Ènyaa?
Afi kae nunɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la kɔa vɔsalãwo ƒe ʋu ɖo?
NUNƆLA siwo nɔ anyi le blema Israel la tsɔa lã akpe geɖe saa vɔe le vɔsamlekpuia dzi ƒe sia ƒe. Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be le Ŋutitotoŋkekea dzi la, Yudatɔwo tsɔa alẽ siwo wu 250,000 saa vɔe le vɔsamlekpuia dzi. Menye ʋu vie woɖuɖuna kɔna ɖi le ŋkeke ma dzi o. (3 Mose 1:10, 11; 4 Mose 28:16, 19) Afi kae ʋu mawo katã yina?
Blematomenukulawo va ke ɖe tsitoƒe aɖe si ŋu wotrɔ asi le nyuie le gbedoxɔ si Herodes tu, si wova tsrɔ̃ emegbe le ƒe 70 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me la ŋu. Edze ƒãa be vɔsalãwo ƒe ʋue sina toa tsitoƒe ma.
Na míakpɔ nu eve siwo ɖe dzesi le tsitoƒe ma ŋu ɖa:
Do siwo woɖe ɖe vɔsamlekpuia te: Woɖɔ tsitoƒe si le vɔsamlekpuia te la le Mishnah la me; enye blemagbalẽ si me Yudatɔwo ƒe se kple kɔnyinyiwo le eye woŋlɔe le ƒe alafa etɔ̃lia K.Ŋ. ƒe gɔmedzeɣi. Agbalẽ ma gblɔ be: “Do eve aɖewo le . . . vɔsamlekpuia ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome si me wokɔa vɔsalãwo ƒe ʋu ɖo. Ʋua sina toa afi ma va de nu tsido si woɖe la me eye wòvae kɔna ɖe Kidron bali la me.”
Tomenukulawo lɔ̃ ɖe nya si agbalẽ sia gblɔ ku ɖe do siwo woɖe ɖe vɔsamlekpuia te ŋu la dzi. Yudatɔwo ƒe ŋutinyagbalẽ aɖe ɖo ekpe edzi be nyateƒee, tomenukulawo va ke ɖe “tsitoƒe” mawo tɔgbi ŋu le vɔsamlekpuia te. Agbalẽa gblɔ be: “Anɔ eme be tsitoƒe siawo mee vɔsalãwo ƒe ʋu kpakple tsi si wozãna la siaa sina tona.”—The Cambridge History of Judaism.
Wozãa tsi gbogbo aɖewo: Be woana teƒea, vɔsamlekpuia kple tsidoawo nanɔ dzadzɛ la, nunɔlawo hiã tsi gbogbo aɖe. Tsi dzadzɛ si tso Yerusalem dua me nɔa anyi ɣesiaɣi nunɔlawo zãna tsɔ kpɔa dɔ vevi siawo gbɔ. Woɖe tsiʋewo tso dua me si me tsi tona va kɔna ɖe tsitawo me. Blematomenukula Joseph Patrich gblɔ be: “Ðoɖo deŋgɔ si wowɔ le gbedoxɔa me si nana wokpɔa tsi nyui zãna tsɔ klɔa nuwo kple ale si wowɔe be tsi gbegblẽwo sina dzona la tɔgbi aɖeke menɔ anyi ɣemaɣi o.”