wɔm amewo le be woatsɔ atsi ʋunyaʋunya siawo nu eye ŋutifafa nanɔ anyi? Ðe woate ŋu akpɔ dzidzedzea?
Drazen_/E+ via Getty Images
AGBAGBADZEDZE BE GANYAWO NANYO
Taɖodzinua: Wodi be ganyawo nade ame sia ame dzi, elabe ale si ganyawo de ame aɖewo dzi wu bubuwo gbɔe wòtsona ɣeaɖewoɣi be aʋa dzɔna.
Nu si tae wòsesẽ: Ele be dziɖuɖuwo natrɔ asi le ale si wozãa gae ŋu. Le ƒe 2022 me la, wozã ga Amerika dɔlar biliɔn 34 kple edzivɔ le xexea me godoo ɖe nu siwo awɔe be ŋutifafa nanɔ anyi ŋu. Gake ga ma mede ga si wozã ɖe asrafowo ŋu le ƒe ma me la ƒe akpa ɖeka le alafa me teti hã o.
“Ga kple nu siwo wozãna be woatsɔ akpe ɖe ame siwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le ŋu sɔ gbɔ sãsãsã wu ga si wozãna tsɔ xea mɔ ɖe aʋawɔwɔ nu alo doa ŋutifafa ɖe ŋgɔ.”—António Guterres, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã.
Nya si Biblia gblɔ: Dziɖuɖu kple habɔbɔ siwo le xexea me la ate ŋu akpe ɖe ame dahewo ŋu, gake womate ŋu aɖe ahedada ɖa keŋkeŋ o.—5 Mose 15:11; Mateo 26:11.
AGBAGBADZEDZE BE YEWOALƆ̃ ÐE ÐOÐO AÐE DZI
Taɖodzinua: Woléa nyawo kpɔ hedzraa wo nɔewo dome ɖo, eye wolɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖe si ade akpa evea siaa dzi la dzi ale be ʋunyaʋunya nagadzɔ o.
Nu si tae wòsesẽ: Ate ŋu adzɔ be ame aɖewo malɔ̃ ɖe ame bubuawo ƒe susu alo ɖoɖo si wowɔ dzi o. Eye zi geɖe la, ŋutifafa ƒe nubablawo dome te ŋu gblẽna bɔbɔe.
“Menye ɣesiaɣie lɔlɔ̃ ɖe ɖoɖo aɖe dzi kpɔa kuxia gbɔ o. Ɣeaɖewoɣi la, kuxi nɔa ɖoɖoa ŋu ale gbegbe be ɖeko wònana aʋa bubu gadzɔna.”—Raymond F. Smith, American Diplomacy.
Nya si Biblia gblɔ: Ele be amewo ‘nadi ŋutifafa.’ (Psalmo 34:14) Gake egbea, ame geɖewo nye “ame mawɔnuteƒewo, . . . ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, . . . yomemɔfialawo.” (2 Timoteo 3:1-4) Ne dziɖuɖumegãwo di vevie be yewoakpɔ masɔmasɔwo gbɔ hã la, nɔnɔme siawo nana esia wɔwɔ sesẽna.
AGBAGBADZEDZE BE YEWOAÐE AƲAWƆNUWO DZI KPƆTƆ
Taɖodzinua: Wodi be yewoaɖe yewoƒe aʋawɔnuwo dzi akpɔtɔ alo agblẽ wo dome kura, vevietɔ nukliaʋawɔnuwo.
Nu si tae wòsesẽ: Zi geɖe la, dukɔwo medina be yewoagblẽ yewoƒe aʋawɔnuwo dome o elabe wovɔ̃na be esia awɔe be ŋusẽ maganɔ yewo ŋu yewoaʋli yewo ɖokui ta o. Eye ne dukɔwo gblẽ woƒe aʋawɔnuwo dome hã la, esia makpɔ kuxi siwo tae wowɔa aʋa ɖo la gbɔ o.
“Le ƒe 1991 megbe la, dziɖuɖu geɖewo do ŋugbe be yewoagblẽ yewoƒe aʋawɔnuwo dome eye yewoaɖe afɔ siwo hiã ale be aʋa nagadzɔ azɔ o, ŋutifafa nanɔ anyi, eye mlɔeba ɖekawɔwɔ nanɔ dukɔwo dome eye woanɔ dedie; gake wo dometɔ geɖe mete ŋu wɔ ɖe ŋugbedodoa dzi o.”—“Securing Our Common Future: An Agenda for Disarmament.”
Nya si Biblia gblɔ: Ele be amewo naɖe asi le woƒe aʋawɔnuwo ŋu eye “woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe.” (Yesaya 2:4) Ke hã, be woatsi aʋawɔwɔ nu bia be woawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema, elabe dzi mee ŋutasesẽ dzea egɔme tsoe.—Mateo 15:19.
AGBAGBADZEDZE BE YEWOAWƆ ÐEKA AƲLI YEWO NƆEWO TA
Taɖodzinua: Dukɔ aɖewo wɔa ɖeka kple susu be yewoakpe asi ɖe yewo nɔewo ŋu. Wosusui be esia awɔe be dukɔ bubuwo mava wɔ aʋa kpli yewo o elabe wonyae be dukɔ siwo yewowɔ ɖeka kplii la ava kpe ɖe yewo ŋu.
Nu si tae wòsesẽ: Ne dukɔ aɖe he ɖe megbe eye mewɔ aʋa kple dukɔ siwo bla nu kple wo nɔewo dometɔ ɖeka o la, esia mefia be wole ŋutifafa me o. Azɔ hã, menye ɣesiaɣie dukɔwo wɔna ɖe woƒe nubabla dzi o, eye woƒe nu mesɔna le ale si woana kpekpeɖeŋu kple ɣeyiɣi si woawɔe ŋu o.
“Togbɔ be dukɔwo ƒe ɖekawɔwɔ hena dedienɔnɔ ŋuti ɖoɖoa wɔ akpa vevi aɖe . . . le Dukɔwo ƒe Nubabla me eye wodee Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nubablagbalẽ me hã la, edo kpo nu le nubabla evea siaa me.”—“Encyclopedia Britannica.”
Nya si Biblia gblɔ: Enye nyateƒe be ɖekawɔwɔ mee ŋusẽ le. (Nyagblɔla 4:12) Ke hã, mímate ŋu aɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe habɔbɔwo ŋu be woahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ vɛ o. “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo ŋu loo, alo ɖe amegbetɔvi si mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Eƒe gbɔgbɔ nu tsona, eye wògatrɔna zua anyi; gbe ma gbe ke eƒe tamesusuwo katã nu yina.”—Psalmo 146:3, 4.
Togbɔ be dukɔwo le agbagba geɖe dzem be yewoana ŋutifafa nanɔ anyi hã la, aʋawɔwɔ yi edzi le nu gblẽm le mía ŋu.